Esta
8 Gbe ma gbe Fia Ahasweros tsɔ Haman,+ Yudatɔwo ƒe futɔ la+ ƒe aƒe na Fianyɔnu Esta; eye Mordekai va fia la ŋkume, elabena Esta gblɔ ale si eya kple Mordekai do ƒomee la nɛ.+ 2 Eye fia la ɖe eƒe ŋkɔsigɛ,+ si wòxɔ le Haman si la tsɔ na Mordekai. Eye Esta tsɔ Mordekai ɖo Haman+ ƒe aƒe la nu.
3 Esta gaƒo nu kple fia la, eye wòtsyɔ mo anyi ɖe eƒe afɔnu fa avi heɖe kuku bia be wòatrɔ Agagitɔ Haman ƒe tame vɔ̃ kple nugbe si wòɖo ɖe Yudatɔwo ŋu la.+ 4 Eye fia la do sikafiatikplɔ la ɖe Esta,+ eye Esta tso hetɔ ɖe fia la ŋkume. 5 Eye wògblɔ be: “Ne edze fia ŋu, eye wòve nunye, ne nya la sɔ le fia ŋkume, eye nye nu nyo eŋu la, ekema nena woaŋlɔ agbalẽ atsɔ ate fli ɖe agbalẽ siwo tame vɔ̃ ɖola Haman,+ Agagitɔ+ Hamedata viŋutsu la ŋlɔ be woatsrɔ̃ Yudatɔ siwo le fiaɖuƒea ƒe nutowo* katã me la me. 6 Elabena aleke mate ŋu akpɔ vɔ̃ si ava nye dukɔ dzi la teƒe, eye aleke mate ŋu akpɔ nye ƒometɔwo ƒe tsɔtsrɔ̃ teƒe?”
7 Eya ta Fia Ahasweros gblɔ na Fianyɔnu Esta kple Mordekai Yudatɔ la be: “Kpɔ ɖa! Metsɔ Haman ƒe aƒe la na Esta,+ eye mena wohe Haman ɖe ati ŋu,+ le nugbe si wòɖo be woatso ɖe Yudatɔwo ŋu* la ta. 8 Azɔ miate ŋu aŋlɔ agbalẽ ɖe Yudatɔwo nu ale si nyo mia ŋu le fia ƒe ŋkɔ me, eye miatsɔ fia ƒe ŋkɔsigɛ atre enu, elabena se si woŋlɔ le fia ƒe ŋkɔ me, eye wotsɔ fia ƒe ŋkɔsigɛ tre enu la, womate ŋu atrɔe o.”+
9 Eya ta woyɔ fia la ƒe agbalẽŋlɔlawo ɣemaɣi, le ɣleti etɔ̃lia, si nye Sivan,* ƒe ŋkeke blaeve vɔ etɔ̃lia dzi; eye woŋlɔ se siwo katã Mordekai de la ɖe agbalẽ me na Yudatɔwo, nuto gã dziɖulawo,+ nutodziɖulawo kple amegã siwo le nuto vovovoawo dzi ɖum,+ tso India va se ɖe Etiopia, siwo le nuto alafa ɖeka blaeve vɔ adrewo me, eye woɖoe ɖe nuto sia nuto le eƒe nuŋɔŋlɔ nu ɖe dukɔ sia dukɔ le eƒe gbegbɔgblɔ me, ɖe Yudatɔwo ŋutɔwo ƒe nuŋɔŋlɔ nu, kple woƒe gbegbɔgblɔ me.
10 Eŋlɔ agbalẽa le Fia Ahasweros ƒe ŋkɔ me, etsɔ fia ƒe ŋkɔsigɛ+ tre enu, eye wòtsɔ agbalẽ siwo woŋlɔ la de ame dɔdɔ siwo doa fia ƒe sɔ ɖidu siwo womla ɖe fia ƒe dɔwo wɔwɔ ŋu, si ɖo ɖa. 11 Fia la ɖe mɔ na Yudatɔ siwo le du vovovoawo katã me le agbalẽawo me be woaƒo ƒu, aʋli woƒe agbe* ta, eye woatsrɔ̃ aʋakɔ alo dukɔ alo nuto si me tɔwo atso ɖe wo ŋu la, eye woawu wo ahaɖe wo ɖa, ɖeviwo kple nyɔnuwo siaa, eye woaha woƒe nuwo.+ 12 Woawɔ esia le ŋkeke ɖeka dzi, le Fia Ahasweros ƒe fiaɖuƒea ƒe nutowo* katã me, le ɣleti wuievelia, si nye Adar,*+ ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi. 13 Agbalẽa me nyawo nazu se le nuto vovovoawo katã me. Woaɖe gbeƒãe na dukɔwo katã ale be Yudatɔwo nadzra ɖo na ŋkeke sia, be woabia hlɔ̃ woƒe futɔwo.+ 14 Ame dɔdɔ siwo doa fia ƒe sɔ ɖiduwo la, wɔ kaba dze mɔ heɖe abla le fia ƒe gbeɖeɖe nu. Wode se sia le Susan*+ mɔ́* la hã me.
15 Ke Mordekai dzo le fia la ŋkume, ele fiawu si wotsɔ avɔ blɔ kple aklala tɔ la me, eye wòɖɔ sikafiakuku gã aɖe hedo awu ʋlaya si wotsɔ avɔ biɖibiɖi kple aɖabɛ dzĩtɔ tɔ.+ Eye dzidzɔ kple aseyetsotso xɔ Susan* du la me. 16 Eye wònye gbɔdzɔe,* dzidzɔ, aseyetsotso kple bubu na Yudatɔwo. 17 Eye le nuto vovovoawo katã kple du vovovo siwo katã me fia la ƒe nya kple eƒe sea de me la, Yudatɔwo kpɔ dzidzɔ, wotso aseye, woɖo kplɔ̃ hetu aglo. Eye anyigbaa dzi nɔlawo dometɔ geɖewo gblɔ be yewozu Yudatɔwo,+ elabena Yudatɔwo ƒe ŋɔdzi lé wo.