HAWO ƑE HA (SALOMO ƑE HA)
1 Hawo ƒe ha,* si nye Salomo ƒe ha:+
Wò ŋkɔ le abe ami ʋeʋĩ si wokɔ ɖi la ene.+
Esia tae ɖetugbuiwo lɔ̃a wò ɖo.
4 Kplɔm ɖe asi;* na míaƒu du.
Fia la kplɔm yi eƒe xɔ gãwo me!
Na míakpɔ dzidzɔ atso aseye ɖe ŋuwò.
Na míakafu wò lɔlɔ̃ɖeɖefia wu wain.
Wo* tɔ dzɔ be wolɔ̃a wò.
6 Miganɔ kpɔyem, le esi menyɔ ta o,
Le esi ɣe ɖum ta o.
Danye viŋutsuwoe do dziku ɖe ŋunye;
Woɖom waingbleawo ŋu dzɔlae,
Evɔ megblẽ nye ŋutɔ nye waingble ya ɖi.
7 Gblɔe nam, wò ame si melɔ̃na* vevie,
Gblɔ afi si wò lãhawo ɖua gbe le,+
Afi si nènana wotsyɔa akɔ ɖo le ŋdɔ me la nam.
Nu ka tae wòle be manɔ tsatsam abe nyɔnu si tsyɔ nu ŋkume* ene
Le hawòviwo ƒe lãhawo dome?”
8 “Oo tugbewo ƒe tugbe, ne mènyae o la,
Ekema do afɔ na lãhawo,
Eye nàna wò gbɔ̃viwo naɖu gbe le lãkplɔlawo ƒe avɔgbadɔwo gbɔ.”
9 “Nye lɔlɔ̃tɔ, èle nam abe sɔnɔ* le Farao ƒe tasiaɖamwo ŋu ene.+
10 Atsyɔ̃ɖonuwo dze tonu na wò ale gbegbe,*
Wò kɔdzonuwo hã dze wò ŋutɔ!
11 Míatsɔ sika awɔ atsyɔ̃ɖonu* na wò,
Eye klosalokpeviwo anɔ eŋu.”
13 Nye lɔlɔ̃tɔ le nam abe miregoe+ ene
Le nye nowo domee zã bliboa.
15 “Nye lɔlɔ̃tɔ, èdze tugbe loo!
Mebe, èdze tugbe ŋutɔ! Wò ŋkuwo le abe ahɔnɛ ƒe ŋkuwo ene.”+
16 “Oo nye lɔlɔ̃tɔ, wò hã èdze ɖeka ŋutɔ, eye wò nu nyoa ame ŋu.+
Míaƒe mlɔƒe le gbe damawo dome.
17 Míaƒe aƒe* ƒe daɖedziwo nye sedertiwo,
Eye míaƒe xɔdzisasrãwo nye sesewutiwo.
2 “Ale si dzogbenya le le ŋùwo domee la,
Nenemae nye lɔlɔ̃tɔ le le nyɔnuviwo domee.”
3 “Ale si atɔtɔŋutiti le le avemetiwo domee la,
Nenemae nye lɔlɔ̃tɔ le le ɖekakpuiwo domee.
Eƒe vɔvɔli te nɔnɔ dzroam vevie,
Eye eƒe kutsetsewo vivia nunye.
4 Ekplɔm yi xɔ si me woɖo kplɔ̃ ɖo;*
Lɔlɔ̃e nye eƒe dzesi le dzinye.
5 Tsɔ waintsetse ƒuƒu bolowo do dzidzɔ nam;+
Tsɔ atɔtɔŋutiwo de agbe menye,
Elabena lɔlɔ̃ de dɔ lãme nam.
Yewomanyɔ lɔlɔ̃ ɖe menye alo aʋuʋui o, va se ɖe esime wòadze eya ŋutɔ ŋu hafi.+
8 Nye lɔlɔ̃tɔ ŋkɔ le ɖiɖim!
Kpɔ ɖa! Eyae nye ekem gbɔna,
Ele kpo tim le towo dzi hele togbɛwo flɔm gbɔna.
9 Nye lɔlɔ̃tɔ le abe sãde alo zivi ene.+
Kpɔ ɖa! Eyae nye esi tɔ ɖe míaƒe kpɔ godo,
Le nu kpɔm to fesre nu
Hedo mo ɖa to fesrenutiwo dome.
