Psalmowo
Todzimɔ dzi Hadzidzi.
2 Àɖu wò ŋutɔ wò asinudɔwɔwɔ ƒe kutsetse.
Dzi adzɔ wò, eye eme anyo na wò.+
3 Srɔ̃wò anɔ abe wainka si tsena kplanya ene le aƒewò me;+
Viwòwo anɔ abe amiti fẽwo ene le wò kplɔ̃ ŋu godoo.
4 Kpɔ ɖa! Aleae woayra ŋutsu
Si vɔ̃a Yehowa.+
5 Yehowa ayra wò tso Zion.
Àkpɔ Yerusalem ƒe nyonyo le wò agbemeŋkekewo katã me+
6 Eye àkpɔ viwòwo ƒe viwo.
Ŋutifafa nenɔ Israel dzi.