INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Tesalonikatɔwo 2
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

2 Tesalonikatɔwo Totoɖeme

      • Sedzimawɔla la (1-12)

      • Nuxɔxlɔ̃ be woanɔ tsitre sesĩe (13-17)

2 Tesalonikatɔwo 2:1

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Mt 24:3
  • +1Te 4:17

2 Tesalonikatɔwo 2:2

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “abe gbɔgbɔ aɖe gbɔe.” Kpɔ “Gbɔgbɔ,” le Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

  • *

    Kpɔ Megbenyawo A5.

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Yh 4:1
  • +Zef 1:14; 2Pe 3:10

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    “Ŋɔŋlɔ Blibo La,” Akpa 2, axa 5

2 Tesalonikatɔwo 2:3

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “nable mi.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Ti 4:1; 2Ti 2:16-18; 4:3; 2Pe 2:1; 1Yh 2:18, 19
  • +Mt 7:15; Dw 20:29, 30
  • +2Pe 2:1, 3

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    6/1/2015, axa 14-15

    9/15/2008, axa 30

    9/1/2003, axa 6

    Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe, axa 1695

2 Tesalonikatɔwo 2:6

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ,

    7/2019, axa 4

2 Tesalonikatɔwo 2:7

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 20:29, 30; 1Ko 11:18, 19; 1Yh 2:18

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ,

    7/2019, axa 4

2 Tesalonikatɔwo 2:8

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Yes 11:4; Nyɖ 19:15
  • +1Ti 6:13-15; 2Ti 4:1, 8

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ,

    7/2019, axa 4

    Gbetakpɔxɔ,

    9/15/2010, axa 28

    9/15/2008, axa 30

    Nyaɖeɖefia, axa 282-283

2 Tesalonikatɔwo 2:9

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Ko 11:3
  • +Mt 24:24

2 Tesalonikatɔwo 2:10

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Mt 24:11

2 Tesalonikatɔwo 2:11

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Mt 24:5; 1Ti 4:1; 2Ti 4:3, 4

2 Tesalonikatɔwo 2:13

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Kpɔ Megbenyawo A5.

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Yh 6:44; Ro 8:30
  • +Yh 17:17; 1Ko 6:11; 1Te 4:7

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    9/15/2008, axa 30

2 Tesalonikatɔwo 2:14

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Pe 5:10

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    9/15/2008, axa 30

2 Tesalonikatɔwo 2:15

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Ko 15:58; 16:13
  • +1Ko 11:2

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    12/15/2013, axa 8-9

2 Tesalonikatɔwo 2:16

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Yh 4:10
  • +1Pe 1:3, 4

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (1995),

    4/1/1995, axa 19

2 Tesalonikatɔwo 2:17

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (1995),

    4/1/1995, axa 19

Bubuwo

2 Tes. 2:1Mt 24:3
2 Tes. 2:11Te 4:17
2 Tes. 2:21Yh 4:1
2 Tes. 2:2Zef 1:14; 2Pe 3:10
2 Tes. 2:31Ti 4:1; 2Ti 2:16-18; 4:3; 2Pe 2:1; 1Yh 2:18, 19
2 Tes. 2:3Mt 7:15; Dw 20:29, 30
2 Tes. 2:32Pe 2:1, 3
2 Tes. 2:7Dw 20:29, 30; 1Ko 11:18, 19; 1Yh 2:18
2 Tes. 2:8Yes 11:4; Nyɖ 19:15
2 Tes. 2:81Ti 6:13-15; 2Ti 4:1, 8
2 Tes. 2:92Ko 11:3
2 Tes. 2:9Mt 24:24
2 Tes. 2:10Mt 24:11
2 Tes. 2:11Mt 24:5; 1Ti 4:1; 2Ti 4:3, 4
2 Tes. 2:13Yh 6:44; Ro 8:30
2 Tes. 2:13Yh 17:17; 1Ko 6:11; 1Te 4:7
2 Tes. 2:141Pe 5:10
2 Tes. 2:151Ko 15:58; 16:13
2 Tes. 2:151Ko 11:2
2 Tes. 2:161Yh 4:10
2 Tes. 2:161Pe 1:3, 4
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • 1
  • 2
  • 3
  • 4
  • 5
  • 6
  • 7
  • 8
  • 9
  • 10
  • 11
  • 12
  • 13
  • 14
  • 15
  • 16
  • 17
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
2 Tesalonikatɔwo 2:1-17

2 Tesalonikatɔwo

2 Ke nɔviwo, le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe anyinɔɣi+ kple esime woaƒo mía nu ƒu ɖe egbɔ ŋuti la,+ míele biabiam tso mia si 2 be miagana woatɔtɔ miaƒe susu kaba alo ana nya aɖe si adze abe gbɔgbɔ mee* wòtso ene,+ alo nya aɖe si wogblɔ kple nu, alo agbalẽ aɖe si adze abe mía gbɔe wòtso ene la, naɖe fu na mi, be Yehowa* ƒe ŋkeke+ la ɖo vɔ o.

3 Migana ame aɖeke nakplɔ mi atrae* le mɔ aɖeke nu o, elabena ŋkeke ma mava o, negbe ɖe xɔsegbegbe+ la va gbã, eye woɖe sedzimawɔla,+ si nye tsɔtsrɔ̃vi la fia hafi.+ 4 Tsitretsiɖeŋulae wònye, eye wòdoa eɖokui ɖe dzi ɖe nu sia nu si woyɔna be mawu alo nu si wosubɔna la ŋu, eye ale wònɔ anyi ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ me, hele eɖokui ɖem fia gaglã be mawu yenye. 5 Ðe mieɖo ŋkui be, esime menɔ mia gbɔ la, melɔ̃a nya siawo gbɔgblɔ na mi oa?

6 Ke azɔ mienya nu si le mɔ xem nɛ la, ale be woaɖee ɖe go le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi la dzi. 7 Nyateƒee, sedzimawɔmawɔ sia si nye nya ɣaɣla la le dɔ dzi xoxo,+ ke anɔ ɣaɣla va se ɖe esime ame si le mɔ xem ɖe enu fifia la dzo le mɔa dzi hafi. 8 Ekema woaɖe sedzimawɔla la ɖe go, ame si Aƒetɔ Yesu atsɔ eƒe numegbɔgbɔ aɖe ɖa,+ eye wòato eƒe anyinɔɣi si adze ƒãa+ la dzi abu mo nɛ. 9 Ke sedzimawɔla la ƒe anyinɔnɔ la nye Satana+ ƒe dɔwɔwɔ si me wowɔa ŋusẽdɔwo kple amebeble ƒe dzesiwo kple nukunuwo+ 10 kpakple nu madzɔmadzɔ ɖe sia ɖe le tsɔ blea+ ame siwo le tsɔtsrɔ̃m la abe woƒe fetu ene, elabena womexɔ nyateƒe la ƒe lɔlɔ̃ la, ne woakpɔ ɖeɖe o. 11 Esia tae Mawu ɖe mɔ amebeble kplɔ wo trae, ale be woaxɔ aʋatsokaka dzi ase,+ 12 ne woadrɔ̃ ʋɔnu wo katã le esi womexɔ nyateƒe la dzi se o, ke boŋ wokpɔ dzidzɔ ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ŋu ta.

13 Gake ele na mí be míada akpe na Mawu ɣesiaɣi ɖe mi, nɔvi siwo Yehowa* lɔ̃ la ta, elabena Mawu tia mi+ tso gɔmedzedzea me na ɖeɖekpɔkpɔ, to eƒe gbɔgbɔ si wòtsɔ kɔ mia ŋu+ kple miaƒe nyateƒe la dzi xɔxɔ se me. 14 Eyɔ mi va esia gbɔ to nya nyui si míegblɔna la dzi, ale be mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe la nasu mia si.+ 15 Eya ta nɔviwo, minɔ tsitre sesĩe,+ eye milé nu siwo míefia mi,+ eɖanye to numenya alo agbalẽ aɖe si míeŋlɔ ɖo ɖe mí dzi o, la me ɖe asi. 16 Eye mía Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ kple Mawu, mía Fofo, ame si lɔ̃ mí,+ eye wòto eƒe amenuveve me na akɔfafa mavɔ kple mɔkpɔkpɔ+ nyui mí la, 17 nafa akɔ na miaƒe dziwo, eye wòado ŋusẽ mi le dɔ nyui kple nya nyui ɖe sia ɖe me.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe