INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Ʋɔnudrɔ̃lawo 4
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

Ʋɔnudrɔ̃lawo Totoɖeme

      • Kanaan-fia Yabin te Israel ɖe anyi (1-3)

      • Nyɔnunyagblɔɖila Debora kple ʋɔnudrɔ̃la Barak (4-16)

      • Yael wu aʋafia Sisera (17-24)

Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:1

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 2:19

Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:2

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “Haroset-Goyim.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 2:14; 3:8; 10:7
  • +Ʋɔn 4:16

Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:3

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Egɔmeɖeɖe tẽe, “gatasiaɖamwo.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 2:18; 3:9; Ps 107:19
  • +Yos 17:16; Ʋɔn 1:19
  • +5Mo 28:48

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    4/2017, axa 29

Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:4

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Mo 15:20; 2Fi 22:14; Lk 2:36; Dw 21:8, 9

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    8/1/2015, axa 12

Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:5

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Yos 18:21, 25
  • +1Mo 28:17, 19

Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:6

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “Kplɔ wò amewo yi ɖe.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Heb 11:32
  • +Yos 21:32

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    11/15/2003, axa 28-29

Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:7

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “tɔʋu.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 18:40; Ps 83:9
  • +5Mo 20:1

Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:8

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    8/1/2015, axa 13

    1/15/2005, axa 25

    11/15/2003, axa 29

Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:9

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 4:21, 22; 5:24, 26
  • +Yos 20:7, 9; 21:32

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    11/15/2003, axa 29

Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:10

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 5:18

Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:11

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +4Mo 24:21; Ʋɔn 1:16; 1Sa 15:6
  • +4Mo 10:29

Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:12

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 4:6

Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:13

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Egɔmeɖeɖe tẽe, “gatasiaɖamwo.”

  • *

    Alo, “tɔʋu.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 5:20, 21

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    4/2017, axa 29

    Gbetakpɔxɔ,

    8/1/2015, axa 14

Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:14

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    8/1/2015, axa 14

    12/15/1998, axa 11-12

Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:15

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Mo 14:24; Yos 10:10

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    8/1/2015, axa 14

    12/15/1998, axa 11-12

Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:16

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +3Mo 26:7

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    8/1/2015, axa 14

Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:17

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 5:24
  • +Ʋɔn 4:11
  • +Ʋɔn 4:1, 2

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    8/1/2015, axa 14

Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:18

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    8/1/2015, axa 15

Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:19

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 5:25

Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:21

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 4:9; 5:26, 27

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    8/1/2015, axa 15

Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:22

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    8/1/2015, axa 15

Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:23

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Heb 11:32, 33

Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:24

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Mo 9:25
  • +5Mo 7:24

Bubuwo

Ʋɔn. 4:1Ʋɔn 2:19
Ʋɔn. 4:2Ʋɔn 2:14; 3:8; 10:7
Ʋɔn. 4:2Ʋɔn 4:16
Ʋɔn. 4:3Ʋɔn 2:18; 3:9; Ps 107:19
Ʋɔn. 4:3Yos 17:16; Ʋɔn 1:19
Ʋɔn. 4:35Mo 28:48
Ʋɔn. 4:42Mo 15:20; 2Fi 22:14; Lk 2:36; Dw 21:8, 9
Ʋɔn. 4:5Yos 18:21, 25
Ʋɔn. 4:51Mo 28:17, 19
Ʋɔn. 4:6Heb 11:32
Ʋɔn. 4:6Yos 21:32
Ʋɔn. 4:71Fi 18:40; Ps 83:9
Ʋɔn. 4:75Mo 20:1
Ʋɔn. 4:9Ʋɔn 4:21, 22; 5:24, 26
Ʋɔn. 4:9Yos 20:7, 9; 21:32
Ʋɔn. 4:10Ʋɔn 5:18
Ʋɔn. 4:114Mo 24:21; Ʋɔn 1:16; 1Sa 15:6
Ʋɔn. 4:114Mo 10:29
Ʋɔn. 4:12Ʋɔn 4:6
Ʋɔn. 4:13Ʋɔn 5:20, 21
Ʋɔn. 4:152Mo 14:24; Yos 10:10
Ʋɔn. 4:163Mo 26:7
Ʋɔn. 4:17Ʋɔn 5:24
Ʋɔn. 4:17Ʋɔn 4:11
Ʋɔn. 4:17Ʋɔn 4:1, 2
Ʋɔn. 4:19Ʋɔn 5:25
Ʋɔn. 4:21Ʋɔn 4:9; 5:26, 27
Ʋɔn. 4:23Heb 11:32, 33
Ʋɔn. 4:241Mo 9:25
Ʋɔn. 4:245Mo 7:24
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • 1
  • 2
  • 3
  • 4
  • 5
  • 6
  • 7
  • 8
  • 9
  • 10
  • 11
  • 12
  • 13
  • 14
  • 15
  • 16
  • 17
  • 18
  • 19
  • 20
  • 21
  • 22
  • 23
  • 24
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:1-24

Ʋɔnudrɔ̃lawo

4 Ke le Ehud ƒe ku megbe la, Israel-viwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume.+ 2 Eya ta Yehowa tsɔ wo dzra na Kanaan-fia+ Yabin, si ɖu fia le Hazor. Eƒe aʋafiae nye Sisera, ame si nɔ dukɔwo ƒe Haroset.*+ 3 Israel-viwo do ɣli na Yehowa,+ elabena aʋatasiaɖam siwo ƒe afɔtiwo ŋu lãnuwo le*+ alafa asieke le Yabin si, eye wòte Israel-viwo+ ɖe anyi vevie ƒe blaeve sɔŋ.

