Todzimɔ dzi Hadzidzi.
120 Meyɔ Yehowa le nye xaxawo me,+
Eye wòtɔ nam.+
2 Oo Yehowa, ɖem tso aʋatsonuyiwo si me
Tso alakpaɖe si me.
3 Oo alakpaɖe,+
Nu kae wòawɔ wò, eye to kae wòahe na wò?
4 Woatsɔ kalẽtɔ ƒe aŋutrɔ ɖaɖɛwo+
Kple xati ƒe dzoka xɔxɔwo+ ahe toe na wò.
5 Baba nam, elabena menye amedzro nɔ Mesek!+
Menɔ Kedar ƒe agbadɔwo me.+
6 Menɔ wo dome wòdidi akpa,
Wo, ame siwo lé fu ŋutifafa.+
7 Nye la, ŋutifafa dim mele, gake ne meke nu ko la,
Woawo dia aʋawɔwɔ.