Ezekiel
15 Eye Yehowa ƒe gbe gava nam be: 2 “Amegbetɔvi, mɔ ka nue wainka alo eƒe alɔ sɔ kple avemeti bubuwo katã le? 3 Ðe woate ŋu aɖe ati tso eme atsɔ awɔ nanea? Alo ɖe amewo tsɔnɛ wɔa tsyoti ne woaku nu ɖe eŋua? 4 Kpɔ ɖa! Wotsɔnɛ wɔa nake doa dzoe, eye ne dzo fiã eƒe nugbɔ eveawo, eye dzo ƒo domedome nɛ la, ɖe wòganyo na nane wɔwɔa? 5 Esi wòle blibo gɔ̃ hã la, wometea ŋu zãnɛ tsɔ wɔa naneke o. Ke esi dzo fiãe eye wòƒo dzo la, ɖe wòganyo na nane wɔwɔa?”
6 “Eya ta ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ale si ko metsɔ wainka na le avemetiwo dome be woatsɔ ado dzoe la, nenemae mawɔ Yerusalem nɔlawoe.+ 7 Metɔ ŋku wo. Dzo nue wosi le, gake dzoe afiã wo. Eye ne metɔ ŋku wo la, ekema miadze sii be, nyee nye Yehowa.’”+
8 “‘Mana anyigba la nazu gbegbe,+ elabena womewɔ nuteƒe o,’+ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ye gblɔe.”