Hosea
14 “Oo Israel, trɔ va Yehowa wò Mawu gbɔ,+
Elabena miekli nu le miaƒe vodadawo ta.
2 Mitrɔ va Yehowa gbɔ miava gblɔ nya siawo,
Migblɔ nɛ be, ‘Tsɔ míaƒe vodada ke;+ lɔ̃ nàxɔ míaƒe nu nyuiwo,
Ekema míawo hã míatsɔ míaƒe nuyi asa vɔe+ abe nyitsuiwo ene.*
3 Asiria maxɔ na mí o.+
Míado sɔwo o.+
Eye míagayɔ míaƒe asinudɔwɔwɔwo be, “Mía Mawu!” azɔ o,
Elabena wòe kpɔa nublanui na tsyɔ̃eviwo.’+
4 Mayɔ dɔ woƒe nuteƒemawɔmawɔ la.+
5 Manɔ na Israel abe zãmu ene;
Aƒo se abe dzogbenya ene,
Eye wòato ke abe ati siwo le Lebanon ene.
6 Eƒe alɔwo avu dranyii,
Bubu anɔ eŋu abe amiti ene,
Eye eƒe ʋeʋẽ lilili anɔ abe Lebanon tɔ ene.
7 Amewo aganɔ eƒe vɔvɔli te.
Woaƒã nu, eye woaƒo se abe wainka ene.+
Axɔ ŋkɔ* abe Lebanon ƒe wain ene.
8 Efrayim agblɔ be, ‘Nya kae gale nye kple legbawo dome?’+
Matɔ nɛ, eye nye ŋku anɔ eŋu.+
Manɔ nɛ abe sesewuti dama ene.
Dzinyee miakpɔ kutsetse le.”
9 Ame kae nye nunyala? Nese nu siawo gɔme.
Ame kae nye aɖaŋudzela? Nedze si nu siawo.