Psalmowo
Na henɔ la. Hadzidzi. Kafukafuha.
66 Mi anyigbawo katã, mido dzidzɔɣli na Mawu.+
3 Migblɔ na Mawu be: “Wò dɔwɔwɔwo dzi ŋɔ loo!+
Wò futɔwo adzo nyanyanya abɔbɔ ɖe ŋkuwòme+
Le wò ŋusẽ triakɔ la ta.
4 Anyigba blibo la katã ade ta agu na wò;+
Eye woadzi kafukafuha na wò;
Woadzi kafukafuha na wò ŋkɔ.”+ (Sela)
5 Miva, ne miakpɔ Mawu ƒe dɔwɔwɔwo.
Nu dziŋɔwoe wòwɔ na amegbetɔviwo.+
Afi mae míetso aseye ɖe eŋu le.+
7 Ele dzi ɖum le eƒe ŋusẽ me tegbee.+
Eƒe ŋkuwo le dukɔwo ŋu.+
Tosẽlawo megado wo ɖokuiwo ɖe dzi o.+ (Sela)
8 Mi dukɔwo, mikafu mía Mawu la,+
Eye mina eƒe kafukafu naɖi.
10 Oo Mawu, èdo mí kpɔ;+
Èdza mía ŋu abe ale si wodzaa klosalo ŋui ene.
11 Èkplɔ mí de ɖɔ me;
Èda agba kpekpe ɖe mía dzi.*
12 Èna amegbetɔ si kuna la ɖu mía dzi;*
Míeto dzo me, eye míeto tɔ me;
Eye nèɖe mí hekplɔ mí yi gbɔɖemeƒe.
13 Matsɔ numevɔsa blibowo ava aƒewò me;+
Maxe nye adzɔgbeɖefewo na wò,+
14 Esiwo do tso nye nu me,+
Kple ŋugbe siwo meke nu do esi meɖo xaxa me.
15 Matsɔ lã damiwo asa numevɔ na wò,
Eye matsɔ agbowo ado dzudzɔ na wò.
Matsɔ nyitsuwo kple gbɔ̃tsuwo asa vɔ na wò. (Sela)
17 Eyae meke nu yɔ
Eye metsɔ nye aɖe kafui.
18 Ne ɖe meɖo nu vɔ̃ɖi ɖe dzi me la,
Anye ne Yehowa maɖo tom o.+
20 Woakafu Mawu, ame si megbe nye gbedodoɖa o
Eye mete eƒe lɔlɔ̃ vavã ɖa le gbɔnye o.