INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 1 Kronika 22
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

1 Kronika Totoɖeme

      • David dzra ɖo na gbedoxɔa tutu (1-5)

      • David na mɔfiamewo Salomo (6-16)

      • Sedede na amegãwo be woakpe ɖe Salomo ŋu (17-19)

1 Kronika 22:1

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +5Mo 12:5, 6; 2Sa 24:18; 2Kr 3:1

1 Kronika 22:2

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 9:20, 21; 2Kr 2:17, 18
  • +1Fi 5:15, 17; 6:7; 7:9

1 Kronika 22:3

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 7:47

1 Kronika 22:4

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Sa 5:11
  • +1Fi 5:6, 8
  • +2Kr 2:3

1 Kronika 22:5

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 3:7
  • +2Kr 2:5
  • +Hag 2:3
  • +Ps 68:29

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    1/2017, axa 29

1 Kronika 22:7

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +5Mo 12:5, 6; 2Sa 7:2; Ps 132:3-5

1 Kronika 22:8

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Kr 17:4

1 Kronika 22:9

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Egɔmeɖeɖe tẽe, “ahe gbɔdzɔe vɛ.”

  • *

    Woɖee tso Hebrigbe me nya si fia “Ŋutifafa” me.

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Kr 28:5
  • +2Sa 7:12, 13; 1Fi 4:25; 5:4
  • +2Sa 12:24
  • +Ps 72:7

1 Kronika 22:10

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 5:5
  • +2Sa 7:14; Heb 1:5
  • +1Kr 17:12-14; Ps 89:35, 36

1 Kronika 22:11

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Kr 28:20

1 Kronika 22:12

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 1:10; Ps 72:1
  • +5Mo 4:6

1 Kronika 22:13

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +3Mo 19:37; 1Kr 28:7
  • +5Mo 12:1; 17:18, 19; Yos 1:8; 1Fi 2:3; 1Kr 28:7; Ps 19:8, 11
  • +Yos 1:6, 9; 1Kr 28:20

1 Kronika 22:14

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Talento ɖeka le kilogram 34.2. Kpɔ Megbenyawo B14.

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Kr 29:6, 7
  • +1Kr 29:2-4

1 Kronika 22:15

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 5:17; 6:7; 7:9
  • +1Fi 7:13, 14

1 Kronika 22:16

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Kr 22:3
  • +2Kr 1:1

1 Kronika 22:19

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +5Mo 4:29; 2Kr 20:3; Da 9:3
  • +1Fi 6:1
  • +1Fi 8:6, 21
  • +5Mo 12:21; 1Fi 8:29; 9:3

Bubuwo

1 Kron. 22:15Mo 12:5, 6; 2Sa 24:18; 2Kr 3:1
1 Kron. 22:21Fi 9:20, 21; 2Kr 2:17, 18
1 Kron. 22:21Fi 5:15, 17; 6:7; 7:9
1 Kron. 22:31Fi 7:47
1 Kron. 22:42Sa 5:11
1 Kron. 22:41Fi 5:6, 8
1 Kron. 22:42Kr 2:3
1 Kron. 22:51Fi 3:7
1 Kron. 22:52Kr 2:5
1 Kron. 22:5Hag 2:3
1 Kron. 22:5Ps 68:29
1 Kron. 22:75Mo 12:5, 6; 2Sa 7:2; Ps 132:3-5
1 Kron. 22:81Kr 17:4
1 Kron. 22:91Kr 28:5
1 Kron. 22:92Sa 7:12, 13; 1Fi 4:25; 5:4
1 Kron. 22:92Sa 12:24
1 Kron. 22:9Ps 72:7
1 Kron. 22:101Fi 5:5
1 Kron. 22:102Sa 7:14; Heb 1:5
1 Kron. 22:101Kr 17:12-14; Ps 89:35, 36
1 Kron. 22:111Kr 28:20
1 Kron. 22:122Kr 1:10; Ps 72:1
1 Kron. 22:125Mo 4:6
1 Kron. 22:133Mo 19:37; 1Kr 28:7
1 Kron. 22:135Mo 12:1; 17:18, 19; Yos 1:8; 1Fi 2:3; 1Kr 28:7; Ps 19:8, 11
1 Kron. 22:13Yos 1:6, 9; 1Kr 28:20
1 Kron. 22:141Kr 29:6, 7
1 Kron. 22:141Kr 29:2-4
1 Kron. 22:151Fi 5:17; 6:7; 7:9
1 Kron. 22:151Fi 7:13, 14
1 Kron. 22:161Kr 22:3
1 Kron. 22:162Kr 1:1
1 Kron. 22:195Mo 4:29; 2Kr 20:3; Da 9:3
1 Kron. 22:191Fi 6:1
1 Kron. 22:191Fi 8:6, 21
1 Kron. 22:195Mo 12:21; 1Fi 8:29; 9:3
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • 1
  • 2
  • 3
  • 4
  • 5
  • 6
  • 7
  • 8
  • 9
  • 10
  • 11
  • 12
  • 13
  • 14
  • 15
  • 16
  • 17
  • 18
  • 19
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
1 Kronika 22:1-19

1 Kronika

22 Azɔ David gblɔ be: “Esiae nye Yehowa, Mawu vavã la, ƒe aƒe, eye esiae nye vɔsamlekpui ɖe Israel ƒe numevɔsa ŋu.”+

2 David de se be woaƒo amedzro siwo le Israel-nyigba dzi la nu ƒu,+ eye wòɖo wo kpekpalawo, ne woakpa kpewo woatsɔ atu Mawu vavã la ƒe xɔ la.+ 3 David dzra gayibɔ gbogbo aɖe ɖo ɖe agboawo kple ʋɔtruwo ƒe gatagbadzɛwo kple nulégawo wɔwɔ ŋuti, edzra akɔbli gbogbo aɖe si mele dada me o hã ɖo+ 4 kple sederti+ siwo mele xexlẽ me o hã ɖo, elabena Sidontɔwo+ kple Tirotɔwo+ tsɔ sederti gbogbo aɖe vɛ na David. 5 Eye David gblɔ be: “Ðekakpui dzaa makpɔnuteƒe koe vinye Salomo nye,+ evɔ xɔ si woatu na Yehowa la lolo ale gbegbe+ eye eƒe nyonyo+ ƒo ɖe sia ɖe ta sãsãsã le anyigba blibo la dzi.+ Eya ta madzra nuwo ɖo ɖi nɛ.” Ale David dzra nu gbogbo aɖewo ɖo ɖi hafi ku.

6 Azɔ hã, eyɔ via Salomo, eye wòna mɔfiamee be wòatu xɔ na Yehowa, Israel ƒe Mawu la. 7 David gblɔ na via Salomo be: “Nye la, medi vevie tso dzi me be matu xɔ na Yehowa nye Mawu ƒe ŋkɔ.+ 8 Ke Yehowa ƒe gbe va nam be, ‘Èkɔ ʋu gbogbo aɖe ɖi, eye èwɔ aʋa geɖe. Màtu xɔ na nye ŋkɔ o,+ elabena èkɔ ʋu gbogbo aɖe ɖe anyi le ŋkunyeme. 9 Kpɔ ɖa! Wole ŋutsuvi aɖe dzi ge na wò.+ Eya anye ŋutifafame,* eye mana gbɔdzɔe tso eƒe futɔwo katã si me godoo,+ elabena Salomo*+ anye eƒe ŋkɔ, eye mana ŋutifafa kple tomefafa nanɔ Israel le eƒe ŋkekewo me.+ 10 Eyae atu xɔ na nye ŋkɔ;+ azu vinye, eye nye la mazu fofoa.+ Eye mana eƒe fiaɖuƒe ƒe fiazikpui nali ke ɖe Israel dzi ɖaa.’+

11 “Eya ta vinye, Yehowa nenɔ kpli wò, ne wòadze edzi na wò, ale be nàtu Yehowa wò Mawu ƒe xɔ la, abe ale si tututu wògblɔ le ŋuwò ene.+ 12 Yehowa nena aɖaŋudzedze kple nugɔmesese wò,+ ale be ne etsɔ wò ɖo Israel nu la, nàlé Yehowa wò Mawu ƒe se la me ɖe asi.+ 13 Ne èwɔ se kple ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo+ siwo Yehowa tsɔ na Mose ku ɖe Israel ŋu dzi pɛpɛpɛ la, ekema nu adze edzi na wò.+ Lé dzi ɖe ƒo, eye nàsẽ ŋu. Mègavɔ̃ o, eye ŋɔ megadzi wò o.+ 14 Kpɔ ɖa, meku kutri dzra sika talento akpe* alafa ɖeka kple klosalo talento miliɔn ɖeka ɖo ɖe Yehowa ƒe xɔ la ŋu, hekpe ɖe akɔbli kpakple gayibɔ+ si mele dada me o la ŋu, eye medzra atiwo kple kpewo ɖo,+ ke nàdi bubuwo akpe ɖe wo ŋu. 15 Dɔwɔla gbogbo aɖewo le gbɔwò, kpekpalawo, gliɖolawo,+ atikpalawo kple aɖaŋudɔ ƒomevi vovovo wɔlawo.+ 16 Sika, klosalo, akɔbli kple gayibɔ mele dada me o.+ Eya ta tso ɖe dɔ la ŋu, eye Yehowa nenɔ kpli wò.”+

17 Eye David de se na Israel ƒe amegãwo katã be woakpe ɖe ye vi Salomo ŋu hegblɔ be: 18 “Ðe Yehowa mia Mawu la meli kpli mi oa, eye ɖe mena gbɔdzɔe mi godoo oa? Elabena etsɔ anyigba la dzi nɔlawo de asi nam, eye wobɔbɔ ɖe Yehowa kple eƒe dukɔ la te. 19 Eya ta miɖoe kplikpaa tso dzi me be miadi Yehowa mia Mawu la kple miaƒe dzi kple miaƒe luʋɔ* blibo,+ eye mitu Yehowa, Mawu vavã la, ƒe kɔkɔeƒe la,+ ne miatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la kple Mawu vavã la ƒe nu kɔkɔeawo+ ava xɔ si woatu na Yehowa ƒe ŋkɔ la me.”+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe