Hiob
26 Hiob ɖo eŋu be:
2 “Oo, aleke nèhekpe ɖe ŋusẽmanɔsitɔ ŋue nye esi!
Aleke nèhexɔ na alɔ beli lae nye esi!+
3 Aleke nèheɖo aɖaŋu deŋgɔ na ame manyanui ale!+
Eye nèdudu wò nunya vavã kɔ ɖie nye esi!
4 Ame kae nèle nu ƒom na,
Eye ame kae dɔ wò be nàgblɔ nya siawo?*
5 Ame siwo ku, eye ŋusẽ aɖeke megale wo ŋu o gɔ̃ hã dzona nyanyanya;
Woɖiɖi ɖe anyi wu tsiwo kple wo me nuwo gɔ̃ hã.
7 Ekeke dziehedziŋgɔli me ɖe yame,+
Eye meku anyigba la ɖe naneke ŋu o;
8 Eblaa tsiwo ɖe eƒe alilikpowo me,+
Ale be alilikpoawo megbãna le woƒe kpekpeme ta o;
9 Exea eƒe fiazikpui la ŋkume,
Ekekea eƒe alilikpo ɖe edzi.+
10 Eɖe liƒo godoo ɖe tsiawo dzi;+
Eɖo seƒe ɖi na kekeli kple viviti.
11 Dziƒosɔtiwo ke hã ʋuʋu;
Eye ne eblu la, wodzona kpekpekpe.
13 Etsɔ eƒe yagbɔgbɔ na dziŋgɔli me kɔ;
Eƒe asi ŋɔ da si dzi asi mesuna bɔbɔe o la.*
Ke ame kae ate ŋu ase eƒe gbeɖeɖe sesẽ la gɔme?”+