Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Hiob Totoɖeme HIOB EMENYAWO ƑE TOTOÐEME 1 Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ kple eƒe kesinɔnuwo (1-5) Satana tsɔ nya ɖe Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu (6-12) Hiob ƒe nunɔamesiwo kple viawo tsrɔ̃ (13-19) Hiob mebu fɔ Mawu o (20-22) 2 Satana gatsɔ nya ɖe Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu (1-5) Woɖe mɔ na Satana be wòahe dɔvɔ̃ ava Hiob dzi (6-8) Hiob srɔ̃ gblɔ be: “Gbe Mawu, ne nàku!” (9, 10) Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃awo va ɖo (11-13) 3 Hiob fa konyi ɖe eƒe dzigbe ŋuti (1-26) Hiob bia nu si tae yele fu kpem ɖo (20, 21) 4 Elifaz ƒe nuƒo gbãtɔ (1-21) Melɔ̃ ɖe edzi be Hiob wɔa nuteƒe o (7, 8) Egblɔ gbɔgbɔ aɖe ƒe nya (12-17) ‘Mawu meka ɖe esubɔlawo dzi o’ (18) 5 Elifaz yi eƒe nuƒo gbãtɔa dzi (1-27) ‘Mawu léa nunyalawo le woƒe ayedzedze me’ (13) ‘Hiob, mègagbe Mawu ƒe amehehe o’ (17) 6 Hiob ƒe nyaŋuɖoɖo (1-30) Hiob gblɔ be ye tɔ dzɔ be yeaxa nu (2-6) Eƒe akɔfalawo nye alakpatɔwo (15-18) “Nya dzɔdzɔewo mevea ame o!” (25) 7 Hiob yi eƒe nyaŋuɖoɖoa dzi (1-21) Agbe le abe hloloetsotso ɖaa ene (1, 2) “Nu ka tae nèɖe ŋku tɔm?” (20) 8 Bildad ƒe nuƒo gbãtɔ (1-22) Egblɔ be Hiob viwo wɔ nu vɔ̃ (4) ‘Ne ɖe nèle dzadzɛ la, anye ne Mawu kpɔ tawò’ (6) Egblɔ be Hiob nye ame mavɔ̃mawu (13) 9 Hiob ƒe nyaŋuɖoɖo (1-35) Amegbetɔ mate ŋu akpe nya kple Mawu o (2-4) ‘Mawu wɔa nu gã siwo me dzodzro meli o’ (10) Ame aɖeke mate ŋu ahe nya kple Mawu o (32) 10 Hiob yi eƒe nyaŋuɖoɖoa dzi (1-22) ‘Nu ka tae Mawu le nu tum kplim?’ (2) Mawu to vovo na Hiob si nye amegbetɔ (4-12) ‘Na makpɔ gbɔdzɔe vie’ (20) 11 Zofar ƒe nuƒo gbãtɔ (1-20) Ebu fɔ Hiob ɖe eƒe nya dzodzrowo ta (2, 3) Egblɔ na Hiob be wòaɖe asi le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu (14) 12 Hiob ƒe nyaŋuɖoɖo (1-25) “Nyemebɔbɔ ɖe anyi wu mi o” (3) ‘Mezu alɔmeɖenu’ (4) ‘Nunya le Mawu si’ (13) Mawu ƒo ʋɔnudrɔ̃lawo kple fiawo ta (17, 18) 13 Hiob yi eƒe nyaŋuɖoɖoa dzi (1-28) ‘Maƒo nu kple Mawu boŋ’ (3) ‘Gbedala dzodzrowo mienye’ (4) “Menyae nyuie be tɔnye adzɔ” (18) Hiob bia nu si tae Mawu le ebum abe futɔ ene (24) 14 Hiob yi eƒe nyaŋuɖoɖoa dzi (1-22) Amegbetɔ ƒe agbe le kpuie eye wòyɔ fũu kple fukpekpe (1) “Mɔkpɔkpɔ li na ati gɔ̃ hã” (7) ‘Oo, ne ɖe nàɣlam ɖe Tsiẽƒe!’ (13) “Ne ame ku la, ɖe wòagagbɔ agbea?” (14) Mawu ƒe asinudɔwɔwɔwo adzroe (15) 15 Elifaz ƒe nuƒo evelia (1-35) Egblɔ be Hiob mevɔ̃a Mawu o (4) Egblɔ be Hiob nye dadala (7-9) ‘Mawu mexɔ eƒe ame kɔkɔewo dzi se o’ (15) ‘Ame vɔ̃ɖie kpea fu’ (20-24) 16 Hiob ƒe nyaŋuɖoɖo (1-22) ‘Akɔfala siwo doa nuxaxa na ame koe mienye!’ (2) Hiob gblɔ be Mawu tsɔ ye ɖo nudzidzea (12) 17 Hiob yi eƒe nyaŋuɖoɖoa dzi (1-16) “Fewuɖulawo ƒo xlãm” (2) “Etsɔm wɔ alɔmeɖenu” (6) “Tsiẽƒe koe anye nye aƒe” (13) 18 Bildad ƒe nuƒo evelia (1-21) Egblɔ nu siwo dzɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi (5-20) Egblɔ be Hiob menya Mawu o (21) 19 Hiob ƒe nyaŋuɖoɖo (1-29) Egbe “exɔlɔ̃wo” ƒe mokakawo (1-6) Egblɔ be wogblẽ ye ɖi (13-19) “Nye xɔnametɔ le agbe” (25) 20 Zofar ƒe nuƒo evelia (1-29) Ese le eɖokui me be Hiob dzu ye (2, 3) Egblɔ be Hiob vɔ̃ɖi (5) Egblɔ be nu vɔ̃ vivia Hiob nu (12, 13) 21 Hiob ƒe nyaŋuɖoɖo (1-34) ‘Nu ka tae nu dzea edzi na ame vɔ̃ɖiwo?’ (7-13) Hiob ɖe eƒe “akɔfalawo” gɔme ɖe go (27-34) 22 Elifaz ƒe nuƒo etɔ̃lia (1-30) ‘Ðe ame ate ŋu anye viɖenu na Mawua?’ (2, 3) Etso Hiob nu be enye ŋuklẽla kple ame madzɔmadzɔ (6-9) ‘Trɔ ɖe Mawu ŋu ne wòaɖo wò te’ (23) 23 Hiob ƒe nyaŋuɖoɖo (1-17) Edi be yeatsɔ yeƒe nya aɖo Mawu ŋkume (1-7) Egblɔ be yemate ŋu ake ɖe Mawu ŋu o (8, 9) “Melé ɖe eƒe mɔwo ŋu, eye nyemedze ɖe aga o” (11) 24 Hiob yi eƒe nyaŋuɖoɖoa dzi (1-25) ‘Nu ka tae Mawu meɖo ɣeyiɣi ɖi o?’ (1) Egblɔ be Mawu ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu (12) Ame vɔ̃ɖiwo lɔ̃ viviti (13-17) 25 Bildad ƒe nuƒo etɔ̃lia (1-6) ‘Aleke amegbetɔ tɔ nadzɔ le Mawu ŋkume?’ (4) Egblɔ be amegbetɔ ƒe nuteƒewɔwɔ nye dzodzro (5, 6) 26 Hiob ƒe nyaŋuɖoɖo (1-14) ‘Aleke nèhekpe ɖe ŋusẽmanɔsitɔ ŋue nye esi!’ (1-4) ‘Mawu meku anyigba la ɖe naneke ŋu o’ (7) ‘Wonye eƒe mɔwo ƒe nugbɔ ko’ (14) 27 Hiob ɖoe kplikpaa be yealé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi (1-23) ‘Nyemaɖe asi le nye fɔmaɖimaɖi ŋu o’ (5) Mɔkpɔkpɔ meli na ame mavɔ̃mawu o (8) “Nu ka tae miaƒe nyawo nye nya gbɔlowo sɔŋ?” (12) Naneke mesua ame vɔ̃ɖi si o (13-23) 28 Hiob gblɔ vovototo si le kesinɔnuwo kple nunya dome (1-28) Agbagba siwo amegbetɔwo dze le tomenuwo kuku ŋu (1-11) Nunya xɔ asi sãsãsã wu dzonu xɔasi (18) Yehowa vɔvɔ̃ nye nunya vavã (28) 29 Hiob ɖo ŋku dzidzɔŋkeke siwo do ŋgɔ na eƒe fukpekpewo dzi (1-25) Wodea bubu eŋu le dugbo la nu (7-10) Eƒe agbe dzɔdzɔe si wònɔ tsã (11-17) Ame sia ame sea eƒe aɖaŋuɖoɖo (21-23) 30 Hiob gblɔ ale si eƒe nɔnɔmea va trɔe (1-31) Ame maɖinuwo le ekom (1-15) Edze abe Mawu mekpe ɖe eŋu o ene (20, 21) “Nye ŋutigbalẽ nyɔ tsiɖitsiɖi” (30) 31 Hiob ʋli eƒe nuteƒewɔwɔ ta (1-40) “Mebla nu kple nye ŋkuwo” (1) Ebia be Mawu nada ye akpɔ (6) Nyemenye ahasiwɔla o (9-12) Nyemenye galɔ̃la o (24, 25) Nyemenye trɔ̃subɔla o (26-28) 32 Ðekakpui Elihu de nu nyaa me (1-22) Edo dziku ɖe Hiob kple exɔlɔ̃wo ŋu (2, 3) Elala bubutɔe hafi ƒo nu (6, 7) Nunya mele tsitsi ɖeɖe ko me o (9) Elihu di vevie be yeaƒo nu (18-20) 33 Elihu ka mo na Hiob le esi wòbu eɖokui ame dzɔdzɔe akpa ta (1-33) Wokpɔ tafe aɖe (24) Ðekakpuimeŋusẽ negaɖo eŋu (25) 34 Elihu ʋli Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye kple mɔwo ta (1-37) Hiob gblɔ be Mawu gbe afiatsotso na ye (5) Mawu vavã la mewɔa nu vɔ̃ɖi o (10) Hiob menya nya si gblɔm wòle o (35) 35 Elihu ɖe Hiob ƒe susu masɔmasɔwo ɖe go (1-16) Hiob gblɔ be yele dzɔdzɔe wu Mawu (2) Mawu le dziƒo ke, nu vɔ̃ mekpɔa ŋusẽ ɖe edzi o (5, 6) Hiob nekpɔ Mawu sinu (14) 36 Elihu kafu Mawu ƒe gãnyenye (1-33) Eme nyona na toɖola; wogbea ame mavɔ̃mawu (11-13) ‘Nufiala kae de Mawu nu?’ (22) Hiob nedo Mawu ɖe dzi (24) “Mawu lolo wu ale si míate ŋu anya” (26) Mawu kpɔ ŋusẽ ɖe tsidzadza kple dzikedzo dzi (27-33) 37 Dzɔdzɔmeŋusẽwo ɖea Mawu ƒe gãnyenye fiana (1-24) Mawu ate ŋu aɖo asi amegbetɔ ƒe dɔwɔwɔwo dzi (7) ‘Lé ŋku ɖe Mawu ƒe nukudɔwo ŋu’ (14) Mawu gɔme sese gbɔ amegbetɔwo ƒe ŋutete ŋu (23) Ame aɖeke megabu be yedze nunya o (24) 38 Yehowa ɖee fia be amegbetɔwo meɖi naneke o (1-41) ‘Afi kae nènɔ esime wowɔ anyigba la?’ (4-6) Mawu viwo do dzidzɔɣli (7) Nyabiase siwo ku ɖe dzɔdzɔmenuwo ŋu (8-32) ‘Dziƒo ƒe sewo’ (33) 39 Lãwo ƒe wɔwɔme ɖee fia be amegbetɔwo menya nu boo aɖeke o (1-30) Agamegbɔ̃ kple zi (1-4) Gbetedzi (5-8) Gbenyi (9-12) Golo (13-18) Sɔ (19-25) Aʋako kple hɔ̃ (26-30) 40 Nya bubu siwo Yehowa gabia (1-24) Hiob lɔ̃ ɖe edzi be nya aɖeke mele ye si o (3-5) ‘Ðe nàte ŋu atsɔ nya ɖe nye dzɔdzɔenyenye ŋua?’ (8) Mawu ɖɔ Behemot ƒe ŋusẽ (15-24) 41 Mawu ɖɔ Leviatan wɔnuku la (1-34) 42 Hiob ƒe nyaŋuɖoɖo na Yehowa (1-6) Wobu fɔ Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃awo (7-9) Yehowa gbugbɔ ɖo Hiob te (10-17) Hiob viŋutsuwo kple vianyɔnuwo (13-15)