Psalmowo
Todzimɔ dzi Hadzidzi.
129 “Tso keke nye ɖekakpuime kee wotso ɖe ŋunye”+
3 Agbleŋlɔlawo ŋlɔ nu to nye dzime;+
Wodidi woƒe boliƒo ɖe enu.”
5 Ame siwo katã léa fu Zion la,
Ŋu akpe wo, eye woagbugbɔ ɖe megbe.+
6 Woanɔ abe gbe si mie ɖe xɔ ta,
Si yrɔna hafi woava yi eho ge la ene,
7 Si meyɔa nuŋela ƒe asi me loo
Alo ame si le nuku bablawo lɔm la ƒe abɔwo dome o.
8 Ame siwo tso eme va yina la magblɔ be:
“Yehowa ƒe yayra nenɔ mia dzi,
Míeyra mi le Yehowa ƒe ŋkɔ me” o.