Psalmowo
106 Mikafu Yah!*
2 Ame kae ate ŋu agblɔ Yehowa ƒe nu tsu wɔwɔwo
Alo ate ŋu akafui ɖe eƒe dɔwo katã ta wòade edeƒe?+
3 Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo léa dzɔdzɔenyenye me ɖe asi,
Ame siwo wɔa nu dzɔdzɔe ɣeawokatãɣi.+
4 Oo Yehowa, ɖo ŋku dzinye ne ève wò dukɔ la nu.*+
Tsɔ wò xɔnamedɔwo kpɔ tanye,
5 Ne makpɔ gome le nyui si nèwɔna na wò ame tiatiawo la me,+
Ne dzi nadzɔm ɖe wò dukɔ la ti,
Ne maƒo adegbe akafu wò kpe ɖe wò domenyinu la ŋu.
7 Mía tɔgbui siwo nɔ Egipte mekpɔ ŋudzedze ɖe wò nukudɔwo ŋu o.
Womeɖo ŋku wò amenuveve geɖeawo dzi o,
Ke boŋ wodze aglã le ƒu la nu, le Ƒudzĩ la nu.+
9 Eblu ɖe Ƒudzĩ la ta, eye wòmie;
Ekplɔ wo to ƒu gɔme abe gbedzi ene;+
10 Eɖe wo tso woƒe ketɔwo si me,+
Eye wòxɔ wo le woƒe futɔwo si.+
11 Tsiawo nyè tsyɔ woƒe ketɔwo dzi;
Wo dometɔ ɖeka hɔ̃ hã mesusɔ o.+
13 Gake woŋlɔ nu siwo wòwɔ na wo la be kaba;+
Womegbɔ dzi ɖi kpɔ eƒe mɔfiame sinu o.
14 Woɖe mɔ woƒe ɖokuitɔdidi ƒe dzodzrowo kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi le gbea dzi;+
Wote Mawu kpɔ le gbedadaƒo.+
17 Ale anyigba la ke nu mi Datan
Eye anyigba la tsyɔ Abiram kple eƒe ha la dzi.+
18 Dzo fiã woƒe ameha la;
Dzoƒaɖe fiã ame vɔ̃ɖiawo.+
19 Wowɔ nyivi hã le Horeb,
Eye wode ta agu na legba si wokɔ̀;*+
20 Ale wotsɔ nye ŋutikɔkɔe ɖɔli
Nyitsu si ɖua gbe la ƒe nɔnɔme.+
21 Woŋlɔ Mawu+ woƒe Xɔnametɔ la be,
Ame si wɔ nu gãwo le Egipte,+
22 Ame si wɔ nukudɔwo le Ham-nyigba dzi,+
Kple nu dziŋɔwo le Ƒudzĩ la nu.+
23 Ðe wòbe yeaɖe gbe ne woatsrɔ̃ wo gbidii hafi,
Ke eƒe ame tiatia Mose ye tso wo xɔ*
Ale be eƒe dziku helĩhelĩ la nu fa.+
26 Ale wòkɔ eƒe asi dzi ka atam ɖe wo ŋu
Be yeaxlã wo ɖe anyi le gbea dzi;+
27 Be yeaxlã woƒe dzidzimeviwo ɖe anyi le dukɔwo dome,
Eye yeaka wo ahlẽ ɖe anyigbawo dzi.+
30 Ke esi Finehas tso heɖe afɔ si hiã ko la,
Fuwɔame la nu tso.+
31 Wobui dzɔdzɔenyenye nɛ
Tso dzidzime yi dzidzime, tegbee.+
37 Wotsɔa wo viŋutsuwo
Kple wo vinyɔnuwo saa vɔ na gbɔgbɔ vɔ̃wo.+
38 Ale wokɔ ʋu maɖifɔ ɖi,+
Si nye woawo ŋutɔwo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo ƒe ʋu,
Ame siwo wotsɔ sa vɔe na Kanaan legbawo;+
Eye wotsɔ ʋukɔkɔɖi ƒo ɖi anyigba la.
39 Woƒe nuwɔnawo na wozu ame makɔmakɔwo;
Eye woto woƒe nuwɔnawo dzi wɔ gbɔgbɔmehasi.+
40 Ale Yehowa ƒe dziku fla ɖe eƒe dukɔ la ŋu,
Eye wònyɔ ŋu eƒe domenyinu la.
42 Woƒe futɔwo te wo ɖe anyi,
Eye wobɔbɔ wo ɖe woƒe ŋusẽ* te.
43 Exɔ na wo zi geɖe,+
Ke woawo la, wodzea aglã hesẽa to,+
Ale wòbɔbɔ wo ɖe anyi le woƒe vodadawo ta.+
45 Le wo ta, eɖoa ŋku eƒe nubabla la dzi,
Elabena eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la ʋãnɛ wòkpɔa nublanui na wo.*+
46 Enana ame siwo katã ɖe aboyo wo la
Kpɔa nublanui na wo.+
47 Oo Yehowa mía Mawu, xɔ na mí,+
Eye nàƒo mía nu ƒu tso dukɔwo dome,+
Ne míada akpe ɖe wò ŋkɔ kɔkɔe la ta
Ne míatsɔ aseyetsotso akafu wò.+
48 Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la,
Tso mavɔ me yi mavɔ me.+
Dukɔ blibo la negblɔ be, “Amen!”*
Mikafu Yah!*