Psalmowo
Hadzidzi. David ƒe ha.
2 Oo kasaŋku, nyɔ; Oo saŋku, wò hã nyɔ.+
Mana fɔŋli nanyɔ.
3 Oo Yehowa, makafu wò le amehawo dome,
Madzi kafukafuha* na wò le dukɔwo dome.
4 Elabena wò lɔlɔ̃ si nu metsina o la sɔ gbɔ, eye wòkɔ abe dziƒowo ene,+
Eye wò nuteƒewɔwɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli.
5 Oo Mawu, do gã ɖokuiwò wòagbɔ dziƒowo ŋu;
Wò ŋutikɔkɔe nexɔ anyigba blibo la dzi.+
6 Ne woaxɔ na wò ame lɔlɔ̃awo,
Tsɔ wò nuɖusi ɖe mí, eye nàtɔ nam.+
7 Mawu ƒo nu le eƒe kɔkɔenyenye me* be:
8 Tɔnyee nye Gilead+ abe ale si Manase hã nye tɔnye ene,
Efrayim nye gakuku* na nye ta;+
Gbeɖela ƒe atikplɔe Yuda nye nam.+
Mada nye afɔkpa ɖe Edom dzi.+
Mado aʋadziɖuɣli ɖe Filistia ŋu.”+
10 Ame kae akplɔm ayi du sesẽ la me?
Ame kae anɔ ŋgɔ nam mayi keke Edom ke?+
11 Oo Mawu, ɖe menye wò, ame si gbe mí lae oa,
Ðe menye mía Mawu, ame si megahona kple míaƒe aʋakɔwo o lae oa?+