Psalmowo
Hadzidzi. Kora viwo+ ƒe ha.
48 Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ
Le mía Mawu ƒe du la me, le eƒe to kɔkɔe la dzi.
2 To la kɔ henya kpɔ ŋutɔ, eye wònye dzidzɔdonu na anyigba blibo la katã,+
Zion To si le dziehe kekeake lae,
Eyae nye Fia Gã la ƒe du.+
3 Mawu ɖee fia le dua
Ƒe mɔ́ sesẽwo me be yenye sitsoƒe.+
4 Elabena kpɔ ɖa, fiawo ƒo ƒu,*
Wowɔ ɖeka ho va.
5 Esi wokpɔ dua la, woƒe nu ku.
Dzidzi ƒo wo eye wode afɔ du me.
6 Wodzo nyanyanya le afi ma,
Wose veve abe nyɔnu si le ku lém ene.
7 Ètsɔ ɣedzeƒeya gbã Tarsis ʋuwo gudugudu.
8 Míekpɔe abe ale si tututu míesee ene,
Míekpɔe le aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe du la me, le mía Mawu ƒe du la me.
Mawu ŋutɔ ali kee tegbee.+ (Sela)
9 Oo Mawu, míedea ŋugble le wò lɔlɔ̃ si nu metsina o ŋu,+
Le wò gbedoxɔ la me.
10 Oo Mawu, wò kafukafu de anyigba ƒe mlɔenuwo+
Abe wò ŋkɔ la ke ene.
Wò nuɖusi yɔ fũu kple dzɔdzɔenyenye.+
13 Miaƒe ŋku nenɔ eƒe kpoƒuƒuwo ŋu.*+
Milé ŋku ɖe eƒe mɔ́ sesẽwo ŋu,
Ne miatsɔe atu xo na dzidzime siwo gbɔna.
14 Elabena Mawu siae nye mía Mawu+ ɖaa tegbee.