Psalmowo
Na henɔ la; ɖe Seminit* ƒe gbeɖiɖi nu. David ƒe ha.
12 Oo Yehowa, xɔ nam, elabena nuteƒewɔla aɖeke megali o;
Anukwaretɔwo bu le amegbetɔviwo dome.
3 Yehowa aɖe numevivitɔwo katã ɖa,
Kple aɖe siwo gblɔa nya gã nya gãwo,+
4 Ame siwo gblɔna be: “Míaƒe aɖe ana míaɖu dzi.
Míetsɔa míaƒe nu gblɔa nya si dze mía ŋu;
Ame kae aɖu aƒetɔ ɖe mía dzi?”+
Maxɔ na wo tso ame siwo doa vlo wo* la si me.”
7 Oo Yehowa, wòe adzɔ wo ŋu;+
Wòe akpɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe ta tso dzidzime sia si me tegbee.
8 Ame vɔ̃ɖiwo le tsatsam faa le afi sia afi
Le esi amegbetɔviwo doa nu ɖigbɔ wɔwɔ ɖe ŋgɔ ta.+