Psalmowo
Na henɔ la; ɖe “Ŋkuɖodzi Dzogbenya” ƒe gbe nu. Miktam.* David ƒe nufiameha. Esime wònɔ aʋa wɔm kple Aram-Naharayim kple Aram-Zoba, eye Yoab trɔ va hewu Edomtɔ akpe wuieve le Dzebali la me.+
60 Oo Mawu, ègbe mí; èkaka kpɔ le mía ŋu.+
Èdo dɔmedzoe ɖe mía ŋu; gake fifia la, gbugbɔ mí xɔ dzro!
2 Èna anyigba ʋuʋu; èna wòfe.
Tre eƒe fefeƒeawo, elabena ele giglim.
3 Èna wò dukɔ la to nɔnɔme sesẽwo me.
Èna míeno wain mu le yiyim sagasaga.+
4 Na* dzesi ame siwo vɔ̃a wò,
Ne woasi ahade axa na dati la. (Sela)
5 Ne woaxɔ na wò ame lɔlɔ̃awo,
Tsɔ wò nuɖusi ɖe mí, eye nàtɔ na mí.+
6 Mawu ƒo nu le eƒe kɔkɔenyenye me* be:
7 Tɔnyee nye Gilead abe ale si Manase+ hã nye tɔnye ene,
Efrayim nye gakuku* na nye ta;
Gbeɖela ƒe atikplɔe Yuda nye nam.+
8 Moab nye nye asiklɔgba.+
Mada nye afɔkpa ɖe Edom dzi.+
Mado aʋadziɖuɣli ɖe Filistia ŋu.”+
9 Ame kae akplɔm ayi du si ŋu woɖe to ɖo la me?*
Ame kae anɔ ŋgɔ nam mayi keke Edom ke?+
10 Oo Mawu, ɖe menye wò, ame si gbe mí lae oa,
Ðe menye mía Mawu, ame si megahona kple míaƒe aʋakɔwo o lae oa?+
11 Kpe ɖe mía ŋu le míaƒe xaxa me,
Elabena amegbetɔ ƒe xɔname mele ɖeke me o.+