Hiob
18 Suatɔ Bildad+ ɖo eŋu be:
2 “Ɣekaɣi gɔ̃ miadzudzɔ nya siawo gbɔgblɔ?
Mise nu gɔme, ekema míate ŋu aƒo nu.
4 Ne èvuvu ɖokuiwò* ʋayɛʋayɛ le wò dɔmedzoe me hã,
Ðe woagblẽ anyigba la ɖi le tawò,
Alo ɖe agakpe aho le eteƒea?
5 Ɛ̃, ame vɔ̃ɖi ƒe akaɖi atsi,
Eye eƒe dzo mabi o.+
6 Kekeli si le eƒe agbadɔ me ado viviti,
Eye akaɖi si le etame hã atsi.
7 Eƒe azɔlizɔzɔ kãkãkã la me agbɔdzɔ,
Eye eya ŋutɔ ƒe adaŋudede aƒui anyi.+
8 Elabena eƒe afɔ akplɔe ade ɖɔ me,
Eye wòazɔ ade afɔ ɖɔkawo me.
9 Mɔ̃ alé afɔkpodzi nɛ;
Mɔ̃ka alée sesĩe.+
10 Woɣla adoboli ɖe anyigba nɛ,
Eye wotre mɔ̃ ɖe etoƒe.
11 Ŋɔdzinuwo doa voɖi nɛ le goawo katã me+
Eye woyɔnɛ ɖe nu kplikplikpli.
13 Eƒe lãyi vɔ le eŋu;
Dɔléle vɔ̃ɖitɔ kekeake* ɖu eƒe abɔwo kple afɔwo.
16 Eƒe kewo aƒu le to me,
Eye eƒe alɔwo ayrɔ le dzi.
17 Womagaɖo ŋku edzi le anyigba dzi o,
Eye woaŋlɔ eƒe ŋkɔ be le ablɔwo me.*
18 Woatu asii tso kekeli me aɖo ɖe viviti me
Eye woanyae ɖa le anyigba wɔnu la dzi.
19 Vi alo dzidzime aɖeke manɔ esi le eƒe dukɔ la dome o,
Eye ame aɖeke makpɔtɔ nɛ ɖe enɔƒe o.*
20 Ne eƒe ŋkeke de la, Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe nu aku
Eye dzidzi aƒo Ɣedzeƒetɔwo.
21 Esiae dzɔna ɖe nu gbegblẽ wɔla ƒe agbadɔ dzi
Eye aleae ame si menya Mawu o la ƒe nɔƒe zunae.”