Psalmowo
Na henɔ la; ɖe “Mègagblẽ Nu O” ƒe gbe nu. David ƒe ha. Miktam.* Esime Saul dɔ amewo ɖa be woadzɔ David ƒe aƒea ŋu ne woawui.+
2 Ðem tso nu vɔ̃ɖi wɔlawo si me,
Eye nàxɔ nam tso ŋutasẽlawo* si me.
Ame sesẽwo dze dzinye,
Oo Yehowa, evɔ nyemedze agɔ alo wɔ nu vɔ̃ aɖeke hã hafi o.+
4 Togbɔ be nyemeda vo aɖeke o hã la, wole du dzi hele klalo be yewoadze dzinye.
Mele yɔwòm, eya ta tso nàva kpɔ ɖa.
5 Elabena wò aʋakɔwo ƒe Yehowa ye nye Israel ƒe Mawu.+
Nyɔ, nàtrɔ susu ɖe dukɔwo katã ŋu.
Mègave yomemɔfiala vɔ̃ɖiwo nu o.+ (Sela)
7 Kpɔ ɖa! Wodudua nya kɔna ɖi bababa;
Woƒe nuyiwo le abe yi ene,+
Eye wogblɔna be: “Ame kae le esem?”+
10 Mawu si vea nunye geɖe la ŋutɔ akpe ɖe ŋunye;+
Mawu ana matsa ŋku le nye futɔwo dzi le dziɖuɖu me.+
11 Mègawu wo o, ne nye dukɔ la ƒe ŋku nanɔ edzi.
Le wò ŋusẽ me, na woatsa tsaglãla;
Eye nàna woadze anyi, Oo Yehowa, míaƒe akpoxɔnu.+
12 Le esi wotsɔa woƒe nu wɔa nu vɔ̃, le nya si dona le woƒe nu me la ta,
Woƒe dada nezu ɖɔ wòaɖe wo,+
Le ɖiŋudodo kple amebeble si dona le wo nu ta.
13 Na wo nu nayi le wò dziku me;+
Na wo nu nayi, ne woaganɔ anyi o;
Na woadze sii be Mawu le dzi ɖum ɖe Yakob dzi va se ɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke.+ (Sela)
14 Na woatrɔ ava fiẽ sia fiẽ;
Na woanɔ wowóm abe avuwo ene atsa akpe dua ɖo.+
15 Na woanɔ tsaglãla tsam anɔ nu si woaɖu la dim;+
Womegaɖi ƒo o, eye womegakpɔ dzeƒe hã o.
16 Ke nye la, madzi ha le wò ŋusẽ ŋu;+
Le ŋdi la, matsɔ dzidzɔ aɖe gbeƒã wò lɔlɔ̃ si nu metsina o la.