10 Nye lɔlɔ̃tɔ le nu ƒom, egblɔ nam be:
‘Nye lɔlɔ̃tɔ ɖeka abe eve ene, tso,
Nye tugbe, va mídzo.
11 Kpɔ ɖa! Vuvɔŋɔli* nu yi.
Tsidzadza ke eye enu va yi.
13 Gboti ƒe tsetse gbãtɔwo de asi ɖiɖi me;+
Wainkawo ƒo se, eye wole ʋeʋẽm lilili.
Nye lɔlɔ̃tɔ, tso nàva.
Nye tugbewo ƒe tugbe, va mídzo.
14 Oo nye ahɔnɛ le kpetowo me,+
Le agawo ƒe globoeƒewo,
Na makpɔ wò, ne mase wò gbe,+
Elabena wò gbe vivina, eye ènya kpɔ ŋutɔ.’”+
15 “Milé abeiwo na mí,
Abeivi siwo le waingbleawo gblẽm,
Elabena míaƒe waingblewo ƒo se.”
16 “Nye lɔlɔ̃tɔ la nye tɔnye, eye nye hã menye etɔ.+
Ele lãhawo kplɔm+ le dzogbenyawo me.+
17 Oo nye lɔlɔ̃tɔ, trɔ gbɔ kaba,
Hafi anyinu nafa, eye vɔvɔli nu nayi,
Medii ʋuu, gake nyemekpɔe o.+
2 Mafɔ ayi aɖatsa le dua me;
Mayi aɖadi nye dzi lɔlɔ̃a le kpɔdomeewo kple ablɔwo me.
Madi ame si melɔ̃na* la.
Medii kakaka gake nyemekpɔe o.
4 Nyemekpɔ dze le wo ŋu
Hafi kpɔ ame si melɔ̃* la o.
Meku ɖe eŋu, eye mebe nyemaɖe asi le eŋu o
Va se ɖe esime mekplɔe va danye ƒe me,+
Va ame si dzim la ƒe xɔgã me.
5 Oo Yerusalem vinyɔnuwo,
Mitsɔ sãde alo zinɔ le gbe me ka atam nam be:
Yewomanyɔ lɔlɔ̃ ɖe menye alo aʋuʋui o, va se ɖe esime wòadze eya ŋutɔ ŋu hafi.”+
6 “Ame kae nye ekem tso gbedzi gbɔna abe dzudzɔ babla ene,
Si ŋu mire kple lifi
Kpakple asitsalawo ƒe atike ʋeʋĩ tutu vovovowo le ʋeʋẽm le?”+
7 “Kpɔ ɖa! Salomo ƒe apakae.
Kalẽtɔ blaade ƒo xlãe,
Wonye Israel ŋutsu kalẽtɔwo,+
8 Yi le wo katã si,
Wobi ɖe aʋawɔwɔ me,
Eye wo dometɔ ɖe sia ɖe ta eƒe yi ɖe aklito
Ne woanɔ ŋudzɔ ɖe zã ƒe ŋɔdzi ŋu.”
10 Wotsɔ klosalo wɔ eƒe afɔwo,
Eye wotsɔ sika wɔ eƒe medeƒe.
Wotsɔ alẽfuvɔ aɖabɛ dzĩtɔ wɔ eƒe anyinɔƒe;
Yerusalem vinyɔnuwoe
Do atsyã ɖe eme lɔlɔ̃tɔe.”
11 “Mi Zion vinyɔnuwo, mido va,
Ne miakpɔ Fia Salomo ɖa,
Eyae nye esi ɖɔ fiakuku* si dadaa+ lɔ̃ nɛ
Le eƒe srɔ̃ɖegbe,
Le eƒe dzi ƒe dzidzɔkpɔgbe.”
4 “Kpɔ ɖa, nye lɔlɔ̃tɔ, èdze tugbe loo!
Mebe, èdze tugbe ŋutɔ!
Wò ŋkuwo le abe ahɔnɛ ƒe ŋkuwo ene le wò motsyɔnu la me.
Wò ɖa le abe gbɔ̃ha
Siwo le abu ɖim tso Gilead-towo dzi gbɔna ene.+
2 Wò aɖuwo le abe alẽha siwo woko fu na teti
Siwo tso tsileƒe la ene;
Wo katã wodzi venɔviwo,
Eye wo dometɔ aɖeke ƒe vi meku o.
3 Wò nuyiwo le abe ka dzĩ ene,
Eye wò nuƒoƒo vivina.
Wò alɔgowo le dzedzem le wò motsyɔnu la me
Abe yevuboɖa si me wofe ene.
4 Wò kɔ+ le abe David ƒe xɔ tsrala,+
Si wotu kple kpe siwo woɖo ɖe wo nɔewo dzi la ene,
Si ŋu woku akpoxɔnu akpe ɖo,
Wo katã wonye kalẽtɔwo ƒe akpoxɔnu kotoowo.+
6 “Mayi to si dzi mire,
Kple togbɛ si dzi lifi le la dzi,+
Hafi ya fafɛ nadze ƒoƒo, eye vɔvɔli nu nayi.”
8 Nye ŋugbetɔ, na míatso Lebanon ayi,
Mebe na míatso Lebanon ayi.+
Ði tso Amana* tame,
Tso Senir To tame, tso Hermon To tame,+
Tso dzatawo ƒe dowo me, tso lãkletowo dzi.
9 Nɔvinyenyɔnu, nye ŋugbetɔ, èfi nye dzi,+
Èfi nye dzi, esi nèɖe ŋku kpɔm zi ɖeka pɛ ko,
Wò kɔga ɖeɖe kpɔkpɔ léa dzi nam.
10 Nɔvinyenyɔnu, nye ŋugbetɔ, wò lɔlɔ̃ɖeɖefia nyo loo!+
11 Nye ŋugbetɔ, anyitsi le tsyɔtsyɔm le wò nuyiwo ŋu.+
Anyitsi kple notsi le wò aɖe te,+
Eye wò awuwo me le ʋeʋẽm lilili abe Lebanon ene.
12 Nɔvinyenyɔnu, nye ŋugbetɔ, le abe abɔ si ƒe agbo wodo ene,
Abe abɔ si ƒe agbo wodo, kple tsidzɔƒe si nu wotre ene.
13 Wò nu miemiewo* le abe paradiso* si me yevuboɖawo,
Atikutsetse nyuitɔwo, henaseƒoƒowo* kple nardo gbewo le ene,
14 Si me nardo+ kple safron, gbekee,+ sinamɔn,+
Kple lifi ƒe ati ɖe sia ɖe ƒomevi, mire, aloe,+
Kple atike ʋeʋĩ nyuitɔwo katã le.+
15 Èle abe tsi dzidzi si le abɔ me, tsi nyui vudo,
Kple tɔsisi si tso Lebanon ene.+
16 Oo dzieheya, nyɔ;
Oo anyieheya, wò hã ho va.
Ƒo to nye abɔ me.
Na eƒe ʋeʋẽ lilili naxɔ afi sia afi.”
“Nye lɔlɔ̃tɔ neva eƒe abɔ me,
Ne wòaɖu eme kutsetse nyuitɔwo.”
5 “Oo nɔvinyenyɔnu, nye ŋugbetɔ,
Meva nye abɔ me.+
Megbe nye mire kple nye gbe ʋeʋĩ.+
Menyi nye anyixe kple nye anyitsi;
Meno nye wain kple nye notsi.”+
“Xɔ̃nyewo, miɖu nu!
Mino lɔlɔ̃ miamu!”+
2 “Mele alɔ̃ me, ke nye dzi le ŋute.+
Nye lɔlɔ̃tɔ le ʋɔ ƒom!”
‘Oo nɔvinyenyɔnu, nye dzi lɔlɔ̃a,
Nye ahɔnɛ, nye ame dzadzɛ, ʋu ʋɔa nam!
Elabena ahũ ƒo ta nam belee,
Eye nye ɖa me yɔ fũu kple zãmu.’+
3 Meɖe nye awu ɖi.
Ðe magatsɔe adoa?
Meklɔ nye afɔwo.
Ðe magaƒo ɖi wo akea?
4 Nye lɔlɔ̃tɔ he asi ɖa tso ʋɔtrua ƒe do nu,
Ale nye dzi kpɔ dzidzɔ le menye.
5 Mefɔ be maʋu ʋɔa na nye lɔlɔ̃tɔ;
Mire le tsyɔtsyɔm le asi ŋu nam,
Mire tsrolo le ɖuɖum le nye asibidɛwo ŋu
Ðe gametia ƒe asiléƒe ŋu.
6 Meʋu ʋɔa na nye lɔlɔ̃tɔ,
Ke nye lɔlɔ̃tɔ trɔ dzo, ebu.
Esi wòtrɔ dzo la,* dzi ɖe le ƒonye.*
Medii ʋuu, gake nyemekpɔe o.+
Meyɔe, gake metɔ nam o.
7 Dzɔla siwo le tsatsam le dua me la do gom.
Woƒom hede abi ŋunye.
Gliŋudzɔlawo ɖe nye kɔmetsyɔvɔ* la le ŋunye.
8 Oo, Yerusalem vinyɔnuwo, mika atam nam be:
Ne mieke ɖe nye lɔlɔ̃tɔ ŋu la,
Yewoagblɔ nɛ be lɔlɔ̃ de dɔ lãme nam.”
9 “Tugbewo fia,
Nu kae wò lɔlɔ̃tɔ la tsɔ ƒo lɔlɔ̃tɔ bubuwo tae?
Nu ka kurae wò lɔlɔ̃tɔ la tsɔ ƒo lɔlɔ̃tɔ bubuwo tae,
Be nàna míaka atam alea?”
10 “Nye lɔlɔ̃tɔ le keklẽm, ebiã;
Eye wòɖe dzesi wu le ame akpe ewo dome.
11 Eƒe ta nye sika, sika nyuitɔ.
Eƒe taɖa le abe deʋaya siwo me ya ɖo ene,*
Eye wònyɔ abe akpaviã ene.
13 Eƒe alɔgo le abe kpó siwo dzi gbe ʋeʋĩwo le la ene,+
Gbe ʋeʋĩ siwo woli kɔ ɖi.
Eƒe nuyiwo nye dzogbenya siwo le mire tsroloe tsyɔm.+
14 Eƒe abɔwo nye sikati mlimɔ siwo ŋu woɖo krisolit-kpewo ɖo.
Eƒe ƒodo nye nyiɖu zɔzrɔ̃e si wotsɔ safir-kpewo ɖo atsyɔ̃ na.
15 Eƒe afɔwo nye kpe xɔasi sɔti siwo ƒe anyinɔwo nye sika nyuitɔ.
Eƒe dzedzeme le abe Lebanon ene, enyo ale gbegbe, abe sederti ene.+
16 Vivi sɔŋ le eƒe nu me,
Eye nu sia nu nyo le eŋu!+
Oo, Yerusalem vinyɔnuwo, aleae nye lɔlɔ̃tɔ la le, aleae nye dzi lɔlɔ̃a le.”
6 “Tugbewo fia,
Afi kae wò lɔlɔ̃tɔ la yi?
Afi kae wò dzi lɔlɔ̃a to?
Ne míakpe ɖe ŋuwò adii.”
2 “Nye lɔlɔ̃tɔ yi eƒe abɔ me,
Eyi gbe ʋeʋĩ kpówo gbɔ,
Ne wòakplɔ lãhawo le abɔawo me,
Eye wòagbe dzogbenyawo.+
3 Nye lɔlɔ̃tɔ la nye tɔnye,+
Eye nye hã menye etɔ.
Ele lãhawo kplɔm le dzogbenyawo me.”+
4 “Nye lɔlɔ̃tɔ,+ èdze tugbe abe Tirza*+ ene,
Ènyo abe Yerusalem ene,+
Ènya le kpɔkpɔm abe aʋakɔ siwo ƒo ƒu ɖe woƒe dzesitiwo gbɔ ene.+
Wò taɖa le abe gbɔ̃ha
Siwo le abu ɖim tso Gilead-towo dzi gbɔna ene.+
6 Wò aɖuwo le abe alẽha
Siwo wole tsi na teti ene;
Wo katã wodzi venɔviwo,
Eye ɖeke ƒe vi meku o.
7 Wò alɔgowo le dzedzem le wò motsyɔnu la me
Abe yevuboɖa si me wofe ene.
9 Ke ɖeka koe nye nye ahɔnɛ,+ nye ame dzadzɛ.
Eyae nye dadaa ƒe vinyɔnu ɖeka hɔ̃.
Vi malɔ̃nugbɔe* wònye na nɔa.
Nyɔnuwo kpɔe, eye woyɔe be dzidzɔtɔ;
Fia srɔ̃wo kple fia ƒe ahiãwo kpɔe, eye wokafui.
10 ‘Nyɔnu kae nye esi le keklẽm* abe agudzedze ene,
Nya kpɔ abe ɣleti si sɔ tegblẽe ene,
Dza abe ɣe ƒe keklẽ ene,
Eye wònya le kpɔkpɔm abe aʋakɔ siwo ƒo ƒu ɖe woƒe dzesitiwo gbɔ ene?’”+
11 “Meyi ɖe azitibɔ me+
Be makpɔ ati fẽ siwo le balia me ɖa,
Ne makpɔe ɖa be wainkawo dze,*
Eye yevuboɖawo ƒo se hã.
13 “Trɔ va, trɔ va! Oo Sulam ɖetugbui,
Trɔ va, trɔ va
Va ne míakpɔ wò ɖa!”
“Nu ka tae miefɔ ŋku ɖe Sulam ɖetugbuia dzi ale?”+
“Esi wòle abe hatsotso eve ƒe ɣeɖuɖu ene* tae!”
7 “Oo, vinyɔnu bubume,
Wò afɔkpawo dze afɔ na wò loo!
Wò ata toɖoawo le abe atsyɔ̃ɖonu
Si aɖaŋudɔwɔla wɔ ene.
2 Wò agbɔgbɔ le abe agba goboe ene.
Wain si wotɔtɔ la megavɔ le eme o.
Wò ƒodo le abe lu si woli kɔe,
Si dzogbenya ƒo xlãe la ene.
3 Wò nowo le abe sãdevi eve,+
Siwo nye venɔviwo ene.
4 Wò kɔ+ le abe nyiɖuxɔ tsrala ene.+
Wò ŋɔti le abe Lebanon ƒe xɔ tsrala
Si dze ŋgɔ Damasko ene.
Wò ɖa legbee kpɔyɔawo lé dzi na* fia la.
6 Oo, nye dzi lɔlɔ̃a, ènya le kpɔkpɔm loo! Èdze tugbe vavã!
ȃo nu lédzinamewo katã ta!
8 Mebe, ‘Made deti la dzi
Ne malé eƒe tsetseawo.’
Wò nowo nenɔ abe wainkpowo ene,
Wò gbɔgbɔ neʋẽ lilili abe atɔtɔŋutiwo ene,
9 Eye wò nu me nenɔ abe wain nyuitɔ ene.”
“Na wain la nayi wɔli na nye lɔlɔ̃tɔ la,
Eye wòasi blewu ato alɔ̃dɔlawo ƒe nuyiwo dzi.
10 Nye lɔlɔ̃tɔ la tɔe menye,+
Eye nye nu lé dzi nɛ vevie.
12 Na míafɔ ŋdi kanya ayi waingbleawo me,
Ne míakpɔe ɖa be wainkawo dze,*
Seƒoƒoawo ke,+
Eye yevuboɖatiwo ƒo se hã.+
Afi mae maɖe nye lɔlɔ̃ afia wò le.+
Oo, nye lɔlɔ̃tɔ, medzra wo ɖo ɖi na wò,
Yeyeawo kple xoxoawo siaa!
8 “Ne ɖe nànɔ nam abe nɔvinyeŋutsu
Si no danye ƒe no ene ɖe!
Anye ne mekpɔ wò le ablɔ me la, magbugbɔ nu na wò,+
Eye ame aɖeke mado vlom o.
Mana wain si me wode gbe ʋeʋĩ la wò,
Mana yevuboɖametsi vivi wò nàno.
3 Atsɔ eƒe miasi ade nye ta te,
Eye wòatsɔ eƒe nuɖusi akplam.+
4 Oo Yerusalem vinyɔnuwo, mika atam nam be:
Yewomanyɔ lɔlɔ̃ ɖe menye alo aʋuʋui o, va se ɖe esime wòadze eya ŋutɔ ŋu hafi.”+
5 “Nyɔnu kae nye ekem tso gbedzi gbɔna
Heziɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃tɔ ŋu?”
“Atɔtɔŋutiti tee menyɔ wò le.
Afi mae dawò lé wò ku le.
Afi mae dawò lé ku dzi wò le.
Ebina abe dzo ene, Yah* ƒe dzoƒaɖe.+
Ne ame aɖe be yeatsɔ yeƒe aƒemekesinɔnuwo katã ana ɖe lɔlɔ̃ ta la,
Ðeko woaɖe alɔme le eŋu.”
8 “Nɔvinyɔnu sue aɖe le mía si,+
Si mekpɔ te no haɖe o.
Nu kae míawɔ na mía nɔvinyɔnua
Le gbe si gbe woabia eta?”
9 “Ne glie wònye la,
Míatɔ klosalokpɔ atsɔ aɖo atsyɔ̃ ɖe edzi,
Ke ne ʋɔtru wònye la,
Míatsɔ sederʋuƒowo aklãe.”
10 “Glie menye,
Eye nye nowo le abe xɔ tsralawo ene.
Ale meva le abe nyɔnu
Si kpɔ ŋutifafa ene le eŋkume.
11 Waingble aɖe le Salomo si+ le Baal-Hamon.
Etsɔ waingble la de asi na agbledzikpɔlawo.
Wo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔa klosalo akpe ɖeka vanɛ ɖe eƒe tsetsewo ta.
12 Nye waingble si nye tɔnye la li nam.
Oo Salomo, klosalo akpe ɖeka nye tɔwò,
Eye alafa eve nye eƒe tsetsewo dzi kpɔlawo tɔ.”
13 “Oo, wò, ame si nɔa abɔwo me,+
Xɔlɔ̃wo ƒu to anyi ɖe wò gbe ŋu!
Na masee.”+
14 “Nye lɔlɔ̃tɔ, ƒu du,
Wò afɔ netsɔ abe sãde+
Alo zivi
Le gbe ʋeʋĩ towo dzi ene.”
Alo, “Ha si ƒo hawo ta.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Hem ɖe ɖokuiwò ŋu.”
Efia, Ðetugbuiawo.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ame yibɔ.”
Alo, “nye luʋɔ lɔ̃na.”
Alo, “nyɔnu si tsɔ konyifavɔ tsyɔ ŋkume.”
Alo, “nye sɔnɔ.”
Agate ŋu afia, “Ða gbigbi siwo kɔ ɖe tonu na wò la na wò alɔgo nya le kpɔkpɔm.”
Alo, “gavi kotoekotoewo.”
Alo, “gbe ʋeʋĩ (nardomi).”
Alo, “lele; lali.” Wotitinɛ ɖe asi kple afɔ wòbiãna, eye wotsɔnɛ dea ama nu bubuwo hã.
Alo, “aƒe nyui la.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wainxɔ me.”
Alo, “tsidzaɣi.”
Alo, “ƒeƒlelu.”
Agate ŋu afia, “agatowo.” Alo, “Beter-towo.”
Alo, “nye luʋɔ lɔ̃na.”
Alo, “nye luʋɔ lɔ̃na.”
Alo, “nye luʋɔ lɔ̃.”
Alo, “nye luʋɔ lɔ̃.”
Enye apaka si tame wogba si wotsɔ kɔa ame ŋkutawo.
Alo, “seƒoƒotsihe; srɔ̃ɖekuku.”
Alo, “To Siwo Dze Ŋgɔ Lebanon To.”
Agate ŋu afia, “ŋutigbalẽ.”
Alo, “abɔ.”
Alo, “lele; lali.” Wotitinɛ ɖe asi kple afɔ wòbiãna, eye wotsɔnɛ dea ama nu bubuwo hã.
Agate ŋu afia, “Esi wòƒo nu la nye luʋɔ nu tsi.”
Alo, “luʋɔ dzo le tanye.”
Alo, “motsyɔnu.”
Agate ŋu afia, “abe ayedetawo ene.”
Alo, “Du Nyo la.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Vi dzadzɛ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “de kɔ to.”
Alo, “do loto.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “Nye dukɔ si tsɔa eɖokui nana faa.”
Alo, “abe Mahanaim ɣeɖuɖu ene.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wò ta.”
Alo, “de ga nu na.”
Alo, “do loto.”
Alo, “ɖokuitsɔtsɔna blibo.”
Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
“Yah” nye ŋkɔ Yehowa ŋɔŋlɔ kpuie.