Amos
4 “Mise nya sia, mi Basan nyinɔ
Siwo le Samaria-to dzi,+
Mi nyɔnu siwo le ame tsɛwo tafam+ hele ame dahewo gbãm gudugudu,
Siwo le gbɔgblɔm na mia srɔ̃ŋutsuwo* be: ‘Midi nane vɛ míano!’
2 Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa tà eƒe kɔkɔenyenye be:
‘“Kpɔ ɖa! Ŋkekewo li gbɔna na mi, esime woatsɔ lãtsolawo ƒe ga gɔdɔ̃ewo akɔ mi ɖe dzi,
Eye woatsɔ ƒu akɔ miaƒe ame susɔewo ɖe dzi.
3 Miato gli ƒe gbagbãƒewo adzo, eye ame sia ame akpɔ eŋgɔ tẽe;
Woatsɔ mi aƒu gbe ɖe Harmon,” Yehowa ye gblɔe.’
5 Mitsɔ abolo ʋaʋã do dzudzɔ wòanye akpedavɔsa;+
Miɖe gbeƒã lɔlɔ̃nu faa nunanawo sesĩe;
Elabena aleae mielɔ̃a wɔwɔ, Oo Israel-viwo,’ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ye gblɔe.
6 ‘Mena miaƒe aɖuwo fu tititi le dɔwuame ta* le miaƒe duwo katã me,
Eye mena abolokoe wɔ mi le miaƒe aƒewo katã me;+
Ke mietrɔ va gbɔnye o,’+ Yehowa ye gblɔe.
7 “‘Mete tsidzadza mi esi wòsusɔ ɣleti etɔ̃ ne nuŋeɣi naɖo;+
Mena tsi dzana le du ɖeka me, ke medzana le du evelia me o.
Tsi dza ɖe agble ɖeka me,
Ke agble si me nyemena tsi dza ɖo o la me ƒu kplakplakpla.
8 Du eve alo etɔ̃ me tɔwo mu ya sagasaga yi du ɖeka gbɔ, be yewoano tsi,+
Ke womeɖia kɔ o;
Gake mietrɔ va gbɔnye o,’+ Yehowa ye gblɔe.
9 “Mena ŋdɔ sesẽ ɖu miaƒe nukuwo wofiã eye mena wodze heteku.+
Miedzi miaƒe abɔwo kple miaƒe waingblewo ɖe edzi,
Ke ʋetsuviwo ɖu miaƒe gbotiwo kple miaƒe amitiwo;+
Gake mietrɔ va gbɔnye o,’+ Yehowa ye gblɔe.
10 ‘Meɖo dɔvɔ̃ ɖe mia dome abe esi va Egipte dzi ene.+
Metsɔ yi wu miaƒe ɖekakpuiwo,+ eye meha miaƒe sɔwo.+
Mena miaƒe asaɖawo me ƒe ʋeʋẽ kũu ɖo ŋɔti me na mi;+
Gake mietrɔ va gbɔnye o,’ Yehowa ye gblɔe.
11 ‘Metrɔ mi bu anyi,
Abe ale si metrɔ Sodom kple Gomora bu anyi ene.+
Eye mienɔ abe atikpo si woɖe tso dzo me ene;
Gake mietrɔ va gbɔnye o,’ +Yehowa ye gblɔe.
12 Eya ta Israel, aleae mawɔ wòe.
Esi wònye aleae mawɔ wòe ta la,
Israel, dzra ɖo nàɖakpe kple wò Mawu.