INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • nwt Yoel 1:1-3:21
  • Yoel

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yoel
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Yoel

YOEL

1 Esiae nye Yehowa ƒe nya si va na Yoel,* Petuel vi:

 2 “Mi ametsitsiwo, mise nya sia,

Eye mi anyigbadzinɔlawo katã, miƒu to anyi.

Ðe esia tɔgbi dzɔ le mia ŋɔli

Alo le mia tɔgbuiwo ŋɔli kpɔa?+

 3 Migblɔ eŋu nya na mia viwo,

Eye mia viwo nagblɔe na wo viwo,

Eye wo viwo hã nagblɔe na dzidzime si ava ɖe wo yome.

 4 Nu si ʋetrawo kpɔtɔ ɖi la, ʋetsuviwo ƒe ha gã ɖui;+

Nu si ʋetsuviwo ƒe ha gã kpɔtɔ ɖi la, abɔwo ɖui;

Eye nu si abɔwo kpɔtɔ ɖi la, ʋetsuvi gblẽnuwo ɖui.+

 5 Mi ahamulawo, minyɔ,+ eye mifa avi!

Mi wain tsu nolawo katã, mifa avi vevie,

Elabena woɖe wain vivi le nu me na mi.+

 6 Elabena dukɔ aɖe ho va nye anyigba dzi, ŋusẽ le eŋu, eye mele xexlẽ me o.+

Eƒe aɖuwo nye dzata ƒe aɖu,+ eye eƒe glãƒuwo le abe dzata tɔ ene.

 7 Egblẽ nye wainka, eye wona nye gboti zu atitakpo,

Ekuko tsro le eŋu keŋkeŋ hetutui ƒu anyi,

Ena eƒe alɔwo fu ɣie.

 8 Fa avi vevie abe ɖetugbui leaƒe* si ta akpanya

Le eƒe ŋugbetɔsrɔ̃* ta ene.

 9 Nuɖuvɔsa+ kple nunovɔsa+ nu tso le Yehowa ƒe aƒe la me;

Nunɔla siwo wɔa subɔsubɔdɔ na Yehowa la le konyi fam.

10 Woha agblewo, eye anyigba le nu xam;+

Elabena wogblẽ nukuwo, wain yeye no ƒiaƒiaƒia, ami hã nu tso.+

11 Ŋukpe lé agbledelawo; waingbledelawo le avi fam vevie

Le lu kple ƒo ta;

Elabena nuŋeŋe nu tso le agble me.

12 Wainka ƒu,

Eye gboti hã yrɔ.

Yevuboɖati, deti kple atɔtɔŋutiti

Kpakple gbemetiwo katã ƒu;+

Elabena aseyetsotso trɔ zu ŋukpe le dukɔ la me.

13 Mi nunɔlawo, mita akpanya, ne miafa konyi;*

Mi vɔsamlekpui la ƒe subɔlawo, mifa avi sesĩe.+

Mi nye Mawu ƒe subɔlawo, miva, ne miatsi akpanya me adɔ;

Elabena nuɖuvɔsa+ kple nunovɔsa+ nu tso le mia Mawu ƒe aƒe la me.

14 Miɖe gbeƒã nutsitsidɔ;* miyɔ takpekpe tɔxɛ.+

Miƒo ametsitsiwo kple anyigba la dzi nɔlawo katã nu ƒu

Ðe Yehowa mia Mawu la ƒe aƒe me,+ ne miafa avi na Yehowa be wòaxɔ na mi.

15 Aléle, ŋkeke la!

Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe,+

Gbegblẽ wònye tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ gbɔna.

16 Ðe womena nuɖuɖu nu tso le mía ŋkume oa,

Ðe wometsi dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso nu le mía Mawu ƒe aƒe me oa?

17 Nukuwo* lé akpɔ̃ le woƒe sofiwo te.

Nudzraɖoƒewo ɖi gbɔlo.

Womu avawo, elabena nukuwo fiã.

18 Aƒemelãwo gɔ̃ hã le xɔxlɔ̃m!

Nyihawo le tsaglãla tsam, elabena gbeɖuƒe aɖeke meli na wo o!

Fɔɖiɖi la ŋuti tohehe va alẽhawo dzi.

19 Oo Yehowa, wòe mayɔ;+

Elabena dzo bi gbeɖuƒewo le gbedzi,

Eye dzoƒaɖe fiã gbemetiwo katã.

20 Gbemelãwo gɔ̃ hã le asiwònu kpɔm,

Elabena tɔʋuwo mie keŋ

Eye dzo bi gbeɖuƒewo le gbedzi.”

2 “Miku kpẽ le Zion!+

Mido aʋaɣli le nye to kɔkɔe la dzi.

Anyigbadzinɔlawo katã nedzo nyanyanya,

Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la gbɔna!+ Etu aƒe!

 2 Viviti kple blukɔ dogbee,+

Alilikpo kple tsizi dogbee;+

Anɔ abe ale si agudzedze ƒe kekeli xɔa towo tame ene.

Dukɔ aɖe li, si me tɔwo sɔ gbɔ, eye wòsẽ ŋu;+

Etɔgbi menɔ anyi kpɔ o,

Eye ɖeke mava ɖe eyome o,

Tso dzidzime yi dzidzime.

 3 Dzo le nu bim le eŋgɔ,

Eye dzoƒaɖe le nu fiãm le emegbe.+

Anyigba la le eŋgɔ abe Eden-bɔ ene;+

Ke emegbe nye gbegbe ɖeɖe sɔŋ,

Eye naneke mate ŋu asi le enu o.

 4 Wole abe sɔwo ene,

Eye woƒua du abe sɔwoe le aʋagbe dzi ene.+

 5 Wole kpo tim eye woƒe nuwɔna le ɖiɖim abe tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ le towo tame ene,+

Abe dzoe le gbe ƒuƒu bim ene.

Ele abe dukɔ sẽŋu aɖe si ho le aʋalɔgowo me ene.+

 6 Dukɔwo adzo nyanyanya le wo ta.

Mowo katã afu kpii.

 7 Woƒua du abe aʋawɔlawo ene,

Woliaa gli abe aʋamewo ene,

Wo dometɔ ɖe sia ɖe le eƒe mɔ dzi,

Eye womedzena le woƒe toƒewo o.

 8 Wo dometɔ aɖeke memimi nɔvia o;

Wo dometɔ ɖe sia ɖe lé eƒe mɔ tsɔ;

Ne wo dometɔ aɖe tsi aŋutrɔ* nu hã la,

Mamlɛawo metɔna o.

 9 Wolũ ɖe du la dzi hege ɖe eme, woƒu du to gliwo dzi.

Wolia aƒewo, eye woto fesrewo nu ge ɖe eme abe fiafitɔ ene.

10 Anyigba la dzo kpekpekpe le eŋgɔ, dziƒo ʋuʋu.

Ɣe kple ɣleti do viviti,+

Eye ɣletiviwo hã megale keklẽm o.

11 Yehowa aɖe gbe le eƒe aʋakɔ la ŋgɔ,+ elabena eƒe aʋakɔ la me tɔwo sɔ gbɔ ŋutɔ.+

Eya ame si wɔa eƒe nya dzi la tri akɔ;

Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la nye ŋkeke gã aɖe eye ŋɔdzi le eŋu ŋutɔ.+

Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe enu?”+

12 Yehowa be: “Azɔ la, mitsɔ dzi blibo,+

Nutsitsidɔ,+ avifafa kple konyifafa va gbɔnye.

13 Midze miaƒe dziwo,+ menye miaƒe awuwo o,+

Eye migbugbɔ va Yehowa mia Mawu la gbɔ,

Elabena esea veve ɖe ame nu, eye wòkpɔa nublanui, medoa dziku kabakaba o,+ eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la sɔ gbɔ,+

Eye wòagbugbɔ vɔ̃ la ŋu abu.*

14 Ame kae nya ne atrɔ, eye wòagbugbɔ eŋu abu,+

Ale be wòagblẽ yayra ɖe megbe,

Ne woatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ana Yehowa mia Mawu la?

15 Miku kpẽ le Zion!

Miɖe gbeƒã nutsitsidɔ kɔkɔe; miyɔ takpekpe tɔxɛ.+

16 Miƒo dukɔ la nu ƒu; mikɔ ameha la ŋu.+

Miƒo amegãɖeɖiwo* nu ƒu; miƒo ɖeviwo kple vi nonowo nu ƒu.+

Ŋugbetɔsrɔ̃ nedo tso eƒe xɔgã me, eye ŋugbetɔ nedo tso eƒe xɔ me.

17 Nunɔla siwo wɔa subɔsubɔdɔ na Yehowa la nefa avi

Le akpata la kple vɔsamlekpui+ la dome agblɔ be:

‘Oo Yehowa, kpɔ nublanui na wò dukɔ la dzro;

Mègana wò domenyinu la nazu vlodonu,

Ne dukɔwo naɖu fia ɖe wo dzi o.

Nu ka tae dukɔwo agblɔ be, “Afi kae woƒe Mawu la le?”’+

18 Yehowa aʋã ŋu ɖe eƒe anyigba la nu,

Eye eƒe dɔme atrɔ ɖe eƒe dukɔ la ŋu.+

19 Yehowa aɖo eŋu na eƒe dukɔ la be:

‘Kpɔ ɖa, mele agblemenuku, wain yeye kple ami ɖom ɖe mi,

Ne miaɖu aɖi ƒo;+

Nyemagana miazu vlodonu le dukɔwo dome azɔ o.+

20 Manya dziehetɔ la ɖa le mia ŋu ayi adzɔge ʋĩi;

Manyae ɖo ɖe kuɖiɖinyigba dzi kple gbegbe,

Atrɔ mo ɖe ɣedzeƒeƒu* la ŋu,

Eye wòatrɔ megbe ade ɣetoɖoƒeƒu* la.

Eƒe ʋeʋẽ ade dzi,+

Eye eƒe ʋeʋẽ kũu la axɔ yame katã;

Elabena Mawu awɔ nu gãgãwo.’

21 Oo anyigba, mègavɔ̃ o.

Dzi nedzɔ wò, eye nàtso aseye; elabena Yehowa le nu gãwo wɔ ge.

22 Mi gbemelãwo, migavɔ̃ o,

Elabena gbeɖuƒewo ada ama le gbegbe,+

Eye atiwo atse ku;+

Gboti kple wainka atse kplanyaa.+

23 Mi Zion viwo, dzi nedzɔ mi, eye mitso aseye ɖe Yehowa mia Mawu la ŋu;+

Elabena ana keletsi ale si nu asu mi la godoo,

Ana tsi nadza na mi,

Keletsi kple adatsi adza na mi abe tsã ene.+

24 Nukuƒoƒewo ayɔ fũu kple nuku nyui,

Wain yeye ayɔ wainfiãƒewo agbagba, eye ami ado agbogbo ɖe amiɖaƒewo.+

25 Maɖo ƒe siwo

Ʋetsuviwo ƒe ha gã, abɔwo, ʋetsuvi gblẽnuwo kple ʋetrawo ɖu nuwo la teƒe na mi;

Woawoe nye nye aʋakɔ gã si medɔ ɖe mia ŋu.+

26 Miaɖu nu, aɖi ƒo,+

Eye miakafu Yehowa mia Mawu,+

Ame si wɔ nukunu siawo na mi la ƒe ŋkɔ;

Ŋu magakpe nye dukɔ la azɔ o.+

27 Eye miadze sii be, mele nye dukɔ Israel dome,+

Be nyee nye Yehowa mia Mawu,+ eye ɖeke megali o!

Ŋu magakpe nye dukɔ la azɔ o.

28 Le nu siawo megbe la, matrɔ nye gbɔgbɔ+ la akɔ ɖe ŋutilãwo katã ƒomevi dzi,

Eye mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo agblɔ nya ɖi.

Miaƒe amegãɖeɖiwo aku drɔ̃ewo.

Eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo.+

29 Matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe

Nye kluviwo kple nye kosiwo gɔ̃ hã dzi le ŋkeke mawo me.

30 Mana dzesi wɔnukuwo nado ɖe dziƒo kple anyigba dzi:

Ʋu, dzo kple dzudzɔ babla kɔtɔɔ.+

31 Ɣe ado viviti, eye ɣleti azu ʋu,+

Hafi Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la nava ɖo.+

32 Eye ame sia ame si yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la, woaɖee;+

Elabena amewo ado le eme dedie+ le Zion To dzi kple Yerusalem, abe ale si tututu Yehowa gblɔe ene,

Woawoe nye agbetsila siwo Yehowa yɔ.”

3 “Kpɔ ɖa, le ŋkeke mawo me kple ɣemaɣi,

Ne megbugbɔ Yuda kple Yerusalem ƒe aboyomeawo gbɔe la,+

 2 Ekema maƒo dukɔwo katã nu ƒu

Akplɔ wo ayi Yehosafat* Bali la me.

Madrɔ̃ ʋɔnu wo le afi ma,+

Le nye dukɔ kple nye domenyinu Israel ta,

Elabena woka wo hlẽ ɖe dukɔwo dome;

Eye woma nye anyigba ɖe wo nɔewo dome.+

 3 Wodzidze nu ɖe nye dukɔ dzi;+

Wotsɔa ŋutsuvi ɖɔa li gboloe,

Eye wotsɔa nyɔnuvi dzea wain nona.

 4 Oo Tiro kple Sidon kpakple mi Filistia nutowo katã,

Miawo hã nya kae le nye kpli mi dome?

Nane teƒe ɖom miele nama?

Ne nenemae la,

Ekema mawɔ kaba ahe miaƒe nuwɔna ava miaƒe ta dzi alɔtsɔtsɔe.+

 5 Elabena mielɔ nye klosalo kple sika dzoe,+

Eye mietsɔ nye kesinɔnu vevitɔwo yi miaƒe gbedoxɔwo me;

 6 Eye mietsɔ Yuda viwo kple Yerusalem viwo dzra na Helatɔwo,+

Be miana woaɖanɔ adzɔge ʋĩi tso woƒe anyigba gbɔ;

 7 Kpɔ ɖa, mana woatrɔ tso teƒe siwo miedzra wo woyi la,+

Eye mahe miaƒe nuwɔna la ava miaƒe ta dzi.

 8 Madzra mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo na Yuda viwo,+

Eye woawo woadzra wo na Sebatɔwo, dukɔ si le didiƒe ke;

Elabena Yehowa ŋutɔe gblɔe.

 9 Miɖe gbeƒã nya sia le dukɔwo dome be:+

‘Mibla akpa ɖe* aʋawɔwɔ ŋu! Mide dzo lãme na kalẽtɔwo!

Mina aʋawɔlawo nate va! Mina aʋakalẽtɔwo katã naho va!+

10 Mitsɔ miaƒe agblenuwo tu yiwoe, eye mitsɔ miaƒe hɛ gobɛwo tu akplɔwoe.

Ame beli negblɔ be: “Kalẽtɔ menye.”

11 Mi dukɔ siwo katã ƒo xlã mí godoo, miva ƒo takpli!’”+

Oo Yehowa, na wò kalẽtɔwo* naɖi va afi ma.

12 Dukɔwo netso, ne woayi Yehosafat Bali la me;

Elabena afi mae manɔ anyi ɖo adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo katã godoo.+

13 Mido hɛ gobɛ ɖa, elabena nukuawo ɖi.

Miva miafanya nu, elabena wainfiãƒe la yɔ.+

Wainfiãnuawo ɖɔ gbagba, elabena woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo do agbogbo.

14 Amehawo, ameha geɖewo le nyametsobali la me,

Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, le nyametsobali la me.+

15 Ɣe kple ɣleti ado viviti,

Eye ɣletiviwo ƒe keklẽ nu atsi.

16 Yehowa aɖe gbe tso Zion,

Eye wòana woase eƒe gbe tso Yerusalem.

Dziƒo kple anyigba aʋuʋu;

Ke Yehowa anye sitsoƒe na eƒe dukɔ,+

Kple mɔ́ sesẽ na Israel-viwo.

17 Eye miadze sii be, nyee nye Yehowa mia Mawu, ame si le nye to kɔkɔe Zion dzi.+

Yerusalem azu teƒe kɔkɔe,+

Eye ame tutɔwo* magato afi ma ava yi azɔ o.+

18 Ava eme gbe ma gbe be, towo atsyɔ wain vivi,+

Togbɛwo aɖuɖu notsi,

Eye tsi asi ato Yuda-tɔʋuwo katã me.

Tsi adzi tso Yehowa ƒe aƒe la me+

Ade tsi Akasiatibali la.

19 Gake Egipte azu aƒedo,+

Eye Edom hã azu gbegbe ƒeƒle sɔŋ,+

Elabena wosẽ ŋuta le Yuda viwo ŋu,+

Eye woƒe anyigba dzie wokɔ ʋu maɖifɔ ɖe anyi le.+

20 Ke amewo anɔ Yuda ya ɖaa,

Eye woanɔ Yerusalem tso dzidzime yi dzidzime.+

21 Mabu woƒe ʋu* si nyemebu ʋu maɖifɔe tsã o la, ʋu maɖifɔe,+

Eye Yehowa anɔ Zion.”+

Egɔmee nye, “Yehowae Nye Mawu.”

Alo, “ɖetugbui.”

Alo, “Le srɔ̃a.”

Alo, “ne miaƒo akɔta.”

Alo, “Mikɔ nutsitsidɔ ŋu.”

Agate ŋu afia, “Gbotsetse ƒuƒuwo.”

Alo, “aʋawɔnu.”

Alo, “vɔ̃ la ate ɖe edzi.”

Alo, “ametsitsiwo.”

Efia, Ƒukuku.

Efia, Domeƒu.

Egɔmee nye, “Yehowae Nye Ʋɔnudrɔ̃la.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “Mikɔ.”

Alo, “aʋawɔlawo.”

Alo, “amedzrowo.”

Alo, “ʋufɔɖiɖi.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe