Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 1 Mose Totoɖeme 1 MOSE EMENYAWO ƑE TOTOÐEME 1 Dziƒo kple anyigba wɔwɔ (1, 2) Ŋkeke ade siwo wotsɔ dzra anyigba dzi ɖo (3-31) Ŋkeke 1: kekeli; ŋkeke kple zã (3-5) Ŋkeke 2: dziŋgɔli (6-8) Ŋkeke 3: ƒuƒuiƒe kple gbewo (9-13) Ŋkeke 4: dziƒonu keklẽwo (14-19) Ŋkeke 5: tɔmelãwo kple xewo (20-23) Ŋkeke 6: anyigbadzilãwo kple amegbetɔwo 24-31) 2 Mawu dzudzɔ le ŋkeke adrelia dzi (1-3) Yehowa Mawu, dziƒo kple anyigba Wɔla (4) Ŋutsu kple nyɔnu le Eden-bɔ me (5-25) Wotsɔ anyi mè ame (7) Sidzedze ƒe ati si ŋu wode se ɖo (15-17) Nyɔnu wɔwɔ (18-25) 3 Amegbetɔ ƒe nu vɔ̃ me dzedze (1-13) Aʋatsokaka gbãtɔ (4, 5) Yehowa drɔ̃ ʋɔnu aglãdzelawo (14-24) Wogblɔ nyɔnu la ƒe dzidzimevi ŋu nya ɖi (15) Amegbetɔ nyanya ɖa le Eden (23, 24) 4 Kain kple Abel (1-16) Kain ƒe dzidzimeviwo (17-24) Set kple via Enos (25, 26) 5 Tso Adam dzi va se ɖe Noa dzi (1-32) Adam dzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo (4) Enok zɔ kple Mawu (21-24) 6 Mawu viwo ɖe nyɔnuwo le anyigba dzi (1-3) Wodzi Nefilimwo (4) Amegbetɔwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ te ɖe Yehowa dzi (5-8) Wode dɔ asi na Noa be wòakpa aɖakaʋu (9-16) Mawu gblɔ be yeahe tsiɖɔɖɔ vɛ (17-22) 7 Aɖakaʋu la me yiyi (1-10) Xexea me katã ƒe Tsiɖɔɖɔ (11-24) 8 Tsiɖɔɖɔ la mie (1-14) Noa ɖe asi le ahɔnɛ ŋu (8-12) Dodo le aɖakaʋua me (15-19) Ŋugbe si Mawu do ku ɖe anyigba la ŋu (20-22) 9 Mɔfiame na amegbetɔwo katã (1-7) Ʋu ŋuti se (4-6) Anyieʋɔ ƒe nubabla la (8-17) Nyagblɔɖi le Noa ƒe dzidzimeviwo ŋu (18-29) 10 Dukɔ vovovowo (1-32) Yafet ƒe dzidzimeviwo (2-5) Ham ƒe dzidzimeviwo (6-20) Nimrod tsi tsitre ɖe Yehowa ŋu (8-12) Sem ƒe dzidzimeviwo (21-31) 11 Babel-mɔ́ la (1-4) Yehowa tɔtɔ gbegbɔgblɔwo (5-9) Tso Sem dzi va se ɖe Abram dzi (10-32) Tera ƒe ƒome (27) Abram ʋu le Ur (31) 12 Abram ʋu le Haran yi Kanaan (1-9) Mawu do ŋugbe na Abram (7) Abram kple Sarai le Egipte (10-20) 13 Abram trɔ va Kanaan (1-4) Abram kple Lot dome klã (5-13) Mawu gbugbɔ do ŋugbe na Abram (14-18) 14 Abram xɔ na Lot (1-16) Melkizedek yra Abram (17-24) 15 Mawu bla nu kple Abram (1-21) Wogblɔ ƒe alafa ene ƒe fukpekpe ɖi (13) Mawu gbugbɔ do ŋugbe na Abram (18-21) 16 Hagar kple Ismael (1-16) 17 Abraham azu dukɔ geɖewo fofo (1-8) Wotrɔ Abram ŋkɔ wòzu Abraham (5) Aʋatsotso ƒe nubabla (9-14) Wotrɔ Sarai ŋkɔ wòzu Sara (15-17) Wodo Isak dzidzi ŋugbe (18-27) 18 Mawudɔla etɔ̃ va Abraham gbɔ (1-8) Wodo viŋutsuvi ŋugbe na Sara; eko nu (9-15) Abraham ɖe kuku ɖe Sodom ta (16-33) 19 Mawudɔlawo va Lot gbɔ (1-11) Woƒoe ɖe Lot kple eƒe ƒomea nu be woadzo (12-22) Wotsrɔ̃ Sodom kple Gomora (23-29) Lot srɔ̃ zu dzekɔ (26) Lot kple vianyɔnuwo (30-38) Ale si Moab kple Amon wɔ va dzɔ (37, 38) 20 Woxɔ na Sara tso Abimelek si me (1-18) 21 Isak dzidzi (1-7) Ismael ɖu fewu le Isak ŋu (8, 9) Wonya Hagar kple Ismael (10-21) Abraham bla nu kple Abimelek (22-34) 22 Wogblɔ na Abraham be wòatsɔ Isak asa vɔe (1-19) Woayra dukɔwo to Abraham ƒe dzidzimevi dzi (15-18) Rebeka ƒe ƒome (20-24) 23 Sara ƒe ku kple afi si woɖii ɖo (1-20) 24 Srɔ̃ɖeɖe na Isak (1-58) Rebeka yi ɖado go Isak (59-67) 25 Abraham gaɖe srɔ̃ (1-6) Abraham ƒe ku (7-11) Ismael viwo (12-18) Yakob kple Esau dzidzi (19-26) Esau dzra eƒe ŋgɔgbevinyenye (27-34) 26 Isak kple Rebeka le Gerar (1-11) Mawu ɖo kpe eƒe ŋugbedodo dzi na Isak (3-5) Wowɔ dzre ɖe vudowo ta (12-25) Isak bla nu kple Abimelek (26-33) Esau ɖe Hiti-nyɔnu eve (34, 35) 27 Isak yra Yakob (1-29) Esau di be woayra ye evɔ metrɔ dzi me o (30-40) Esau lé fu Yakob (41-46) 28 Isak ɖo Yakob ɖe Padan-Aram (1-9) Yakob ku drɔ̃e le Betel (10-22) Mawu ɖo kpe eƒe ŋugbedodo dzi na Yakob (13-15) 29 Yakob do go Rahel (1-14) Yakob lɔ̃ Rahel (15-20) Yakob ɖe Lea kple Rahel (21-29) Viŋutsu ene siwo Lea dzi na Yakob: Ruben, Simeon, Lewi kple Yuda (30-35) 30 Bilha dzi Dan kple Naftali (1-8) Zilpa dzi Gad kple Aser (9-13) Lea dzi Isakar kple Zebulon (14-21) Rahel dzi Yosef (22-24) Yakob ƒe lãhawo dzi ɖe edzi (25-43) 31 Yakob sí heɖo ta Kanaan (1-18) Laban va tu Yakob (19-35) Yakob bla nu kple Laban (36-55) 32 Mawudɔlawo va do go Yakob (1, 2) Yakob dzra ɖo be yeado go Esau (3-23) Yakob te kame kple mawudɔla (24-32) Wotrɔ ŋkɔ na Yakob be Israel (28) 33 Yakob do go Esau (1-16) Yakob yi Sekem (17-20) 34 Wodɔ Dina gbɔ sesẽe (1-12) Yakob viwo wɔ ameflunu (13-31) 35 Yakob ɖe dutamawuwo ɖa (1-4) Yakob trɔ va Betel (5-15) Wodzi Benyamin; Rahel ƒe ku (16-20) Israel viŋutsu wuieveawo (21-26) Isak ƒe ku (27-29) 36 Esau ƒe dzidzimeviwo (1-30) Edom-fiawo kple woƒe amegãwo (31-43) 37 Yosef ƒe drɔ̃ewo (1-11) Yosef kple nɔvia ŋuʋãlawo (12-24) Wodzra Yosef wòzu kluvi (25-36) 38 Yuda kple Tamar (1-30) 39 Yosef le Potifar ƒe me (1-6) Yosef sí dzo le Potifar srɔ̃ gbɔ (7-20) Yosef le gaxɔ me (21-23) 40 Yosef ɖe gamenɔlawo ƒe drɔ̃ewo gɔme (1-19) “Mawue ɖea nyawo gɔme” (8) Farao ƒe dzigbezã (20-23) 41 Yosef ɖe Farao ƒe drɔ̃ewo gɔme (1-36) Farao do Yosef ɖe dzi (37-46a) Yosef kpɔ nuɖuɖunyawo gbɔ (46b-57) 42 Yosef nɔviwo yi Egipte (1-4) Yosef do go nɔviawo eye wòdo wo kpɔ (5-25) Nɔviawo trɔ va wo fofo gbɔ le aƒe (26-38) 43 Yosef nɔviwo va Egipte zi evelia; wokplɔ Benyamin ɖe asi (1-14) Yosef gado go nɔviawo ake (15-23) Yosef ɖu nu kple nɔviawo (24-34) 44 Wokpɔ Yosef ƒe klosalokplu le Benyamin ƒe kotoku me (1-17) Yuda ɖe kuku ɖe Benyamin ta (18-34) 45 Yosef ɖe eɖokui fia nɔviawo (1-15) Yosef nɔviwo yi Yakob kplɔ ge (16-28) 46 Yakob kple eƒe aƒe la ʋu yi Egipte (1-7) Ame siwo ʋu yi Egipte ƒe ŋkɔwo (8-27) Yosef va do go Yakob le Gosen (28-34) 47 Yakob yi Farao gbɔ (1-12) Yosef wɔ eƒe dɔwo le nunya me (13-26) Israel va tsi Gosen (27-31) 48 Yakob yra Yosef viŋutsu eveawo (1-12) Woyra Efrayim wu (13-22) 49 Nya siwo Yakob gblɔ ɖi le eƒe kuba dzi (1-28) Silo adzɔ tso Yuda me (10) Yakob ɖiɖi ŋuti mɔfiamewo (29-32) Yakob ƒe ku (33) 50 Yosef ɖi Yakob ɖe Kanaan (1-14) Yosef ka ɖe edzi na nɔviawo be yetsɔ ke wo (15-21) Yosef ƒe ŋkeke mamlɛawo kple eƒe ku (22-26) Yosef de se le eƒe ƒuwo ŋu (25)