INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 1 Korintotɔwo 8
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

1 Korintotɔwo Totoɖeme

      • Nuɖuɖu si wotsɔ sa vɔ na trɔ̃wo (1-13)

        • Mawu ɖeka koe li na mí (5, 6)

1 Korintotɔwo 8:1

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 15:20, 29
  • +Ro 14:14; 1Ko 8:10
  • +1Ko 8:13; 13:4, 5

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    9/2018, axa 12-16

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    8/2017, axa 29

    Nyɔ!,

    1/2009, axa 8

    1/8/1994, axa 16

    Gbetakpɔxɔ,

    1/1/2001, axa 9

1 Korintotɔwo 8:3

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    9/2019, axa 12

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    7/2018, axa 8

1 Korintotɔwo 8:4

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +5Mo 32:21; 2Fi 19:17, 18; Yr 16:20
  • +5Mo 6:4; 32:39

1 Korintotɔwo 8:5

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ps 82:1, 6; Yh 10:34, 35

1 Korintotɔwo 8:6

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Ti 2:5
  • +Mal 2:10; Mt 23:9
  • +Dw 17:28; Ro 11:36
  • +Yh 1:1, 3; Kol 1:15, 16

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Mawuɖekaetɔ̃, axa 14

1 Korintotɔwo 8:7

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ro 14:14
  • +1Ko 10:27, 28
  • +Ro 14:23

1 Korintotɔwo 8:8

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ro 14:17
  • +Heb 13:9

1 Korintotɔwo 8:9

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ro 14:13, 20

1 Korintotɔwo 8:11

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ro 14:15

1 Korintotɔwo 8:12

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Ko 10:28, 29

1 Korintotɔwo 8:13

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Mt 18:6; Ro 14:15, 21

Bubuwo

1 Kor. 8:1Dw 15:20, 29
1 Kor. 8:1Ro 14:14; 1Ko 8:10
1 Kor. 8:11Ko 8:13; 13:4, 5
1 Kor. 8:45Mo 32:21; 2Fi 19:17, 18; Yr 16:20
1 Kor. 8:45Mo 6:4; 32:39
1 Kor. 8:5Ps 82:1, 6; Yh 10:34, 35
1 Kor. 8:61Ti 2:5
1 Kor. 8:6Mal 2:10; Mt 23:9
1 Kor. 8:6Dw 17:28; Ro 11:36
1 Kor. 8:6Yh 1:1, 3; Kol 1:15, 16
1 Kor. 8:7Ro 14:14
1 Kor. 8:71Ko 10:27, 28
1 Kor. 8:7Ro 14:23
1 Kor. 8:8Ro 14:17
1 Kor. 8:8Heb 13:9
1 Kor. 8:9Ro 14:13, 20
1 Kor. 8:11Ro 14:15
1 Kor. 8:121Ko 10:28, 29
1 Kor. 8:13Mt 18:6; Ro 14:15, 21
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • 1
  • 2
  • 3
  • 4
  • 5
  • 6
  • 7
  • 8
  • 9
  • 10
  • 11
  • 12
  • 13
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
1 Korintotɔwo 8:1-13

1 Korintotɔwo

8 Ke le nuɖuɖu si wotsɔ sa vɔ na trɔ̃wo ŋuti la,+ mí katã míenya nu tso eŋu.+ Sidzedze nana ame doa eɖokui ɖe dzi, ke lɔlɔ̃ tua ame ɖo.+ 2 Ne ame aɖe susu be yenya nane gɔ̃ hã la, menyae wòde edeƒe haɖe o. 3 Ke ne ame aɖe lɔ̃ Mawu la, ekema Mawu nya eya amea.

4 Ke le nu si wotsɔ sa vɔ na trɔ̃wo ɖuɖu ŋu la, míenyae be trɔ̃ menye naneke le xexea me o,+ eye be Mawu ɖeka hɔ̃ koe li.+ 5 Togbɔ be nu siwo woyɔna be mawuwo li, eɖanye le dziƒo alo le anyigba dzi o,+ abe ale si “mawu” geɖewo kple “aƒetɔ” geɖewo li ene hã la, 6 le nyateƒe me la, Mawu ɖeka+ si nye Fofo+ la, ame si me nuwo katã dzɔ tso, eye míele agbe nɛ la, koe li na mí;+ eye Aƒetɔ ɖeka koe li, eyae nye Yesu Kristo, ame si dzi nuwo katã to va dzɔ,+ eye míawo hã míele agbe to eya dzi.

7 Gake menye amewo katã sie sidzedze sia le o.+ Ke boŋ esi ame aɖewo kpɔ gome le trɔ̃subɔsubɔ me tsã ta la, wobua nu siwo woɖuna la abe trɔ̃wo ƒe vɔsanu ene,+ eye esia ƒoa ɖi woƒe dzitsinya si gbɔdzɔ la.+ 8 Ke menye nuɖuɖue ate mí ɖe Mawu ŋu o;+ ne míeɖu nane o la, megblẽ naneke le mía ŋu o, eye ne míeɖu nane la, medoa mí ɖe ŋgɔ le go aɖeke me o.+ 9 Ke mikpɔ nyuie be miaƒe tiatiawɔblɔɖe la nagazu nuɖiaɖia na ame siwo gbɔdzɔ la le mɔ aɖeke nu o.+ 10 Elabena ne ame aɖe kpɔ wò, ame si si sidzedze le, nèle kplɔ̃ ŋu le nu ɖum le trɔ̃xɔ me la, ɖe ema mana dzi naɖo ame si ƒe dzitsinya gbɔdzɔ la ƒo, be eya hã naɖu nu siwo wotsɔ sa vɔ na trɔ̃wo oa? 11 Eya ta wò sidzedze la agblẽ nu le nɔviwò si gbɔdzɔ, ame si ta Kristo ku ɖo, la ŋu.+ 12 Ne miewɔ nu vɔ̃ ɖe mia nɔviwo ŋu alea, eye miede abi woƒe dzitsinya si gbɔdzɔ ŋu la,+ ekema miele nu vɔ̃ wɔm ɖe Kristo ŋu. 13 Eya ta ne nuɖuɖu aɖia nɔvinye nu la, ekema nyemagaɖu lã akpɔ gbeɖe o, ale be nyemaɖia nɔvinye nu o.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe