INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Kronika 16
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

2 Kronika Totoɖeme

      • Asa bla nu kple Siria (1-6)

      • Hanani ka mo na Asa (7-10)

      • Asa ku (11-14)

2 Kronika 16:1

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “ɖo gli ƒo xlã; gbugbɔ tso.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 15:25, 27
  • +Yos 18:21, 25
  • +1Fi 15:17-19

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    8/15/2012, axa 10

2 Kronika 16:2

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “fiasã.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 7:51
  • +1Fi 20:1; 2Fi 12:18; 16:8

2 Kronika 16:4

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 15:29
  • +Ʋɔn 18:29
  • +1Fi 15:20-22

2 Kronika 16:5

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “edzudzɔ gliɖoɖo ɖe Rama ŋu.”

2 Kronika 16:6

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “ɖo gli ƒo xlã; gbugbɔ tso.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Yos 18:21, 25
  • +1Fi 15:17
  • +Yos 18:21, 24; 1Kr 6:60, 64
  • +Yos 18:21, 26; Ʋɔn 20:1

2 Kronika 16:7

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Egɔmeɖeɖe tẽe, “nèziɔ.”

  • *

    Egɔmeɖeɖe tẽe, “nèziɔ.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 16:1; 2Kr 19:2; 20:34
  • +Yr 17:5

2 Kronika 16:8

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 14:9, 11; Ps 37:39, 40

2 Kronika 16:9

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Zak 4:10
  • +1Pe 3:12
  • +1Fi 15:32

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Te Ðe Yehowa Ŋu, axa 42-43

    Gbetakpɔxɔ,

    10/15/2002, axa 14

2 Kronika 16:10

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Egɔmeɖeɖe tẽe, “gaxɔ me hebɔ pãe.”

2 Kronika 16:11

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 15:23

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    3/15/2009, axa 32

2 Kronika 16:12

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    8/15/2012, axa 10

2 Kronika 16:13

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 15:24

2 Kronika 16:14

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Edze ƒãa be menye ɖe wotɔ dzo Asa o, ke boŋ atike ʋeʋĩwoe wotsɔ do dzudzɔe.

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Sa 5:7
  • +Mr 16:1; Lk 23:55, 56; Yh 19:40

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    12/1/2005, axa 20

Bubuwo

2 Kron. 16:11Fi 15:25, 27
2 Kron. 16:1Yos 18:21, 25
2 Kron. 16:11Fi 15:17-19
2 Kron. 16:21Fi 7:51
2 Kron. 16:21Fi 20:1; 2Fi 12:18; 16:8
2 Kron. 16:42Fi 15:29
2 Kron. 16:4Ʋɔn 18:29
2 Kron. 16:41Fi 15:20-22
2 Kron. 16:6Yos 18:21, 25
2 Kron. 16:61Fi 15:17
2 Kron. 16:6Yos 18:21, 24; 1Kr 6:60, 64
2 Kron. 16:6Yos 18:21, 26; Ʋɔn 20:1
2 Kron. 16:71Fi 16:1; 2Kr 19:2; 20:34
2 Kron. 16:7Yr 17:5
2 Kron. 16:82Kr 14:9, 11; Ps 37:39, 40
2 Kron. 16:9Zak 4:10
2 Kron. 16:91Pe 3:12
2 Kron. 16:91Fi 15:32
2 Kron. 16:111Fi 15:23
2 Kron. 16:131Fi 15:24
2 Kron. 16:142Sa 5:7
2 Kron. 16:14Mr 16:1; Lk 23:55, 56; Yh 19:40
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • 1
  • 2
  • 3
  • 4
  • 5
  • 6
  • 7
  • 8
  • 9
  • 10
  • 11
  • 12
  • 13
  • 14
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
2 Kronika 16:1-14

2 Kronika

16 Le Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃ vɔ adelia me la, Israel-fia Baasa+ ho ɖe Yuda ŋu, eye wòkeke* Rama+ ɖe nu, ne wòaxe mɔ be ame aɖeke nagado alo ava Yuda-fia Asa gbɔ o.+ 2 Eya ta Asa tsɔ klosalo kple sika le Yehowa ƒe aƒe+ la kple fia ƒe aƒe* ƒe kesinɔnudzraɖoƒewo ɖo ɖe Siria-fia+ Ben-Hadad, si le Damasko, gblɔ be: 3 “Nubabla le nye kpli wò dome, enɔ fofonye kple fofowò dome. Mele klosalo kple sika ɖom ɖe wò. Va gblẽ nu, si nèbla kple Israel-fia Baasa la me, ne wòaho adzo le gbɔnye.”

4 Eya ta Ben-Hadad ɖo to Fia Asa, eye wòdɔ eƒe aʋakɔwo ƒe tatɔwo ɖe Israel duwo ŋu, eye woyi ɖasi Iyon,+ Dan+ kple Abel-Maim, eye wogbã Naftali duwo ƒe nudzraɖoƒewo katã.+ 5 Esi Baasa see la, enumake edzudzɔ Rama tsotso,* eye wòtasi eƒe dɔ la. 6 Ke Fia Asa kplɔ Yuda blibo la woyi ɖafɔ kpe kple ati siwo Baasa tsɔ nɔ Rama+ tsomee la,+ eye wòtsɔe tso* Geba+ kple Mizpa+ duwo.

7 Ɣemaɣi nukpɔla Hanani+ va Yuda-fia Asa gbɔ, eye wògblɔ nɛ be: “Esi nèɖo ŋu* ɖe Siria-fia ŋu, eye mèɖo ŋu* ɖe Yehowa wò Mawu la ŋu o ta la, Siria-fia ƒe aʋakɔ la do le asiwò me.+ 8 Ðe Etiopiatɔwo kple Libiatɔwo menye aʋakɔ gã aɖe ŋutɔ hekpe ɖe tasiaɖamwo kple sɔdolawo ŋu oa? Gake esi nèɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la, etsɔ wo de asi na wò.+ 9 Elabena Yehowa ƒe ŋkuwo kpɔa afi sia afi le anyigba blibo la dzi,+ ne wòazã eƒe ŋusẽ atsɔ axɔ na ame siwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.+ Èwɔ bometsinu le nya sia me; tso fifia dzi la, aʋa anɔ dowòme.”+

10 Ke dzi ku Asa ɖe nukpɔla la ŋu, eye wòdee gaxɔ me,* elabena edo dziku helĩhelĩ ɖe eŋu le esia ta. Asa te funyafunyawɔwɔ dukɔ la me tɔ bubu aɖewo hã ɣemaɣi. 11 Asa ŋutinyawo, tso gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu la, woŋlɔ wo ɖe Yuda Kple Israel Fiawo Ƒe Agbalẽ me.+

12 Eye le Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃ vɔ asiekelia me la, edze dɔ ɖe afɔ, eye dɔléle la nu va sẽ ɖe edzi; gake metrɔ ɖe Yehowa ŋu le eƒe dɔléɣi la gɔ̃ hã o, ke boŋ etrɔ ɖe gbedalawo ŋu. 13 Asa ku le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaene vɔ ɖekɛlia me, eye wotsɔe mlɔ tɔgbuiawo gbɔ.+ 14 Ale woɖii ɖe eƒe yɔdo kpeɖi si wòɖe na eɖokui le David Ƒe Du la me la me,+ eye wotsɔe mlɔ aba si dzi yɔ fũu kple balsam-mi kple ami ʋeʋĩ vovovo siwo wotsaka tsɔ wɔ ami ʋeʋĩ+ tɔxɛ aɖe la dzi. Eye wodo dzo gã aɖe tsɔ de bubu eŋu le eƒe kuteƒe.*

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe