INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Ʋɔnudrɔ̃lawo 17
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

Ʋɔnudrɔ̃lawo Totoɖeme

      • Mika ƒe legbawo kple eƒe nunɔla (1-13)

Ʋɔnudrɔ̃lawo 17:1

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Yos 17:14, 15

Ʋɔnudrɔ̃lawo 17:3

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “legba si wolólo ga kɔ̀.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Mo 20:4; 3Mo 26:1; 5Mo 27:15

Ʋɔnudrɔ̃lawo 17:4

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “legba si wolólo ga kɔ̀.”

Ʋɔnudrɔ̃lawo 17:5

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “aƒeliwo; legbawo.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Mo 28:6; Ʋɔn 8:27
  • +1Mo 31:19
  • +4Mo 3:10; 5Mo 12:11, 13; 2Kr 13:8, 9

Ʋɔnudrɔ̃lawo 17:6

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “nu si wòbu be enyo.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Sa 8:4, 5
  • +Ʋɔn 21:25

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    1/15/2005, axa 27

Ʋɔnudrɔ̃lawo 17:7

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Mik 5:2
  • +4Mo 3:45; Yos 14:3; 18:7

Ʋɔnudrɔ̃lawo 17:8

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 17:1, 5

Ʋɔnudrɔ̃lawo 17:10

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “aɖaŋuɖola.”

Ʋɔnudrɔ̃lawo 17:12

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +4Mo 3:10; Ʋɔn 17:5

Bubuwo

Ʋɔn. 17:1Yos 17:14, 15
Ʋɔn. 17:32Mo 20:4; 3Mo 26:1; 5Mo 27:15
Ʋɔn. 17:52Mo 28:6; Ʋɔn 8:27
Ʋɔn. 17:51Mo 31:19
Ʋɔn. 17:54Mo 3:10; 5Mo 12:11, 13; 2Kr 13:8, 9
Ʋɔn. 17:61Sa 8:4, 5
Ʋɔn. 17:6Ʋɔn 21:25
Ʋɔn. 17:7Mik 5:2
Ʋɔn. 17:74Mo 3:45; Yos 14:3; 18:7
Ʋɔn. 17:8Ʋɔn 17:1, 5
Ʋɔn. 17:124Mo 3:10; Ʋɔn 17:5
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • 1
  • 2
  • 3
  • 4
  • 5
  • 6
  • 7
  • 8
  • 9
  • 10
  • 11
  • 12
  • 13
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Ʋɔnudrɔ̃lawo 17:1-13

Ʋɔnudrɔ̃lawo

17 Ŋutsu aɖe tso Efrayim+ tonuto la me, si ŋkɔe nye Mika. 2 Egblɔ na dadaa be: “Wò klosalo akpe ɖeka alafa ɖeka si wotsɔ, eye nèdo ɖiŋu ɖe eŋu mese la, kpɔ ɖa, klosalo la le gbɔnye. Nyee tsɔe.” Eye dadaa gblɔ be: “Yehowa neyra vinye la.” 3 Ale wògbugbɔ klosalo akpe ɖeka alafa ɖeka la na dadaa, gake dadaa gblɔ be: “Makɔ klosalo si le asinye la ŋu na Yehowa hena vinye la, ne woatsɔe awɔ nu kpakpɛ kple galegba.*+ Azɔ megbugbɔe na wò.”

4 Esi wògbugbɔ klosalo la na dadaa la, dadaa ɖe klosalo alafa eve tsɔ na klosalonutula. Etsɔe wɔ nu kpakpɛ kple galegba;* eye wotsɔ wo da ɖe Mika ƒe me. 5 Mawuxɔ aɖe le Mika si, eye wòwɔ kɔmewu+ kple terafim legbawo*+ heɖo viaŋutsuwo dometɔ ɖeka be wòanye nunɔla na ye.+ 6 Le ŋkeke mawo me la, fia aɖeke menɔ Israel o.+ Ame sia ame wɔa nu si sɔ le eya ŋutɔ ŋkume.*+

7 Ðekakpui aɖe tso Betlehem+ le Yuda, eye wòtso Yuda ƒomea me. Enye Lewitɔ+ va nɔ afi ma vie. 8 Ðekakpui la dzo le Betlehem, le Yuda, be yeayi aɖadi teƒe aɖe anɔ. Ezɔ mɔ va ɖo Mika ƒe aƒe gbɔ le Efrayim tonuto la me.+ 9 Eye Mika biae be: “Afi kae nètso?” Eɖo eŋu nɛ be: “Lewitɔ menye tso Betlehem le Yuda, eye meyina be maɖadi teƒe aɖe anɔ.” 10 Eye Mika gblɔ nɛ be: “Tsi gbɔnye, nànye fofo* kple nunɔla nam, eye mana klosalo ewo wò ƒe sia ƒe hekpe ɖe nudodo kple nuɖuɖu ŋu.” Ale Lewitɔ la ge ɖe eme. 11 Lewitɔ la lɔ̃ be yeatsi ŋutsua gbɔ, eye ɖekakpui la va zu abe viawo dometɔ ɖeka ene. 12 Eye Mika ɖo Lewitɔ la be wòanye nunɔla na ye,+ eye wònɔ Mika ƒe me. 13 Eya ta Mika gblɔ be: “Azɔ menyae nyuie be Yehowa awɔ nyui nam, elabena Lewitɔ la zu nunɔla nam.”

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe