Lododowo
4 “Ame sia ame si si nuteƒekpɔkpɔ mesu o la, neva dze afii.”
Egblɔ na ame si si tagbɔ mele o* hã be:
5 “Va ɖu nye abolo.
Eye nàno wain si metɔtɔ la.
7 Ame si le fewuɖula ɖɔm ɖo la kplɔa ŋukpe ƒua eɖokui,+
Eye ame si le mo kam na ame vɔ̃ɖi la awɔ nu vevi eɖokui.
8 Mègaka mo na fewuɖula o; fu ko wòalé wò.+
Ka mo na nunyala boŋ, eye alɔ̃ wò.+
9 Fia nu nunyala, eye aganya nu ɖe edzi.+
Fia nu ame dzɔdzɔe, eye agasrɔ̃ nu geɖe akpe esi wònya.
12 Ne èdze nunya la, wò ŋutɔe nunya sia aɖe vi na,
Gake ne ènye fewuɖula la, wò ɖeɖee akpɔ emetsonua.
Mebua nu ŋu yia ŋgɔe o, eye menya naneke o.
14 Ebɔbɔ nɔ eƒe aƒe ƒe mɔnu,
Le zikpui dzi le dua ƒe kɔkɔƒe,+
15 Le ɣli dom le ame siwo tso eme va yina la yɔm,
Le gbɔgblɔm na ame siwo lé woƒe mɔ tsɔ tẽe la be:
16 “Ame sia ame si si nuteƒekpɔkpɔ mesu o la, neva dze afii.”