Psalmowo
Todzimɔ dzi Hadzidzi. David ƒe ha.
131 Oo Yehowa, dada mele nye dzi me o,
Eye nyemeto ŋku gã hã o;+
Nyemekplɔ nu gã nu gãwo ɖo loo,+
Alo kplɔ nu siwo gbɔ nye ŋutete ŋu la ɖo o.
2 Kura o, ke boŋ mena nye luʋɔ dze akɔ anyi eye wòli kpoo,*+
Abe ɖevi si wotso no na, si le dadaa gbɔ ene;
Nye dzi dze eme,* abe vi si wotso no na ene.
3 Israel nekpɔ Yehowa sinu+
Tso fifia yi mavɔmavɔ me.