Yosua
22 Yosua yɔ Ruben viwo kple Gad viwo kpakple Manase-to afã la, 2 eye wògblɔ na wo be: “Miewɔ nu siwo katã ƒe se Mose, Yehowa ƒe subɔla, de na mi la dzi,+ eye mieɖo to nye gbe le nu siwo katã ƒe se mede na mi la me.+ 3 Miegblẽ mia nɔviwo ɖi le ɣeyiɣi siawo katã me va se ɖe egbe sia o,+ eye miewɔ se si Yehowa mia Mawu de na mi la dzi.+ 4 Ke azɔ Yehowa mia Mawu la na gbɔdzɔe mia nɔviwo, abe ale si tututu wòdo ŋugbe na wo ene.+ Eya ta azɔ miate ŋu atrɔ ayi miaƒe agbadɔwo me le anyigba si Mose, Yehowa ƒe subɔla, tsɔ na mi le Yordan ƒe go kemɛ* dzi be wòazu mia tɔ la dzi.+ 5 Ðeko mikpɔ nyuie, be miawɔ ɖoɖo kple Se siwo Mose, Yehowa ƒe subɔla, de na mi la dzi,+ ahalɔ̃ Yehowa mia Mawu+ la, azɔ le eƒe mɔwo katã dzi,+ alé eƒe sededewo me ɖe asi,+ aku ɖe eŋu,+ eye miasubɔe+ kple dzi blibo kpakple luʋɔ* blibo.”+
6 Azɔ Yosua yra wo heɖe asi le wo ŋu, eye wodzo yi woƒe agbadɔwo me. 7 Mose na domenyinu Manase-to afã la le Basan,+ eye Yosua na anyigba to la ƒe afã mamlɛa kpe ɖe wo nɔviwo ŋu le Yordan ƒe ɣetoɖoƒe.+ Esi Yosua ɖe asi le wo ŋu be woayi woƒe agbadɔwo me la, eyra wo 8 hegblɔ na wo be: “Mitsɔ kesinɔnu geɖewo kple lãha gbogbowo, klosalo, sika, akɔbli, gayibɔ kple awu geɖewo fũu+ ne miagbugbɔ ayi miaƒe agbadɔwo me. Eye mima miaƒe futɔwo ƒe aboyonuwo+ kple mia nɔviwo.”
9 Emegbe Ruben viwo kple Gad viwo kpakple Manase-to afã la dzo le Israel-vi bubuawo gbɔ le Silo, le Kanaan-nyigba dzi, hetrɔ yi Gilead-nyigba+ si woxɔ henɔ edzi le se si Yehowa de to Mose dzi nu la dzi.+ 10 Esi Ruben viwo kple Gad viwo kpakple Manase-to afã la va ɖo Yordan nutowo me le Kanaan-nyigba dzi la, woɖi vɔsamlekpui ɖe Yordan nu, enye vɔsamlekpui gã aɖe ŋutɔ. 11 Emegbe Israel-vi bubuawo see+ wogblɔ be: “Mikpɔ ɖa! Ruben viwo kple Gad viwo kpakple Manase-to afã la ɖi vɔsamlekpui ɖe Kanaan-nyigba la ƒe liƒo dzi le Yordan nutowo me, le eƒe go si nye Israel-viwo tɔ la dzi.” 12 Esi Israel-viwo see la, Israel-viwo ƒe ha blibo la va kpe ta ɖe Silo+ be yewoawɔ aʋa kpli wo.
13 Eye Israel-viwo dɔ Finehas,+ nunɔla Eleazar vi, ɖo ɖe Ruben viwo, Gad viwo kple Manase-to afã la le Gilead-nyigba dzi, 14 eye tatɔ ewo kpe ɖe eŋu, tatɔ ɖeka tso Israel-toawo ƒe aƒekɔ ɖe sia ɖe me, wo dometɔ ɖe sia ɖe nye wo fofowo ƒe aƒekɔ ƒe tatɔ le Israel-viwo ƒe ame akpeawo* dome.+ 15 Esi wova ɖo Ruben viwo, Gad viwo kple Manase-to afã la gbɔ le Gilead-nyigba dzi la, wogblɔ na wo be:
16 “Ale Yehowa ƒe ha blibo la katã gblɔe nye esi: ‘Anukwaremaɖimaɖinu+ kae nye esi miewɔ ɖe Israel ƒe Mawu la ŋu? Mietrɔ le Yehowa yome egbea esi mieɖi vɔsamlekpui na mia ɖokui eye miedze aglã ɖe Yehowa ŋu.+ 17 Ðe vo si míeda le Peor la mesɔ gbɔ na mí oa? Míeklɔe ɖa le mía ɖokui ŋu vɔ o va se ɖe egbe, togbɔ be dɔvɔ̃ va Yehowa ƒe ha la dzi+ hã. 18 Eye miagatrɔ ɖa le Yehowa yome egbea! Ne miedze aglã ɖe Yehowa ŋu egbea la, ekema Israel ƒe ha blibo la katã ŋue wòava do dziku ɖo etsɔ.+ 19 Ke nenye be anyigba si miexɔ wòzu mia tɔ la ŋue mekɔ o la, ekema mitso tɔ va anyigba si nye Yehowa tɔ+ la dzi, afi si Yehowa ƒe avɔgbadɔ la le,+ ne mianɔ mía dome, gake ɖeko migaɖi vɔsamlekpui aɖeke kpe ɖe Yehowa, mía Mawu la, ƒe vɔsamlekpui ŋu ahadze aglã ɖe Yehowa ŋu,+ eye miana míazu aglãdzelawo o. 20 Esi Akan,+ Zera vi la, meɖi anukware le nu siwo wòle be woatsrɔ̃ gbidigbidi la me o la, menye Israel ƒe ha blibo la katã ŋue wodo dziku ɖo oa?+ Eye menye eya ɖeka koe ku le eƒe vodada ta o.’”+
21 Eye Ruben viwo, Gad viwo kple Manase-toa ƒe afã la ɖo eŋu na Israel ƒe ame akpewo* ƒe tatɔawo be:+ 22 “Yehowa, mawuwo dzi Mawu! Yehowa,+ mawuwo dzi Mawu! Enyae, eye Israel hã anyae. Yehowa, ne aglãe míedze, eye míewɔ nuteƒe na wò o la, ekema mègaxɔ na mí egbea o. 23 Ne ɖe míeɖi vɔsamlekpui na mía ɖokuiwo, be míatrɔ le Yehowa yome, ne míasa numevɔwo, nuɖuvɔwo kple ŋutifafavɔwo le edzi la, Yehowa ahe to na mí.+ 24 Gake kpao, susu bubu aɖe tae míewɔ nu sia ɖo, elabe míegblɔ be: ‘Mia viwo ava gblɔ na mía viwo gbe aɖe gbe be: “Nya kae le mi kple Yehowa, Israel ƒe Mawu la dome? 25 Yehowa tsɔ Yordan do liƒo na míawo kpakple mi Ruben viwo kple Gad viwo. Gome aɖeke mele mia si le Yehowa gbɔ o.” Ale mia viwo axe mɔ na mía viwo be woagasubɔ* Yehowa o.’
26 “Eya tae míegblɔ be: ‘Mina míawɔ nane godoo, míaɖi vɔsamlekpui, menye le numevɔwo alo vɔ bubuwo sasa ta o, 27 ke boŋ be wòanye ɖase le míawo kpli miawo+ kpakple míaƒe dzidzimevi* siwo ava ɖe mía yome la dome, be míasa míaƒe numevɔwo, míaƒe vɔ bubuwo kple míaƒe ŋutifafavɔwo+ ahasubɔ le Yehowa ŋkume, ne mia viwo magava gblɔ na mía viwo gbe aɖe gbe be: “Gome aɖeke mele mia si le Yehowa gbɔ o.”’ 28 Eya ta míegblɔ be: ‘Ne woava gblɔ nya ma na míawo ŋutɔ kple míaƒe dzidzimeviwo* gbe aɖe gbe la, ekema míawo hã míagblɔ be: “Mikpɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui tɔgbi si mía fofowo ɖi la ɖa, menye le numevɔwo alo vɔ bubuwo sasa ta o, ke boŋ be wòanye ɖase le míawo kpli miawo dome.”’ 29 Nede megbe xaa tso mía gbɔ be míadze aglã ɖe Yehowa ŋu, eye míatrɔ le Yehowa yome+ egbea ahaɖi vɔsamlekpui bubu akpe ɖe Yehowa mía Mawu ƒe vɔsamlekpui si le eƒe avɔgbadɔ ŋgɔ+ la ŋu hena numevɔ, nuɖuvɔ kple vɔ bubuwo sasa!”
30 Esi nunɔla Finehas, ha la ƒe tatɔ siwo kpe ɖe eŋu, siwo nye Israel ƒe ame akpewo* ƒe tatɔwo, se nya siwo Ruben viwo, Gad viwo kple Manase viwo gblɔ la, edze wo ŋu.+ 31 Eya ta Finehas, nunɔla Eleazar vi gblɔ na Ruben viwo, Gad viwo kple Manase viwo be: “Míenyae egbea be, Yehowa le mía dome, elabena miewɔ anukwaremaɖimaɖinu aɖeke ɖe Yehowa ŋu o. Azɔ mieɖe Israel-viwo tso Yehowa si me.”
32 Eye Finehas, nunɔla Eleazar vi kple tatɔawo gbugbɔ tso Ruben viwo kple Gad viwo gbɔ le Gilead-nyigba dzi heva Kanaan-nyigba dzi, eye wogblɔ dɔgbedenyaa na Israel-vi bubuawo. 33 Eye nya si wova gblɔ la dze Israel-viwo ŋu. Ale Israel-viwo kafu Mawu, eye womegagblɔ kpɔ be yewoaho aʋa ɖe Ruben viwo kple Gad viwo ŋu ahagblẽ anyigba si dzi wole la o.
34 Eye Ruben viwo kple Gad viwo na ŋkɔ vɔsamlekpuia* hegblɔ be: “Enye ɖase le mía dome be, Yehowae nye Mawu vavã la.”