Psalmowo
Na henɔ la; ɖe kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi dzi. David ƒe ha.
61 Oo Mawu, se nye kokoƒoƒo.
Lé to ɖe nye gbedodoɖa ŋu.+
Kplɔm yi agakpe si kɔ wum la dzi.+
3 Elabena wòe nye nye sitsoƒe,
Kple nye mɔ́ sesẽ, si kpɔa tanye tso futɔ la si me.+
5 Elabena Oo Mawu, èse nye adzɔgbeɖeɖewo.
Èna ame siwo vɔ̃a wò ŋkɔ la ƒe domenyinum.+
6 Àdzi fia la ƒe agbemeŋkekewo ɖe edzi nɛ,+
Eye eƒe agbenɔƒewo anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime.