Psalmowo
71 Oo Yehowa, wòe mesi tso.
Mègana ŋu nakpem gbeɖe o.+
2 Xɔ nam eye nàɖem le wò dzɔdzɔenyenye nu.
Ƒu to anyi ɖe ŋunye,* eye nàxɔ nam.+
3 Zu agakpe sesẽ nam,
Afi si mate ŋu asi abe ɖo ɖaa.
Ðe gbe, ne woaxɔ nam,
Elabena wòe nye nye agakpe kple nye mɔ́ sesẽ.+
4 Oo nye Mawu, ɖem tso ame vɔ̃ɖi la si me,+
Tso ame madzɔmadzɔ kple ameteɖeanyila la ƒe fego me.
6 Ŋuwòe meziɔ ɖo tso esime wodzim;
Wòe ɖem tso danye ƒe dɔ me ke.+
Wòe mekafuna ɖaa.
7 Mezu abe nukunu ene na ame geɖewo,
Ke wòe nye nye mɔ́ sesẽ.
8 Wò kafukafu yɔ nu me nam fũu;+
Meƒoa nu le wò atsyɔ̃ ŋu ŋkeke blibo la katã.
10 Nye futɔwo le nu ƒom tsi tre ɖe ŋunye,
Eye ame siwo di be yewoaɖe nye agbe* ɖa la le adaŋu dem le wo nɔewo dome,+
11 Le gbɔgblɔm be: “Mawu gblẽe ɖi.
Mina míati eyome ne míalée, elabena ame aɖeke meli axɔ nɛ o.”+
12 Oo Mawu, mèganɔ adzɔge le ŋunye o.
Oo nye Mawu, ɖe abla nàva kpe ɖe ŋunye.+
Ame siwo le vɔ̃e dim nam la,
Vlododo kple gbɔɖiɖi nenyè tsyɔ wo.+
14 Ke nye la, manɔ mɔ kpɔm na wò ɖaa;
Eye makafu wò agakafu wò ɖe edzi.
15 Nye nu agblɔ wò dzɔdzɔenyenye,+
Kple wò xɔxɔdɔwo ŋkeke blibo la,
Togbɔ be nyemate ŋu axlẽ wo o hã.+
16 Oo, Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa,
Mava aɖe gbeƒã wò ŋusẽdɔwo;
Maƒo nu le wò dzɔdzɔenyenye ŋu, le tɔwò ɖeɖe ko ŋu.
18 Oo Mawu, ne metsi ƒo wɔ gɔ̃ hã la, mègagblẽm ɖi o.+
20 Togbɔ be èna mekpɔ xaxa kple vɔ̃ geɖe teƒe hã la,+
Gagbɔ agbem;
21 Na mazu gã ɖe edzi,
Tɔ kpɔ ɖe ŋunye, eye nàfa akɔ nam.
22 Ekema matsɔ kasaŋku akafu wò
Elabena nuteƒewɔlae nènye, Oo nye Mawu.+
Madzi ha* akafu wò kple saŋku,
Oo, Israel ƒe Kɔkɔetɔ.