Hiob
12 Eye Hiob ɖo eŋu be:
2 “Nyateƒee, miawo koe nyaa nu,*
Eye ne mieku ko la, nunya hã nu yi kpli mi!
3 Nye hã mesea nu gɔme.*
Nyemebɔbɔ ɖe anyi wu mi o,
Ame kae menya nu siawo o?
Ame dzɔdzɔe si ŋu fɔɖiɖi mele o la zu alɔmeɖenu.
5 Ame si le dziɖeɖi me la doa vlo hiãkame,
Esusuna be ame siwo ƒe afɔ meli sesĩe o* koe hiã tuna.
6 Adzoblasuwo ƒe agbadɔwo ŋu fa,+
Eye ame siwo doa dziku na Mawu la le dedie,+
Ame siwo ƒe mawu le woƒe asiwo me.
7 Taflatsɛ, bia lãwo se, eye woafia nu wò;
Kple dziƒoxewo hã, eye woagblɔe na wò.
8 Alo trɔ ɖe anyigba ŋu,* ekema afia nu wò;
Eye ƒumelãwo atoe na wò.
9 Wo dometɔ kae menya be
Yehowa ƒe asie wɔ esia o?
11 Ðe to medoa nya kpɔna,
Abe ale si aɖe ɖɔa nu kpɔna ene oa?+
14 Ne egbã nane la, womegatea ŋu tunɛ o;+
Nu si wòtu la, ame aɖeke mete ŋu ʋunɛ o.
16 Eya sie ŋusẽ kple nunya vavãtɔ le;+
Eye etɔe ame si tra mɔ kple ame si kplɔ ame trae la siaa nye;
17 Enana adaŋudelawo tsia afɔ ƒuƒlu,*
Eye wònana ʋɔnudrɔ̃lawo tsia bome.+
18 Etua ka si fiawo tsɔ bla amewo la ɖa,+
Eye wòtsɔa alidziblaka blaa ali dzi na wo.
19 Enana nunɔlawo zɔa afɔ ƒuƒlu,+
Eye wòɖea zi le ame siwo ƒe ŋusẽ li ke la te;+
20 Edea ga nu na aɖaŋuɖola bibiwo,
Eye wòɖea nunya le tagbɔ na ame tsitsiwo;
21 Etrɔa vlododo kɔna ɖe bubumewo dzi,+
Eye wònana ŋusẽtɔwo gbɔdzɔna;*
22 Eɖea nu goglo siwo le viviti me la ɖe go,+
Eye wòhea blukɔ vaa kekeli nu;
23 Enana dukɔwo zua gã, ne wòatsrɔ̃ wo;
Enana dukɔwo kekea ta, ne wòana woayi aboyo me.