INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Kronika 18
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

2 Kronika Totoɖeme

      • Yehosafat ƒe kadodo kple Ahab (1-11)

      • Mikaya gblɔ ɖi be womaɖu dzi o (12-27)

      • Wowu Ahab le Ramot-Gilead (28-34)

2 Kronika 18:1

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 17:5
  • +1Fi 16:28, 33; 21:25

2 Kronika 18:2

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “wòƒoe ɖe enu.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 22:2-4; 2Kr 19:2
  • +5Mo 4:41-43; 1Kr 6:77, 80

2 Kronika 18:4

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Sa 2:1; 1Fi 22:5, 6

2 Kronika 18:6

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 3:11
  • +1Fi 22:7, 8

2 Kronika 18:7

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 18:4; 19:9, 10
  • +Yr 38:4

2 Kronika 18:8

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 22:9-12

2 Kronika 18:10

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “atutu.”

2 Kronika 18:11

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Mik 3:5

2 Kronika 18:12

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Yes 30:9, 10
  • +1Fi 22:13-17

2 Kronika 18:13

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Yr 23:28; Dw 20:27

2 Kronika 18:16

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +3Mo 26:14, 17; 4Mo 27:16, 17

2 Kronika 18:17

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 22:18

2 Kronika 18:18

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Yes 6:1; Eze 1:26; Nyɖ 20:11
  • +Hio 1:6; Da 7:9, 10
  • +1Fi 22:19-23

2 Kronika 18:20

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “mawudɔla.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ps 104:4

2 Kronika 18:22

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Yes 19:14; Eze 14:9

2 Kronika 18:23

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 18:10
  • +Yr 20:2; Mr 14:65
  • +2Kr 18:7
  • +1Fi 22:24-28

2 Kronika 18:26

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 16:10; Dw 5:18

2 Kronika 18:27

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +4Mo 16:29

2 Kronika 18:28

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Yos 20:8; 1Fi 22:29-33; 2Kr 18:2

2 Kronika 18:31

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Mo 14:10; 2Kr 13:14

2 Kronika 18:33

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Egɔmeɖeɖe tẽe, “le asaɖaa me.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 22:34, 35

2 Kronika 18:34

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 18:22

Bubuwo

2 Kron. 18:12Kr 17:5
2 Kron. 18:11Fi 16:28, 33; 21:25
2 Kron. 18:21Fi 22:2-4; 2Kr 19:2
2 Kron. 18:25Mo 4:41-43; 1Kr 6:77, 80
2 Kron. 18:42Sa 2:1; 1Fi 22:5, 6
2 Kron. 18:62Fi 3:11
2 Kron. 18:61Fi 22:7, 8
2 Kron. 18:71Fi 18:4; 19:9, 10
2 Kron. 18:7Yr 38:4
2 Kron. 18:81Fi 22:9-12
2 Kron. 18:11Mik 3:5
2 Kron. 18:12Yes 30:9, 10
2 Kron. 18:121Fi 22:13-17
2 Kron. 18:13Yr 23:28; Dw 20:27
2 Kron. 18:163Mo 26:14, 17; 4Mo 27:16, 17
2 Kron. 18:171Fi 22:18
2 Kron. 18:18Yes 6:1; Eze 1:26; Nyɖ 20:11
2 Kron. 18:18Hio 1:6; Da 7:9, 10
2 Kron. 18:181Fi 22:19-23
2 Kron. 18:20Ps 104:4
2 Kron. 18:22Yes 19:14; Eze 14:9
2 Kron. 18:232Kr 18:10
2 Kron. 18:23Yr 20:2; Mr 14:65
2 Kron. 18:232Kr 18:7
2 Kron. 18:231Fi 22:24-28
2 Kron. 18:262Kr 16:10; Dw 5:18
2 Kron. 18:274Mo 16:29
2 Kron. 18:28Yos 20:8; 1Fi 22:29-33; 2Kr 18:2
2 Kron. 18:312Mo 14:10; 2Kr 13:14
2 Kron. 18:331Fi 22:34, 35
2 Kron. 18:342Kr 18:22
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • 1
  • 2
  • 3
  • 4
  • 5
  • 6
  • 7
  • 8
  • 9
  • 10
  • 11
  • 12
  • 13
  • 14
  • 15
  • 16
  • 17
  • 18
  • 19
  • 20
  • 21
  • 22
  • 23
  • 24
  • 25
  • 26
  • 27
  • 28
  • 29
  • 30
  • 31
  • 32
  • 33
  • 34
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
2 Kronika 18:1-34

2 Kronika

18 Kesinɔnu geɖe su Yehosafat si, eye bubu hã nɔ eŋu,+ gake ena srɔ̃ɖekadodo nɔ eya kple Ahab+ dome. 2 Eya ta le ƒe aɖewo megbe la, eyi Ahab gbɔ le Samaria;+ eye Ahab tsɔ alẽ kple nyi geɖe sa vɔ ɖe Yehosafat kple eŋumewo ta. Eye wòbia tso esi* be wòaho kpli ye ɖe Ramot-Gilead+ ŋu. 3 Eye Israel-fia Ahab bia Yehosafat be: “Àyi Ramot-Gilead kplima?” Eɖo eŋu nɛ be: “Nye kpli wò la, ame ɖekae míenye, eye nye dukɔ la, wò dukɔe; míakpe ɖe ŋuwò le aʋa la me.”

4 Gake Yehosafat gblɔ na Israel-fia be: “Meɖe kuku, bia gbe Yehowa+ gbã.” 5 Eya ta Israel-fia la ƒo nyagblɔɖila alafa ene nu ƒu, eye wòbia wo be: “Mího aʋa ɖe Ramot-Gilead ŋu loo alo matasia?” Woɖo eŋu be: “Ho yi, eye Mawu vavã la atsɔe ade asi na fia la.”

6 Ke Yehosafat gblɔ be: “Ðe Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖeke megale afi sia oa?+ Mina míabia gbe eya hã kpɔ.”+ 7 Eye Israel-fia ɖo eŋu na Yehosafat be: “Ame ɖeka gali+ si gbɔ míabia gbe Yehowa le; gake melé fui, elabena megblɔa nya nyui aɖeke ɖi le ŋunye o, negbe nya vɔ̃wo ko wògblɔna ɣesiaɣi.+ Eyae nye Mikaya, Yimla vi.” Gake Yehosafat gblɔ be: “Fia megagblɔ nya ma o.”

8 Eya ta Israel-fia la yɔ fiaŋume ɖeka gblɔ be: “Yi ɖakplɔ Mikaya, Yimla vi, vɛ fifi laa.”+ 9 Ke Israel-fia kple Yuda-fia Yehosafat le woƒe fiawuwo me, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi; wonɔ anyi ɖe nukuƒoƒe le Samaria dua ƒe agbo nu; eye nyagblɔɖilawo katã nɔ nya gblɔm ɖi le wo ŋkume. 10 Eye Zedekiya, Kenaana vi la, tsɔ ga wɔ lãdzowo, eye wògblɔ be: “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esiawoe nàtsɔ atu* Siriatɔwo va se ɖe esime nàtsrɔ̃ wo keŋkeŋ.’” 11 Eye nyagblɔɖila bubuawo katã hã nɔ nya ɖeka ma ke gblɔm ɖi be: “Ho yi Ramot-Gilead,+ eye adze edzi na wò; Yehowa atsɔe ade asi na fia la.”

12 Ame dɔdɔ si yi Mikaya yɔ ge la gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa! Nyagblɔɖilawo katã ƒe nu sɔ, eye wogblɔ nya nyui na fia la. Meɖe kuku, na wò hã wò nya nanɔ abe wo tɔ ene,+ eye nàƒo nu nyuie.”+ 13 Ke Mikaya gblɔ be: “Zi ale si Yehowa le agbe la, nya si nye Mawu agblɔ lae magblɔ.”+ 14 Esi wòva fiaa gbɔ la, fia la biae be: “Mikaya, mího aʋa ɖe Ramot-Gilead ŋu loo alo matasia?” Eɖo eŋu enumake be: “Ho yi, eye àɖu dzi; woatsɔ wo ade asi na mi.” 15 Eye fia la biae be: “Zi neni gɔ̃ mana nàka atam be nàgblɔ nyateƒe sɔŋ ko nam le Yehowa ƒe ŋkɔ me?” 16 Eya ta Mikaya gblɔ be: “Mekpɔ Israel-viwo katã kaka ɖe towo dzi, abe alẽ siwo nu kplɔla aɖeke mele o ene.+ Yehowa gblɔ be, ‘Aƒetɔ aɖeke mele wo nu o. Wo dometɔ ɖe sia ɖe negbugbɔ yi aƒe me le ŋutifafa me.’”

17 Eye Israel-fia la gblɔ na Yehosafat be: “Nyemegblɔe na wò be, ‘Magblɔ nya nyui aɖeke ɖi le ŋunye o, negbe nya vɔ̃wo ko’ oa?”+

18 Mikaya gagblɔ be: “Eya ta mise Yehowa ƒe nya: Mekpɔ Yehowa wòbɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi,+ eye dziƒoʋakɔ blibo la katã+ tɔ ɖe eƒe ɖusime kple eƒe miame.+ 19 Eye Yehowa bia be, ‘Ame kae aflu Israel-fia Ahab, ne wòaho ayi aɖatsi aʋa le Ramot-Gilead?’ Ame si gblɔ be ale, eye ame kemɛ hã be ale. 20 Mlɔeba gbɔgbɔ*+ aɖe do va tɔ ɖe Yehowa ŋkume, eye wògblɔ be: ‘Maflui.’ Yehowa biae be, ‘Aleke nàwɔe?’ 21 Eɖo eŋu be, ‘Mayi aɖazu beblegbɔgbɔ le eƒe nyagblɔɖilawo katã ƒe nu me.’ Eye wògblɔ be, ‘Àte ŋu aflui, eye àkpɔ dzidzedze hã. Heyi ɖawɔe nenema.’ 22 Eye Yehowa tsɔ beblegbɔgbɔ de wò nyagblɔɖila siawo ƒe nu me,+ evɔ wònye Yehowa ɖo vɔ̃ ɖe ŋuwò.”

23 Eye Zedekiya,+ Kenaana vi, te va ƒo tome+ na Mikaya+ gblɔ be: “Mɔ kae Yehowa ƒe gbɔgbɔ la to dzo le gbɔnye hafi va ƒo nu kpli wò?”+ 24 Mikaya ɖo eŋu be: “Kpɔ ɖa! Gbe si gbe nàge ɖe xɔ ememetɔ me be yeabe la, àkpɔ mɔa.” 25 Eye Israel-fia la ɖe gbe be: “Milé Mikaya yi ɖade dununɔla Amon kple fiavi Yoas si. 26 Migblɔ na wo be, ‘Ale fia la gblɔe nye esi: “Mitsɔ ame sia de gaxɔ me,+ eye mina abolo vi aɖe kple tsi vi aɖe koe, va se ɖe esime megbɔ le ŋutifafa me.”’” 27 Ke Mikaya ɖo eŋu be: “Ne ètrɔ gbɔ le ŋutifafa me la, ekema Yehowa meƒo nu kplim o.”+ Eye wògblɔ kpee be: “Mi dukɔwo katã, mide dzesii!”

28 Eye Israel-fia kple Yuda-fia Yehosafat ho yi Ramot-Gilead.+ 29 Azɔ Israel-fia gblɔ na Yehosafat be: “Matrɔ nye dzedzeme ahayi aʋa la nu, ke wò la, nɔ wò fiawu me.” Ale Israel-fia la trɔ eƒe dzedzeme heyi aʋa la nu. 30 Ke Siria-fia de se na eƒe tasiaɖam-megãwo be: “Migawɔ aʋa kple ame tsɛ alo ame ŋkuta aɖeke o, negbe Israel-fia la ko.” 31 Esi tasiaɖam-megãwo kpɔ Yehosafat ko la, wogblɔ be: “Eyae nye Israel-fia la!” Eya ta wotrɔ ɖe eŋu be yewoawɔ aʋa kplii; eye Yehosafat de asi ɣlidodo me be woaxɔ na ye,+ eye Yehowa xɔ nɛ, ale be Mawu trɔ wo ɖa le eŋu enumake. 32 Esi tasiaɖam-megãwo kpɔ be menye Israel-fia lae o ko la, enumake wogbugbɔ le eyome.

33 Ke ŋutsu aɖe vu eƒe da me hedae ɖe yame ko, eye aŋutrɔa va te Israel-fia le eƒe gawua kpeƒe. Eya ta fia la gblɔ na eƒe tasiaɖamdola la be: “Trɔ nàkplɔm dzoe le aʋagbea dzi,* elabena mexɔ abi vevie.”+ 34 Wowɔ aʋa la ŋkeke bliboa katã, eye wòva hiã be woalé Israel-fia la ɖe tsitrenu le tasiaɖam la me adze ŋgɔ Siriatɔwo va se ɖe fiẽ, eye wòku esi ɣe ɖo to.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe