Psalmowo
Hadzidzi. Kora viwo ƒe ha.+ Na henɔ la; ɖe Mahalat* ƒe atsyã nu, ne wòanye ha si woaxe. Ezrahitɔ Heman+ ƒe Maskil.*
4 Wobum ɖe yɔmeyilawo dome;+
5 Wogblẽm ɖe kukuawo dome
Abe ame tsiaʋa siwo le yɔdo me ene,
Abe ame siwo dzi mègaɖo ŋkui o,
Siwo woɖe ɖa le wò dzikpɔkpɔ te* la ene.
6 Ètsɔm de do goglotɔ me,
Le viviti me, le aʋli gã aɖe me.
7 Wò dziku nu sẽ ɖe dzinye,+
Eye nètsɔ wò ƒutsotsoewo tem ɖe to. (Sela)
8 Èna nye ame nyanyɛwo ka hlẽ le ŋunye;+
Èna mele ŋu nyɔm na wo.
Mele ga me, eye dodo meli nam o.
9 Nu te nye ŋkuwo ŋu le nye xaxawo ta.+
Oo Yehowa, meyɔa wò ŋkeke bliboa;+
Meke nye abɔwo me na wò.
10 Ðe nàwɔ nukunuwo na ame siwo ku laa?
Kukuawo, ame siwo ŋu ŋusẽ aɖeke megale o lae afɔ akafu wòa?+ (Sela)
11 Ðe woaɖe gbeƒã wò amenuveve le yɔdo me,
Kple wò nuteƒewɔwɔ le tsɔtsrɔ̃ƒea?*
12 Ðe woade dzesi wò nukudɔwo le viviti mea,
Alo wò dzɔdzɔenyenye le anyigba si dzi womeganyaa naneke le o la?+
14 Oo Yehowa, nu ka tae nègbem?*+
Nu ka tae nèɣla wò ŋkume ɖem?+
15 Mele fu kpem tso nye ɖevime ke,
Eye meɖo kudo nu;+
Wɔna vɔ le ŋunye le nu dziŋɔ siwo ŋu nèɖe mɔ le wodzɔ ɖe dzinye la ta.
16 Wò dɔmedzoe tsyɔ dzinye;+
Wò ŋɔdzidodowo tsrɔ̃m.
17 Woƒo xlãm ŋkeke bliboa abe tsiɖɔɖɔ ene;
Wotso goawo katã me nyè tsyɔm.*
18 Èɖe xɔ̃nyewo kple zɔhɛnyewo ɖa le ŋunye yi adzɔge ʋĩi;+
Azɔ vivitie zu xɔ̃nye.