Ezekiel
30 Yehowa ƒe gbe gava nam be: 2 “Amegbetɔvi, gblɔ nya ɖi bena, ‘Ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi:
“Milé avi me be, ‘Aléle, ŋkeke la gbɔna!’
3 Elabena ŋkeke la gogo, ɛ̃, Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe.+
Alilikpodogbee,+ dukɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ɣie.+
4 Yi adze Egipte dzi, eye ŋɔdzi alé Etiopia ne wowu amewo kɔ ɖe anyi le Egipte;
Woalɔ eƒe kesinɔnuwo dzoe ahagbã eƒe gɔmeɖoanyiwo.+
5 Etiopia,+ Put,+ Lud kple dukɔ vovovo me tɔwo katã,
Kple Kub kpakple nubabladukɔ la,*
Wo katã woatsi yi nu.”’
6 Ale Yehowa gblɔe nye esi:
‘Egipte ƒe ziɔɖeŋuwo hã amu,
Eye eƒe ŋusẽ si dzi wòdana ɖo la ayi to.’+
“Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa be, ‘Woatsi yi nu le eme tso Migdol+ va se ɖe Siene.+ 7 Woana anyigba la nazu gbegbewo ƒe gbegbe, eye eƒe duwo azu aƒedowo ƒe aƒedo.+ 8 Ne medo dzo ɖe Egipte, eye wotsrɔ̃ eƒe kpeɖeŋutɔwo katã la, ekema woadze sii be, nyee nye Yehowa. 9 Gbe ma gbe la, madɔ amewo woaɖo tɔdziʋuwo ayi aɖado voɖi na Etiopia si kana ɖe eɖokui dzi la; ŋɔdzi alé wo le ŋkeke vɔ̃ si gbɔna Egipte dzi la ta, elabena ele vava ge godoo!’
10 “Ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mato Babilon-fia Nebukadnezar* ƒe asi dzi ana Egipte ƒe ha gã la nu nayi.+ 11 Woakplɔ eya kple eƒe aʋakɔ, siwo nye dukɔ sẽŋuta vɔ̃ɖiwo+ avɛ, ne woatsrɔ̃ anyigba la. Woaɖe woƒe yiwo ɖe Egipte ŋu, eye woana ame kukuwo nayɔ anyigba la dzi taŋ.+ 12 Mana Nil-tɔʋuwo+ me naƒu kplakplakpla, eye matsɔ anyigba la adzra na ame vɔ̃ɖiwo. Mato amedzrowo ƒe asi dzi agblẽ anyigba la kple edzinuwo katã.+ Nye, Yehowa, ye ƒo nu.’
13 “Ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi: ‘Matsrɔ̃ legba nyɔŋuwo* hã, mana mawu maɖinuwo nu nayi le Nof.*+ Amegã aɖeke maganɔ Egipte-nyigba dzi azɔ o, eye mana vɔvɔ̃ nanɔ Egipte-nyigba la dzi.+ 14 Mana Patros+ nazu aƒedo, matɔ dzo Zoan, eye mahe to na No.*+ 15 Matrɔ nye dziku akɔ ɖe Sin, si nye Egipte ƒe mɔ́ sesẽ la dzi, eye matsrɔ̃ No ƒe ameha la. 16 Mado dzo ɖe Egipte; eye ŋɔdzi alé Sin, woagbã No, eye woadze Nof* dzi le ŋdɔkutsu dzatsɛ! 17 On* kple Pibeset ƒe ɖekakpuiwo atsi yi nu, eye woaɖe aboyo dua me nɔlawo. 18 Ne meŋe Egipte ƒe kɔkuti la, ekema ŋkeke ado viviti le Tapanes.+ Eƒe ŋusẽ si dzi wòdana ɖo la nu ayi le eme.+ Alilikpowo atsyɔ edzi, eye woaɖe aboyo eƒe duwo.+ 19 Madrɔ̃ ʋɔnu Egipte, ne woadze sii be, nyee nye Yehowa.’”
20 Le ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke adrelia dzi la, Yehowa ƒe gbe gava nam be: 21 “Amegbetɔvi, meŋe Egipte-fia Farao ƒe alɔ; womablae nɛ kura ne wòaɖo eme nɛ o, eye womablae nɛ be ŋusẽ naɖo eŋu wòalé yi azɔ o.”
22 “Eya ta ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi: ‘Kpɔ ɖa, metso ɖe Egipte-fia Farao ŋu,+ maŋe eƒe alɔwo, sesẽtɔa kple ŋeŋea siaa,+ eye mana yi nage le esi.+ 23 Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, eye maka wo ahlẽ ɖe anyigbawo dzi.+ 24 Mado ŋusẽ Babilon-fia ƒe alɔ,+ eye matsɔ nye yi ade esi,+ maŋe Farao ƒe alɔ, eye wòanɔ ŋeŋem le eŋkume* vevie abe ame si le kudɔ ƒom ene. 25 Mado ŋusẽ Babilon-fia ƒe alɔ, gake Farao ƒe alɔ ya atu; eye ne metsɔ nye yi de asi na Babilon-fia, eye wòkɔe dzi ɖe Egipte-nyigba ŋu la,+ ekema woadze sii be, nyee nye Yehowa. 26 Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, eye maka wo ahlẽ ɖe anyigbawo dzi,+ ne woadze sii be, nyee nye Yehowa.’”