Psalmowo
Na henɔ la; ɖe “Mègagblẽ Nu O” ƒe gbe nu. David ƒe ha. Miktam.* Esime wòsi le Saul nu yi agado me.+
57 Ve nunye, Oo Mawu, ve nunye,
Wò aʋala ƒe vɔvɔli tee mebe ɖo, va se ɖe esime xaxawo nu nava yi.+
2 Meyɔ Mawu Dziƒoʋĩtɔ la,
Meyɔ Mawu vavã la, ame si nana nye xaxawo nu yina.
3 Aɖo xɔname ɖa tso dziƒo ne wòaɖem.+
Atɔtɔ ame si klẽ aɖu ɖe ŋunye la. (Sela)
Mawu adɔ eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ ɖa.+
Ame siwo di be yewoavuvum la domee meva mlɔ,
Ame siwo ƒe aɖuwo nye akplɔ kple aŋutrɔ
Eye woƒe aɖe nye yi ɖaɖɛ.+
5 Oo Mawu, do gã ɖokuiwò wòagbɔ dziƒowo ŋu;
Wò ŋutikɔkɔe nexɔ anyigba blibo la dzi.+
Woɖe ʋe ɖe ŋgɔnye,
Ke woawo ŋutɔwo ge dze eme.+ (Sela)
7 Oo Mawu, nye dzi le te sesĩe,+
Nye dzi le te sesĩe.
Madzi ha eye maƒo ha.
8 Nye bubu, nyɔ.
Oo kasaŋku, nyɔ; Oo saŋku, wò hã nyɔ.
Mana fɔŋli nanyɔ.+
10 Elabena wò lɔlɔ̃ si nu metsina o la sɔ gbɔ, eye wòkɔ yi ɖatɔ dziƒowo,+
Eye wò nuteƒewɔwɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli.
11 Oo Mawu, do gã ɖokuiwò wòagbɔ dziƒowo ŋu;
Wò ŋutikɔkɔe nexɔ anyigba blibo la dzi.+