Psalmowo
Na henɔ la, woadzii ɖe kasaŋku dzi, ɖe Seminit* dzi. David ƒe ha.
6 Oo Yehowa, mègaka mo nam le dziku me o,
Eye mègaɖɔm ɖo le dɔmedzoe me o.+
2 Oo Yehowa, ve nunye* elabena eglom vɔ.
Oo Yehowa, da gbe le ŋunye,+ elabena nu te nye ƒuwo ŋu.
6 Meɖe hũ ʋuu ɖeɖi te ŋunye;+
Mefa aɖatsi zã bliboa katã nye aba ƒo tsi belee;*
Mefa avi kakaka nye dɔƒe ƒo tsi bekee.+
8 Mi nu vlo wɔlawo katã, mite ɖa le gbɔnye,
Elabena Yehowa ase nye avigbe la.+
9 Yehowa ase nye kokoƒoƒo;+
Yehowa ase nye gbedodoɖa.
10 Ŋukpe alé nye futɔwo katã eye woatɔtɔ;
Woagbugbɔ ɖe megbe eye woƒe mo atsi dãa enumake.+