Psalmowo
Na henɔ la. Kora viwo+ ƒe ha.
47 Mi dukɔwo katã, misi akpe.
Mitso aseye ɖe Mawu ŋu kple ɣli.
3 Ebɔbɔ dukɔwo ɖe mía te;
Etsɔ anyigbadzidukɔwo de míaƒe afɔ te.+
5 Mawu lia yi dzi kple aseyetsotso;
Yehowa yi dzi kple kpẽwo ƒe ɖiɖi.
6 Midzi kafukafuha* na Mawu, midzi kafukafuha.
Midzi kafukafuha na míaƒe Fia la, midzi kafukafuha.
7 Elabena Mawue nye anyigba blibo la ƒe Fia;+
Midzi kafukafuha, eye midze nunya.
8 Mawu zu Fia ɖe dukɔwo dzi.+
Mawu bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui kɔkɔe la dzi.
9 Dukɔwo ƒe amegãwo ƒo ƒu
Kple Abraham ƒe Mawu ƒe dukɔ la.
Elabena anyigba la dzi ɖulawo* nye Mawu tɔ.
Eɖo kpo ŋutɔ.+