INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 1 Kronika 24
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

1 Kronika Totoɖeme

      • David ma nunɔlawo ɖe hatsotso 24 me (1-19)

      • Lewi viwo ƒe subɔsubɔdɔ bubuwo (20-31)

1 Kronika 24:1

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +3Mo 10:1
  • +2Mo 6:23; 28:1

1 Kronika 24:2

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +4Mo 26:61
  • +4Mo 16:39, 40

1 Kronika 24:3

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Sa 8:17

1 Kronika 24:5

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Lod 16:33

1 Kronika 24:6

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 2:35
  • +2Sa 8:17
  • +2Sa 19:11; 1Fi 1:5, 7

1 Kronika 24:10

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Lk 1:5

1 Kronika 24:19

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 11:9; Lk 1:8, 23

1 Kronika 24:20

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Mo 6:18
  • +1Kr 23:16; 26:24

1 Kronika 24:21

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Kr 23:17

1 Kronika 24:22

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Kr 23:18

1 Kronika 24:23

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Kr 26:31

1 Kronika 24:26

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Mo 46:11

1 Kronika 24:28

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Kr 23:22

1 Kronika 24:31

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Lod 16:33

Bubuwo

1 Kron. 24:13Mo 10:1
1 Kron. 24:12Mo 6:23; 28:1
1 Kron. 24:24Mo 26:61
1 Kron. 24:24Mo 16:39, 40
1 Kron. 24:32Sa 8:17
1 Kron. 24:5Lod 16:33
1 Kron. 24:61Fi 2:35
1 Kron. 24:62Sa 8:17
1 Kron. 24:62Sa 19:11; 1Fi 1:5, 7
1 Kron. 24:10Lk 1:5
1 Kron. 24:192Fi 11:9; Lk 1:8, 23
1 Kron. 24:202Mo 6:18
1 Kron. 24:201Kr 23:16; 26:24
1 Kron. 24:211Kr 23:17
1 Kron. 24:221Kr 23:18
1 Kron. 24:231Kr 26:31
1 Kron. 24:261Mo 46:11
1 Kron. 24:281Kr 23:22
1 Kron. 24:31Lod 16:33
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • 1
  • 2
  • 3
  • 4
  • 5
  • 6
  • 7
  • 8
  • 9
  • 10
  • 11
  • 12
  • 13
  • 14
  • 15
  • 16
  • 17
  • 18
  • 19
  • 20
  • 21
  • 22
  • 23
  • 24
  • 25
  • 26
  • 27
  • 28
  • 29
  • 30
  • 31
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
1 Kronika 24:1-31

1 Kronika

24 Aron ƒe dzidzimeviwo ƒe hatsotsowoe nye esi: Aron viwoe nye Nadab, Abihu,+ Eleazar kple Itamar.+ 2 Ke Nadab kple Abihu tre kuku na wo fofo,+ eye viŋutsu aɖeke menɔ wo si o; ke Eleazar+ kple Itamar kpɔtɔ wɔ nunɔladɔ. 3 Eye David kple Zadok,+ ame si tso Eleazar viwo dome kpakple Ahimelek tso Itamar viwo dome ma wo ɖe hatsotso vovovowo me ɖe woƒe dɔwo nu. 4 Esi Eleazar viwo ƒe tatɔwo sɔ gbɔ wu Itamar viwo tɔ ta la, woma wo ɖe woƒe agbɔsɔsɔ nu: Eleazar viwo ƒe tatɔwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu le ame wuiade, eye Itamar viwo ƒe tatɔwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu le ame enyi.

5 Azɔ hã, wodzidze nu hema+ ƒuƒoƒo sia kple ekemɛa me tɔwo, elabena tatɔ siwo kpɔa kɔkɔeƒe la kple tatɔ siwo kpɔa Mawu vavã la ƒe dɔwo dzi la tso Eleazar viwo kple Itamar viwo siaa dome. 6 Eye Semaya, si nye Lewi viwo ƒe agbalẽŋlɔla Netanel ƒe vi, ŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖi le fia la, amegãwo, nunɔla Zadok,+ Ahimelek,+ Abiatar+ vi, kple nunɔlawo kpakple Lewi viwo ƒe tatɔ siwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu la ŋkume; ne wotia Eleazar ƒe aƒekɔ ɖeka la, ekema wotiaa Itamar hã tɔ ɖeka.

7 Nudzidze gbãtɔ dze Yehoyarib dzi; evelia dze Yedaya dzi, 8 etɔ̃lia dze Harim dzi, enelia dze Seorim dzi, 9 atɔ̃lia dze Malkiya dzi, adelia dze Miyamin dzi, 10 adrelia dze Hakoz dzi, enyilia dze Abiya+ dzi, 11 asiekelia dze Yesua dzi, ewolia dze Sekaniya dzi, 12 wuiɖekɛlia dze Eliyasib dzi, wuievelia dze Yakim dzi, 13 wuietɔ̃lia dze Hupa dzi, wuienelia dze Yesebeab dzi, 14 wuiatɔ̃lia dze Bilga dzi, wuiadelia dze Imer dzi, 15 wuiadrelia dze Hezir dzi, wuienyilia dze Hapizez dzi, 16 wuiasiekelia dze Petahiya dzi, blaevelia dze Yehezkel dzi, 17 blaeve vɔ ɖekɛlia dze Yakin dzi, blaeve vɔ evelia dze Gamul dzi, 18 blaeve vɔ etɔ̃lia dze Delaya dzi, blaeve vɔ enelia dze Maaziya dzi.

19 Esiawoe nye dɔdeasi si woɖo na wo le woƒe subɔsubɔdɔ me+ be woava Yehowa ƒe aƒe la me le ɖoɖo si wo tɔgbui Aron ɖo na wo la nu, abe ale si Yehowa, Israel ƒe Mawu la, de se nɛ ene.

20 Lewi vi siwo susɔe nye esi: ame si tso Amram+ viwo domee nye Subael;+ ame si tso Subael viwo domee nye Yehdeya; 21 ame si tso Rehabiya+ viwo domee nye Rehabiya vi Yisiya si nye tatɔ; 22 ame si tso Yizhar viwo domee nye Selomot;+ ame si tso Selomot viwo domee nye Yahat; 23 Hebron viwoe nye tatɔ Yeria,+ eveliae nye Amariya, etɔ̃liae nye Yahaziel, eneliae nye Yekameam; 24 Uziel vie nye Mika; ame si tso Mika viwo domee nye Samir. 25 Mika nɔvie nye Yisiya; ame si tso Yisiya viwo domee nye Zakariya.

26 Merari+ viwoe nye Mahli kple Musi; ame si tso Yaaziya viwo domee nye Beno. 27 Merari vi siwo tso Yaaziya mee nye Beno, Soham, Zakur kple Ibri; 28 ame si tso Mahli mee nye Eleazar, ame si si viŋutsu aɖeke menɔ o;+ 29 ame si tso Kis mee nye Kis vi Yeramel; 30 Musi viwoe nye Mahli, Eder kple Yerimot.

Ame siawoe nye Lewi viwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu. 31 Woawo hã wodzidze nu+ abe ale si wo nɔvi Aron viwo wɔ le Fia David, Zadok, Ahimelek, kple nunɔlawo kpakple Lewi viwo ƒe tatɔ siwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu ŋkume la ene. Wodzidze nu na aƒekɔ siwo lolo ƒe tatɔ kple aƒekɔ siwo melolo o la ƒe tatɔ siaa sɔsɔe.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe