Psalmowo
Na henɔ la. David ƒe ha.
13 Oo Yehowa, va se ɖe ɣekaɣi nàŋlɔm be? Tegbeea?
Va se ɖe ɣekaɣi nàɣla wò ŋkume ɖem?+
2 Va se ɖe ɣekaɣi matsi* dzimaɖi
Eye nuxaxa nanɔ nye dzi me gbe sia gbe?
Va se ɖe ɣekaɣi nye futɔ nakpe dzinye?+
3 Kpɔm ɖa, Oo Yehowa nye Mawu, ne nàtɔ nam.
Na nye ŋku dzi nakɔ, ne magadɔ alɔ̃ le ku me o,
4 Ne nye futɔ nagagblɔ be, “Meɖu edzi!” o.
Mègana nye ketɔwo natso aseye ɖe nye anyidzedze ŋu o.+