INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Kronika 28
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

2 Kronika Totoɖeme

      • Yuda-fia Ahaz (1-4)

      • Siria kple Israel ɖu Ahaz dzi (5-8)

      • Oded xlɔ̃ nu Israel (9-15)

      • Wobɔbɔ Yuda ɖe anyi (16-19)

      • Ahaz ƒe trɔ̃subɔsubɔ; eƒe ku (20-27)

2 Kronika 28:1

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ho 1:1; Mik 1:1; Mt 1:9
  • +2Fi 16:2

2 Kronika 28:2

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “legba siwo wolólo ga kɔ̀.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 12:26, 28; 16:33
  • +2Mo 34:17

2 Kronika 28:3

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea, “Gehena.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 33:1, 6; Yr 7:31
  • +5Mo 12:31

2 Kronika 28:4

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +3Mo 26:30
  • +Yes 57:4, 5

2 Kronika 28:5

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 16:5, 6; 2Kr 24:24
  • +2Sa 8:6; 1Kr 18:5

2 Kronika 28:6

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 15:37; Yes 7:1
  • +2Kr 15:2; Ps 73:27

2 Kronika 28:7

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Egɔmeɖeɖe tẽe, “aƒea.”

2 Kronika 28:8

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 16:23, 24; 22:51

2 Kronika 28:9

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 2:14; 3:8

2 Kronika 28:10

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +3Mo 25:39, 46; 2Kr 8:9

2 Kronika 28:14

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 28:8

2 Kronika 28:16

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 16:7, 8; Yes 7:10-12

2 Kronika 28:18

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “bali me.”

  • *

    Alo, “Anyiehe.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 26:1, 6
  • +2Kr 26:10
  • +Yos 15:10, 12
  • +2Kr 11:10
  • +Ʋɔn 14:1

2 Kronika 28:20

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 15:29; 16:7, 8; 1Kr 5:26
  • +2Fi 17:5; Yes 7:20

2 Kronika 28:21

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “fiasã.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 18:15, 16; 2Kr 12:9

2 Kronika 28:23

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 25:14
  • +2Fi 16:10-13
  • +Yr 44:18

2 Kronika 28:24

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 16:17
  • +1Fi 6:33, 34; 2Kr 29:7

2 Kronika 28:25

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 14:22, 23; 2Fi 15:32, 35; 2Kr 21:5, 11; 33:1, 3

2 Kronika 28:26

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 16:19

2 Kronika 28:27

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 21:16, 20; 33:20

Bubuwo

2 Kron. 28:1Ho 1:1; Mik 1:1; Mt 1:9
2 Kron. 28:12Fi 16:2
2 Kron. 28:21Fi 12:26, 28; 16:33
2 Kron. 28:22Mo 34:17
2 Kron. 28:32Kr 33:1, 6; Yr 7:31
2 Kron. 28:35Mo 12:31
2 Kron. 28:43Mo 26:30
2 Kron. 28:4Yes 57:4, 5
2 Kron. 28:52Fi 16:5, 6; 2Kr 24:24
2 Kron. 28:52Sa 8:6; 1Kr 18:5
2 Kron. 28:62Fi 15:37; Yes 7:1
2 Kron. 28:62Kr 15:2; Ps 73:27
2 Kron. 28:81Fi 16:23, 24; 22:51
2 Kron. 28:9Ʋɔn 2:14; 3:8
2 Kron. 28:103Mo 25:39, 46; 2Kr 8:9
2 Kron. 28:142Kr 28:8
2 Kron. 28:162Fi 16:7, 8; Yes 7:10-12
2 Kron. 28:182Kr 26:1, 6
2 Kron. 28:182Kr 26:10
2 Kron. 28:18Yos 15:10, 12
2 Kron. 28:182Kr 11:10
2 Kron. 28:18Ʋɔn 14:1
2 Kron. 28:202Fi 15:29; 16:7, 8; 1Kr 5:26
2 Kron. 28:202Fi 17:5; Yes 7:20
2 Kron. 28:212Fi 18:15, 16; 2Kr 12:9
2 Kron. 28:232Kr 25:14
2 Kron. 28:232Fi 16:10-13
2 Kron. 28:23Yr 44:18
2 Kron. 28:242Fi 16:17
2 Kron. 28:241Fi 6:33, 34; 2Kr 29:7
2 Kron. 28:251Fi 14:22, 23; 2Fi 15:32, 35; 2Kr 21:5, 11; 33:1, 3
2 Kron. 28:262Fi 16:19
2 Kron. 28:272Kr 21:16, 20; 33:20
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • 1
  • 2
  • 3
  • 4
  • 5
  • 6
  • 7
  • 8
  • 9
  • 10
  • 11
  • 12
  • 13
  • 14
  • 15
  • 16
  • 17
  • 18
  • 19
  • 20
  • 21
  • 22
  • 23
  • 24
  • 25
  • 26
  • 27
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
2 Kronika 28:1-27

2 Kronika

28 Ahaz+ xɔ ƒe blaeve esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem. Mewɔ nu si le dzɔdzɔe le Yehowa ŋkume abe tɔgbuia David ene o.+ 2 Ke boŋ eto Israel-fiawo ƒe ʋe me,+ ewɔ Baal ƒe galegbawo*+ gɔ̃ hã. 3 Edo dzudzɔ le Hinom Vi Ƒe Bali* la me, eye wòtɔ dzo viawo,+ le dukɔ siwo Yehowa nya le Israel-viwo ŋgɔ la ƒe ŋunyɔnuwo nu.+ 4 Azɔ hã, esa vɔ hedo dzudzɔ edziedzi le nuxeƒewo+ kple togbɛwo dzi kpakple ati dama ɖe sia ɖe te.+

5 Esia ta Yehowa, eƒe Mawu la, tsɔe de asi na Siria-fia,+ ale be wosii, eye woɖe aboyo ame gbogbo aɖewo hekplɔ wo yi Damasko.+ Wotsɔe de asi na Israel-fia hã, eye wòsii hewu ame gbogbo aɖewo. 6 Ale Peka,+ Remaliya vi, wu ame akpe alafa ɖeka blaeve, siwo nye kalẽtɔwo sɔŋ le Yuda le ŋkeke ɖeka dzi, elabena wogblẽ Yehowa, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la ɖi.+ 7 Eye Zikri, ame si nye Efrayim ŋutsu kalẽtɔ aɖe la, wu Maaseya, si nye fiaviŋutsu, kple Azrikam, si nye fiasã* nu nɔla, kple Elkana, ame si nye evelia kplɔ fia ɖo. 8 Gawu la, Israel-viwo ɖe aboyo wo nɔviwo dometɔ akpe alafa eve, nyɔnuwo, ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo; eye woha woƒe nu gbogbo aɖewo hã, emegbe wotsɔ aboyonuawo va Samaria.+

9 Ke Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖe le afi ma, si ŋkɔe nye Oded. Eyi ɖado go aʋakɔ si trɔ gbɔna Samaria la, eye wògblɔ na wo be: “Kpɔ ɖa! Esi Yehowa, mia tɔgbuiwo ƒe Mawu la, do dziku ɖe Yuda ŋu vevie tae wòtsɔe de asi na mi,+ ale be mietsɔ dɔmedzoe helĩhelĩ si de keke dziƒo ke la, wu amewo le wo dome. 10 Eye azɔ mieɖoe be miazi Yuda kple Yerusalem viwo dzi woazu subɔviŋutsuwo kple subɔvinyɔnuwo na mi.+ Gake ɖe miawo ŋutɔwo hã mieɖi fɔ le Yehowa mia Mawu la ŋkume oa? 11 Eya ta miɖo tom, ne miagbugbɔ aboyome siwo miekplɔ tso mia nɔviwo dome la yii, elabena Yehowa ƒe dɔmedzoe fla ɖe mia ŋu.”

12 Ale Efrayim viwo ƒe tatɔwo dome ŋutsu aɖewo, siwo nye Azariya, Yehohanan vi, Berekiya, Mesilemot vi, Yehizkiya, Salum vi kple Amasa, Hadlai vi, tso ɖe ame siwo gbɔ tso aʋa la ŋu, 13 eye wogblɔ na wo be: “Migakplɔ aboyomeawo va afi sia o, elabena ana míaɖi fɔ le Yehowa ŋkume. Nu si mieɖo be yewoawɔ la ana míaƒe nu vɔ̃wo kple fɔɖiɖi nadzi ɖe edzi, evɔ míaƒe fɔɖiɖi la sɔ gbɔ xoxo, eye dɔmedzoe le bibim ɖe Israel ŋu.” 14 Eya ta asrafoawo ɖe asi le aboyomeawo kple aboyonuawo+ ŋu na amegãwo kple ha blibo la. 15 Azɔ ŋutsu siwo wotia la tso, eye wokplɔ aboyomeawo, eye wotsɔ awu tso aboyonuawo me do na ame siwo katã le amama. Ale wodo awu na wo, eye wotsɔ afɔkpa, nuɖuɖu kple nunono na wo, eye wosi ami na wo. Gakpe ɖe eŋu la, wokɔ ame beliwo katã ɖe tedziwo dzi, eye wokplɔ wo yi Yeriko, si nye devedu la me, le wo nɔviwo gbɔ. Emegbe wotrɔ yi Samaria.

16 Ɣemaɣi Fia Ahaz dɔ ame ɖo ɖe Asiria-fiawo be woakpe ɖe ye ŋu.+ 17 Edomtɔwo gava si Yuda heɖe aboyo amewo dzoe. 18 Ke Filistitɔwo+ dze Sefela*+ duwo kple Negeb* duwo dzi le Yuda, eye woxɔ Bet-Semes,+ Aiyalon,+ Gederot, Soko kple eŋu duwo, Timna+ kple eŋu duwo kpakple Gimzo kple eŋu duwo; eye wonɔ afi ma. 19 Elabena Yehowa bɔbɔ Yuda ɖe anyi le Israel-fia Ahaz ta, le esi wòna wowɔ nu wògbɔ eme le Yuda, eye woƒe nuteƒemawɔmawɔ ɖe Yehowa ŋu do agbogbo ta.

20 Mlɔeba Asiria-fia Tilgat-Pilneser+ ho ɖe eŋu, eye wòhe xaxa va edzi+ le esi wòakpe ɖe eŋu teƒe. 21 Evɔ wònye Ahaz ha Yehowa ƒe aƒe kple fia ƒe aƒe*+ kpakple amegãwo ƒe aƒewo tsɔ na Asiria-fia hafi, gake meɖe vi aɖeke nɛ o. 22 Ke le xaxaɣi sia me hã la, Fia Ahaz ƒe nuteƒemawɔmawɔ na Yehowa gado fievo ɖe edzi. 23 Eye wòde asi vɔsasa me na Damaskotɔ+ siwo sii+ la ƒe mawuwo hegblɔ be: “Esi Siria-fiawo ƒe mawuwo le kpekpem ɖe wo ŋu ta la, woawoe masa vɔ na, ne woakpe ɖe ŋunye.”+ Ale esia zu nukikli na eya ŋutɔ kple Israel blibo la. 24 Gawu la, Ahaz lɔ Mawu vavã la ƒe aƒe la ŋu dɔwɔnuwo katã, eye wògbã Mawu vavã la ƒe aƒe la ŋu dɔwɔnuwo kakɛkakɛ,+ eye wòdo Yehowa ƒe aƒe la ƒe ʋɔtruwo,+ eye wòɖi vɔsamlekpuiwo na eɖokui ɖe dzogoe ɖe sia ɖe dzi le Yerusalem. 25 Eye wòwɔ nuxeƒewo ɖe Yuda duwo katã me, ne woado dzudzɔ na mawu+ bubuwo, ale wòdo dziku na Yehowa, tɔgbuiawo ƒe Mawu la.

26 Ke eŋutinya susɔeawo kple eƒe nuwɔnawo katã, tso gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu la, woŋlɔ wo ɖe Yuda Kple Israel Fiawo Ƒe Agbalẽ me.+ 27 Eye wotsɔ Ahaz mlɔ tɔgbuiawo gbɔ, woɖii ɖe du la me le Yerusalem, elabena womekɔe yi Israel-fiawo ɖiƒe o.+ Eye via Hizkiya zu fia ɖe eteƒe.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe