INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Kronika 32
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

2 Kronika Totoɖeme

      • Senakerib do ŋɔdzi na Yerusalem (1-8)

      • Senakerib ɖe alɔme le Yehowa ŋu (9-19)

      • Mawudɔla wu Asiriatɔwo ƒe aʋakɔ la (20-23)

      • Hizkiya ƒe dɔléle kple eƒe dzi ƒe dada (24-26)

      • Dɔ siwo Hizkiya wɔ kple eƒe ku (27-33)

2 Kronika 32:1

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 31:20
  • +2Fi 18:7, 13; Yes 36:1

2 Kronika 32:3

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 20:20

2 Kronika 32:5

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “Milo.” Hebrigbe me nya si gɔmee nye “afi si woƒu kpo ɖo.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Sa 5:9; 1Fi 9:24; 11:27; 2Fi 12:20

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    6/15/1997, axa 10-11

2 Kronika 32:6

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Egɔmeɖeɖe tẽe, “wòƒo nu wòde dzi gbɔ.”

2 Kronika 32:7

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 19:6
  • +5Mo 31:6, 8; Yos 1:6, 9; 2Fi 6:16, 17; 2Kr 20:15

2 Kronika 32:8

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “amegbetɔ ƒe ŋusẽ.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +4Mo 14:9; 5Mo 20:1, 4; Yos 10:42; Yr 17:5
  • +2Kr 20:20

2 Kronika 32:9

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Yes 37:8
  • +2Fi 18:17; Yes 36:2

2 Kronika 32:10

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 18:19; Yes 36:4

2 Kronika 32:11

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 18:29, 30; 19:10

2 Kronika 32:12

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 18:1, 4
  • +2Kr 31:1
  • +2Fi 18:22; Yes 36:7

2 Kronika 32:13

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 15:29; 17:5; Yes 37:12
  • +2Fi 18:33, 34; 19:17, 18

2 Kronika 32:14

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Mo 14:3; 15:9

2 Kronika 32:15

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 18:29
  • +2Mo 5:2; 5Mo 32:27; Da 3:14, 15

2 Kronika 32:17

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 19:14
  • +Yes 37:29
  • +2Fi 17:6; 19:12

2 Kronika 32:18

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 18:26, 28; Yes 36:11, 13

2 Kronika 32:20

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 19:2, 20; Yes 37:2
  • +2Fi 19:14, 15; 2Kr 14:11

2 Kronika 32:21

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “trɔ̃xɔ.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ps 76:5
  • +2Fi 19:35-37; Yes 37:37, 38

2 Kronika 32:23

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 4:21; 2Kr 17:1, 5

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi I, axa 396

2 Kronika 32:24

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “nukunu.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 20:1, 2; Yes 38:1, 2
  • +2Fi 20:5, 9; 2Kr 32:31; Yes 38:8

2 Kronika 32:25

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    3/2017, axa 26

    Gbetakpɔxɔ,

    10/15/2005, axa 25

2 Kronika 32:26

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Yr 26:18, 19
  • +2Fi 20:19

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi I, axa 397

2 Kronika 32:27

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 1:11, 12; 17:1, 5
  • +1Fi 9:17-19

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi I, axa 396

2 Kronika 32:30

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 1:33, 45
  • +2Kr 32:4
  • +2Sa 5:9

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    ‘Anyigba Nyui La’, axa 20-21

    Gbetakpɔxɔ,

    6/15/1997, axa 9-10

    8/15/1996, axa 5-6

    Nyɔ!,

    6/8/1996, axa 30

2 Kronika 32:31

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “dzesi si va eme.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 20:8-11; Yes 38:8
  • +2Fi 20:12; Yes 39:1
  • +1Mo 22:1
  • +5Mo 8:2; Ps 7:9; 139:23

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    3/2017, axa 26

2 Kronika 32:32

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 31:20, 21
  • +Yes 1:1
  • +2Fi 20:20

2 Kronika 32:33

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 11:43

Bubuwo

2 Kron. 32:12Kr 31:20
2 Kron. 32:12Fi 18:7, 13; Yes 36:1
2 Kron. 32:32Fi 20:20
2 Kron. 32:52Sa 5:9; 1Fi 9:24; 11:27; 2Fi 12:20
2 Kron. 32:72Fi 19:6
2 Kron. 32:75Mo 31:6, 8; Yos 1:6, 9; 2Fi 6:16, 17; 2Kr 20:15
2 Kron. 32:84Mo 14:9; 5Mo 20:1, 4; Yos 10:42; Yr 17:5
2 Kron. 32:82Kr 20:20
2 Kron. 32:9Yes 37:8
2 Kron. 32:92Fi 18:17; Yes 36:2
2 Kron. 32:102Fi 18:19; Yes 36:4
2 Kron. 32:112Fi 18:29, 30; 19:10
2 Kron. 32:122Fi 18:1, 4
2 Kron. 32:122Kr 31:1
2 Kron. 32:122Fi 18:22; Yes 36:7
2 Kron. 32:132Fi 15:29; 17:5; Yes 37:12
2 Kron. 32:132Fi 18:33, 34; 19:17, 18
2 Kron. 32:142Mo 14:3; 15:9
2 Kron. 32:152Fi 18:29
2 Kron. 32:152Mo 5:2; 5Mo 32:27; Da 3:14, 15
2 Kron. 32:172Fi 19:14
2 Kron. 32:17Yes 37:29
2 Kron. 32:172Fi 17:6; 19:12
2 Kron. 32:182Fi 18:26, 28; Yes 36:11, 13
2 Kron. 32:202Fi 19:2, 20; Yes 37:2
2 Kron. 32:202Fi 19:14, 15; 2Kr 14:11
2 Kron. 32:21Ps 76:5
2 Kron. 32:212Fi 19:35-37; Yes 37:37, 38
2 Kron. 32:231Fi 4:21; 2Kr 17:1, 5
2 Kron. 32:242Fi 20:1, 2; Yes 38:1, 2
2 Kron. 32:242Fi 20:5, 9; 2Kr 32:31; Yes 38:8
2 Kron. 32:26Yr 26:18, 19
2 Kron. 32:262Fi 20:19
2 Kron. 32:272Kr 1:11, 12; 17:1, 5
2 Kron. 32:271Fi 9:17-19
2 Kron. 32:301Fi 1:33, 45
2 Kron. 32:302Kr 32:4
2 Kron. 32:302Sa 5:9
2 Kron. 32:312Fi 20:8-11; Yes 38:8
2 Kron. 32:312Fi 20:12; Yes 39:1
2 Kron. 32:311Mo 22:1
2 Kron. 32:315Mo 8:2; Ps 7:9; 139:23
2 Kron. 32:322Kr 31:20, 21
2 Kron. 32:32Yes 1:1
2 Kron. 32:322Fi 20:20
2 Kron. 32:331Fi 11:43
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • 1
  • 2
  • 3
  • 4
  • 5
  • 6
  • 7
  • 8
  • 9
  • 10
  • 11
  • 12
  • 13
  • 14
  • 15
  • 16
  • 17
  • 18
  • 19
  • 20
  • 21
  • 22
  • 23
  • 24
  • 25
  • 26
  • 27
  • 28
  • 29
  • 30
  • 31
  • 32
  • 33
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
2 Kronika 32:1-33

2 Kronika

32 Le nu siawo kple Hizkiya ƒe nuteƒewɔwɔ+ sia megbe la, Asiria-fia Senakerib va dze Yuda dzi. Eɖe to ɖe du sesẽawo, eye wòdi be yeagbã duawo ƒe gliawo ahaxɔ wo.+

2 Esi Hizkiya kpɔ be Senakerib va eye wòɖoe be yeawɔ aʋa kple Yerusalem la, 3 ede aɖaŋu kple eƒe amegãwo kpakple eƒe kalẽtɔwo be yewoaxe tsidzɔƒe siwo le dua godo;+ eye woda asi ɖe edzi nɛ. 4 Ame gbogbo aɖewo ƒo ƒu, eye woyi ɖaxe tsidzɔƒewo katã kple tɔsisi si to anyigba ma dzi, gblɔ be: “Nu ka tae Asiria-fiawo ava ke ɖe tsi gbogbo aɖe ŋu?”