4 Ke nyɔnunyagblɔɖila+ Debora, Lapidot srɔ̃, nɔ ʋɔnu drɔ̃m Israel ɣemaɣi. 5 Enɔa Debora ƒe deti te le Rama+ kple Betel+ dome le Efrayim tonuto la me; eye Israel-viwo yia egbɔ wòdrɔ̃a ʋɔnu na wo. 6 Edɔ woyi ɖayɔ Barak,+ Abinoam vi, tso Kedes-Naftali+ vɛ, eye wògblɔ nɛ be: “Ðe Yehowa, Israel ƒe Mawu la, mede se oa? ‘Ho yi* Tabor To la dzi, nàɖe ame akpe ewo tso Naftali viwo kple Zebulon viwo dome kpe ɖe ɖokuiwò ŋu. 7 Makplɔ Sisera, Yabin ƒe aʋafia kple eƒe aʋatasiaɖamwo kpakple eƒe aʋakɔ la vɛ na wò le Kison-tɔsisi*+ la nu, eye matsɔe ade asi na wò.’”+

8 Ke Barak gblɔ nɛ be: “Ne àyi kplim la, ekema mayi; ke ne màyi kplim o la, nye hã nyemayi o.” 9 Eɖo eŋu be: “Mayi kpli wò godoo. Ke hã, aʋa si kpe ge miele la ƒe bubu mava na wò o, elabena nyɔnu aɖe si mee Yehowa atsɔ Sisera+ ade.” Ale Debora tso yi Kedes+ kpe ɖe Barak ŋu. 10 Barak yɔ Zebulon kple Naftali+ va ƒo ƒu ɖe Kedes, eye ŋutsu akpe ewo dze eyome. Debora hã yi kplii.

11 Edzɔ be Kenitɔ Heber dzo le Kenitɔ+ siwo nye Mose to+ Hobab ƒe dzidzimeviwo gbɔ, eye wòva tu eƒe agbadɔ ɖe ati gã la xa le Zaananim le Kedes.

12 Wova gblɔ na Sisera be Barak, Abinoam vi, yi Tabor To+ la dzi. 13 Enumake Sisera ƒo eƒe aʋatasiaɖamwo katã—aʋatasiaɖam siwo ƒe afɔtiwo ŋu lãnuwo le* alafa asieke—kple eƒe aʋakɔ blibo la nu ƒu tso dukɔwo ƒe Haroset, eye woho yi Kison-tɔsisi*+ la nu. 14 Azɔ Debora gblɔ na Barak be: “Tso, elabena egbee Yehowa atsɔ Sisera ade asi na wò. Ðe Yehowa medze ŋgɔwò oa?” Ale Barak ɖi tso Tabor To la dzi, eye ŋutsu akpe ewoawo dze eyome. 15 Eye Yehowa tsɔ yi de tɔtɔ+ Sisera kple eƒe aʋatasiaɖamwo katã kple aʋakɔ blibo la katã dome le Barak ŋgɔ. Mlɔeba Sisera ɖi le eƒe tasiaɖam la me heto afɔ si. 16 Barak nya aʋatasiaɖamawo kple aʋakɔ la ɖe nu va se ɖe dukɔwo ƒe Haroset ke. Ale Sisera ƒe aʋakɔ blibo la tsi yi nu; wo dometɔ ɖeka hɔ̃ hã mekpɔtɔ o.+

17 Ke Sisera to afɔ si yi nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Yael,+ Kenitɔ Heber+ srɔ̃ ƒe agbadɔ gbɔ, elabena ŋutifafa le Hazor-fia Yabin+ kple Kenitɔ Heber ƒe aƒe la dome. 18 Eye Yael do yi ɖakpe Sisera gblɔ nɛ be: “Nye aƒetɔ, ge ɖe eme, va dze gbɔnye. Mègavɔ̃ o.” Eya ta eyi eƒe agbadɔ la me, eye wòtsyɔ kuntru nɛ. 19 Eye wògblɔ na nyɔnua be: “Meɖe kuku, na tsi vi aɖem mano, elabena tsikɔ le wuyem.” Eya ta eʋu lãgbalẽgolo si me notsi le, eye wòna ɖee wòno,+ emegbe wògatsɔ kuntru la tsyɔ nɛ. 20 Egblɔ nɛ be: “Yi ɖatɔ ɖe agbadɔ la nu, eye ne ame aɖe va bia wò be: ‘Ŋutsu aɖe le afi sia?’ hã la, gblɔ be: ‘Ao!’”

21 Ke Yael, Heber srɔ̃ tsɔ agbadɔtsyoti kple zu ɖe asi. Eye esi ɖeɖi te Sisera ŋu belibeli wòyi alɔ̃ me ʋĩi la, ete ɖe eŋu dzaa eye wòƒo tsyoti la ɖe tonu nɛ heƒoe wòdo ɖe anyigba, ale wòku.+

22 Barak ti Sisera yome yi afi ma, eye Yael do yi ɖakpee hegblɔ nɛ be: “Va mafia ame si dim nèle la wò.” Ale eya kplii woge ɖe eme, eye wòkpɔ Sisera wòku ɖi, tsyoti la ƒo ɖe tonu nɛ.

23 Ale Mawu bɔbɔ Kanaan-fia Yabin ɖe anyi le Israel-viwo ŋkume gbe ma gbe.+ 24 Eye Israel-viwo ƒe asi nɔ sesẽm ɖe Kanaan-fia+ Yabin dzi va se ɖe esime wotsrɔ̃ Kanaan-fia+ Yabin ɖa keŋkeŋ.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe