Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 2 Fiawo Totoɖeme 2 FIAWO EMENYAWO ƑE TOTOÐEME 1 Eliya gblɔ Ahaziya ƒe ku ɖi (1-18) 2 Wokɔ Eliya to ahom me dzoe (1-18) Elisa xɔ nyagblɔɖila Eliya ƒe awu (13, 14) Elisa da gbe le Yeriko tsi la ŋu (19-22) Sisiblisiwo wu ŋutsuviwo le Betel (23-25) 3 Israel-fia Yehoram (1-3) Moab dze aglã ɖe Israel ŋu (4-25) Woɖu Moab dzi (26, 27) 4 Elisa na ahosi aɖe ƒe ami dzi ɖe edzi (1-7) Sunem nyɔnu aɖe ƒe amedzrowɔwɔ (8-16) Woɖo eteƒe na nyɔnu la wòdzi vi; ɖevi la ku (17-31) Elisa fɔ ɖevi kuku la ɖe tsitre (32-37) Elisa na wote ŋu ɖu atadi si me aɖi le (38-41) Elisa na abolo dzi ɖe edzi (42-44) 5 Elisa da Naaman ƒe anyidɔ nɛ (1-19) Anyi ƒo ɖe Gehazi ŋuklẽla la ŋu (20-27) 6 Elisa na fía ho ɖe tsi dzi (1-7) Elisa kple Siriatɔwo (8-23) Woʋu Elisa ƒe subɔvi ƒe ŋkuwo (16, 17) Wogbã ŋku na Siriatɔwo (18, 19) Dɔ to le Samaria si ŋu woɖe to ɖo (24-33) 7 Elisa gblɔ ɖi be dɔwuamea nu atso (1, 2) Wokpɔ nuɖuɖu le Siriatɔwo ƒe asaɖa si wogblẽ ɖi la me (3-15) Elisa ƒe nyagblɔɖi la va eme (16-20) 8 Wogbugbɔ Sunem nyɔnu la ƒe anyigba nɛ (1-6) Elisa, Ben-Hadad kple Hazael (7-15) Yuda-fia Yehoram (16-24) Yuda-fia Ahaziya (25-29) 9 Wosi ami na Yehu wòzu Israel-fia (1-13) Yehu wu Yehoram kple Ahaziya (14-29) Wowu Izebel; avuwo ɖu eƒe ŋutilã (30-37) 10 Yehu wu Ahab ƒe aƒe la me tɔwo (1-17) Yehonadab va wɔ ɖeka kple Yehu (15-17) Yehu wu Baal subɔlawo (18-27) Yehu ƒe dziɖuɖu ŋu nyawo ta ƒoƒo (28-36) 11 Ataliya xɔ zia akpasesẽe (1-3) Woɖo Yehoas fia le adzame (4-12) Wowu Ataliya (13-16) Yehoyada na dukɔ la trɔ ɖe Yehowa ŋu (17-21) 12 Yuda-fia Yehoas (1-3) Yehoas dzra gbedoxɔ la ɖo (4-16) Siriatɔwo ho aʋa (17, 18) Wowu Yehoas (19-21) 13 Israel-fia Yehoahaz (1-9) Israel-fia Yehoas (10-13) Elisa do Yehoas ƒe dzonɔameme kpɔ (14-19) Elisa ku; eƒe ƒuwo gbɔ agbe ŋutsu aɖe (20, 21) Elisa ƒe nyagblɔɖi mamlɛa va eme (22-25) 14 Yuda-fia Amaziya (1-6) Wowɔ aʋa kple Edom kpakple Israel (7-14) Israel-fia Yehoas ƒe ku (15, 16) Amaziya ƒe ku (17-22) Israel-fia Yeroboam II (23-29) 15 Yuda-fia Azariya (1-7) Israel ƒe fia mamlɛwo: Zakariya (8-12), Salum (13-16), Menahem (17-22), Pekahiya (23-26), Peka (27-31) Yuda-fia Yotam (32-38) 16 Yuda-fia Ahaz (1-6) Ahaz na zãnu Asiriatɔwo (7-9) Ahaz kpɔ trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpui wɔ (10-18) Ahaz ku (19,20) 17 Israel-fia Hosea (1-4) Israel ƒe anyidzedze (5, 6) Israel yi aboyo me le esi wogbe Mawu ta (7-23) Wokplɔ amewo tso duta va Samaria duwo me (24-26) Samariatɔwo ƒe xɔsetsakatsaka la (27-41) 18 Yuda-fia Hizkiya (1-8) Israel ƒe anyidzedze ŋuti nya (9-12) Senakerib ho ɖe Yuda ŋu (13-18) Rabsake ɖe alɔme le Yehowa ŋu (19-37) 19 Hizkiya di Mawu ƒe kpekpeɖeŋu to Yesaya dzi (1-7) Senakerib do ŋɔdzi na Yerusalem (8-13) Hizkiya ƒe gbedodoɖa (14-19) Yesaya gblɔ nya si Mawu gblɔ (20-34) Mawudɔla wu Asiriatɔ 185,000 (35-37) 20 Hizkiya ƒe dɔléle kple hayahaya (1-11) Ame dɔdɔwo tso Babilon (12-19) Hizkiya ku (20, 21) 21 Yuda-fia Manase; eƒe ʋukɔkɔɖi (1-18) Woatsrɔ̃ Yerusalem (12-15) Yuda-fia Amon (19-26) 22 Yuda-fia Yosiya (1, 2) Mɔfiame hena gbedoxɔ dzadzraɖo (3-7) Woke ɖe Segbalẽ la ŋu (8-13) Hulda gblɔ tsɔtsrɔ̃ ŋu nya ɖi (14-20) 23 Yosiya ƒe ɖɔɖɔɖodɔwo (1-20) Woɖu Ŋutitotoŋkekenyui la (21-23) Ðɔɖɔɖodɔ bubu siwo Yosiya wɔ (24-27) Yosiya ku (28-30) Yuda-fia Yehoahaz (31-33) Yuda-fia Yehoyakim (34-37) 24 Yehoyakim ƒe aglãdzedze kple eƒe ku (1-7) Yuda-fia Yehoyakin (8, 9) Aboyomeyiyi le Babilon zi gbãtɔ (10-17) Yuda-fia Zedekiya; eƒe aglãdzedze (18-20) 25 Nebukadnezar ƒe toɖeɖe ɖe Yerusalem (1-7) Wotsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔ la; aboyomeyiyi zi evelia (8-21) Woɖo Gedaliya amewo nu (22-24) Wowu Gedaliya; amewo si yi Egipte (25, 26) Woɖe Yehoyakin le gaxɔ me le Babilon (27-30)