5 Gawu la, edze agbagba ɖɔ gli la ƒe gbagbãƒewo katã ɖo, eye wòtu xɔ tsralawo ɖe edzi, eɖo gli bubu ɖe egodo. Eɖɔ Kpo*+ la ɖo le David Ƒe Du la me, eye wòwɔ aʋawɔnuwo kple akpoxɔnuwo kpaŋkpaŋ. 6 Eɖo aʋafiawo ɖe dukɔ la nu, eye wòƒo wo nu ƒu ɖe eɖokui gbɔ le ablɔ me le dugbo la nu, eye wòde dzi ƒo* na wo gblɔ be: 7 “Milé dzi ɖe ƒo, eye misẽ ŋu. Migavɔ̃ o, eye ŋɔ megadzi mi le Asiria-fia+ kple ame gbogbo siwo le eŋu la ta o, elabena ame siwo le mía dzi la sɔ gbɔ wu ame siwo le edzi.+ 8 Amegbetɔ ƒe alɔe* li kplii, ke míawo la Yehowa mía Mawu lae li kpli mí, ne wòakpe ɖe mía ŋu ahawɔ míaƒe aʋawo na mí.”+ Eye Yuda-fia Hizkiya ƒe nyawo do ŋusẽ dukɔ la.+

9 Le esia megbe esi Asiria-fia Senakerib kple eƒe aʋakɔwo le Lakis+ la, edɔ eƒe dɔlawo ɖe Yerusalem ɖe Yuda-fia Hizkiya kple Yudatɔ siwo katã nɔ Yerusalem+ la gbɔ, be woagblɔ be:

10 “Ale Asiria-fia Senakerib gblɔe nye esi, ‘Nu ka ŋue miele ŋu ɖom ɖo hekpɔtɔ le Yerusalem esime woɖe to ɖe mi?+ 11 Alo menye ɖe Hizkiya le mia flum ne wòana dɔ kple tsikɔ nawu mi miaku, esi wòle gbɔgblɔm be: “Yehowa mía Mawu la ŋutɔ aɖe mí tso Asiria-fia si me” oa?+ 12 Menye Hizkiya siae ɖe mia Mawu la ƒe nuxeƒewo+ kple eƒe vɔsamlekpuiwo+ ɖa, eye wògblɔ na Yuda kple Yerusalem be: “Vɔsamlekpui ɖeka ko ŋgɔe miade ta agu ɖo, eye eya dzie miado dzudzɔ le” oa?+ 13 Ðe mienya nu si nye kple tɔgbuinyewo míewɔ anyigbadzidukɔwo katã oa?+ Ðe anyigbadzidukɔwo ƒe mawuwo te ŋu ɖe woƒe anyigba tso asinye me kpɔa?+ 14 Dukɔ siawo siwo tɔgbuinyewo tsrɔ̃ la ƒe mawuwo katã dometɔ kae te ŋu ɖe eƒe dukɔ tso asinye me kpɔ, ne mia Mawu la naɖe mi tso asinye me?+ 15 Eya ta migana Hizkiya nable mi alo aflu mi alea o!+ Migaxɔ edzi se o, elabena dukɔ alo fiaɖuƒe aɖeke ƒe mawu aɖeke mete ŋu ɖe eƒe dukɔ tso asinye me kple tɔgbuinyewo si me kpɔ o. Aleke miaƒe Mawu ya naɖe mi tso asinye me!’”+

16 Eye eƒe dɔlawo gagblɔ nya geɖewo ɖe Yehowa, Mawu vavã la, kple eƒe subɔla Hizkiya ŋu. 17 Eŋlɔ agbalẽ+ gɔ̃ hã tsɔ do vlo Yehowa, Israel ƒe Mawu la,+ gblɔ ɖe eŋu be: “Ale si ko anyigbadzidukɔwo ƒe mawuwo mete ŋu ɖe woƒe amewo tso asinye me o la,+ nenema kee Hizkiya ƒe Mawu la mate ŋu aɖe eƒe dukɔ tso asinye me o.” 18 Eye wodo ɣli sesĩe le Yudagbe me ɖo ɖe Yerusalemtɔ siwo nɔ glia dzi, ne woade vɔvɔ̃ lãme na wo eye ŋɔdzi nalé wo, ale be woaxɔ du la.+ 19 Eye woƒo nu le Yerusalem ƒe Mawu la ŋu abe ale si ko woƒo nu le anyigbadzidukɔwo ƒe mawu siwo nye amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu ene. 20 Ke Fia Hizkiya kple nyagblɔɖila Yesaya,+ Amoz vi la, nɔ gbe dom ɖa le nya sia ŋu, eye wonɔ ɣli dom ɖo ɖe dziƒo be woaxɔ na yewo.+

21 Eye Yehowa dɔ mawudɔla aɖe ɖa wòva tsrɔ̃ aʋakalẽtɔwo+ kple aʋakplɔlawo kpakple aʋafiawo katã ɖa le Asiria-fia ƒe asaɖa la me, ale be wòtsɔ ŋukpe trɔ yi wo denyigba dzi. Emegbe eyi ɖe eƒe mawu ƒe aƒe* la me, eye eya ŋutɔ viawo dometɔ aɖewo va wui kple yi+ le afi ma. 22 Ale Yehowa ɖe Hizkiya kple Yerusalem nɔlawo tso Asiria-fia Senakerib kple ame bubuwo katã si me, eye wòna gbɔdzɔe wo le go sia go me. 23 Ame geɖewo tsɔ nunanawo vɛ na Yehowa le Yerusalem, kple nu nyuiwo vɛ na Yuda-fia+ Hizkiya, eye wodea bubu eŋu ŋutɔ le dukɔwo katã me le ema megbe.

24 Le ŋkeke mawo me la, Hizkiya dze dɔ de kuku ge kloe, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa,+ eye wòɖo eŋu nɛ hena dzesi*+ aɖee. 25 Ke Hizkiya mekpɔ ŋudzedze ɖe nyui si wowɔ nɛ la ŋu o, elabena eƒe dzi de asi dada me, eye Mawu do dɔmedzoe ɖe eya kple Yuda kpakple Yerusalem ŋu. 26 Ke Hizkiya bɔbɔ eɖokui tso eƒe dzi ƒe dada la me,+ eya kple Yerusalem nɔlawo katã, eye Yehowa ƒe dɔmedzoe meva wo dzi le Hizkiya ŋɔli o.+

27 Kesinɔnuwo kple bubu geɖe ŋutɔ su Hizkiya si;+ eye wòtu nudzraɖoƒewo+ na eɖokui siwo me wòkɔ klosalo, sika, kpe xɔasiwo, balsam-mi, akpoxɔnuwo kple nu nyuiwo katã ɖo. 28 Etu nuku kple wain yeye kpakple ami dzraɖoƒewo hã, eye wòtu lãxɔ na lã ƒomevi vovovowo katã hewɔ kpowo na lãhawo. 29 Etso duwo na eɖokui, eye alẽ kple nyi gbogbo aɖewo le esi, elabena Mawu na nu geɖe ŋutɔe. 30 Hizkiya ye xe Gihon-tɔ+ la ƒe dzigbetɔʋu+ la ƒe nugbɔ, eye wòɖe tɔʋu aɖe na tsia be wòatsa yi ɣetoɖoƒe gome yi David Ƒe Du+ la me, eye Hizkiya kpɔ dzidzedze le dɔ sia dɔ si wòwɔ la me. 31 Gake esi Babilon-megãwo ƒe nyanuɖela siwo wodɔ ɖe egbɔ, ne woabia nukunu+ si dzɔ* le anyigba la dzi+ ŋu nyae la, Mawu vavã la ɖe asi le eŋu, ne wòadoe kpɔ,+ ne yeanya nu siwo katã le eƒe dzi me.+

32 Ke Hizkiya ŋutinya susɔeawo kple dɔ nyui siwo wòwɔ la,+ woŋlɔ wo ɖe nyagblɔɖila Yesaya,+ Amoz vi, ƒe ŋutega me, le Yuda Kple Israel Fiawo Ƒe Agbalẽ me.+ 33 Eye wotsɔ Hizkiya mlɔ tɔgbuiawo gbɔ, woɖii ɖe todzimɔ si yi David viwo ɖiƒe la dzi;+ Yuda blibo la kple Yerusalem nɔlawo de bubu eŋu le eƒe kuɣi. Eye via Manase zu fia ɖe eteƒe.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe