INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • nwt Amos 1:1-9:15
  • Amos

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amos
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Amos

AMOS

1 Esiae nye Amos,* si nye alẽkplɔlawo dometɔ ɖeka le Tekoa+ la, ƒe ŋutega si wòkpɔ ku ɖe Israel ŋu ƒe eve do ŋgɔ na anyigbaʋuʋu+ la, le Yuda-fia Uziya+ ŋɔli, kple Israel-fia Yeroboam,+ si nye Yoas+ vi ŋɔli la, me nyawo. 2 Egblɔ be:

“Yehowa aɖe gbe tso Zion,

Eye wòana eƒe gbe naɖi tso Yerusalem.

Lãkplɔviwo ƒe lãnyiƒewo axa nu,

Eye Karmel tame aƒu.”+

 3 “Ale Yehowa gblɔe nye esi:

‘“Le Damasko ƒe aglãdzenuwɔna* etɔ̃ kple eneawo ta la, nyemagbugbɔ nye asi ɖe megbe o,

Elabena wohe galuƒotasiaɖam to Gilead dzi.+

 4 Eya ta maɖo dzo ɖe Hazael ƒe me,+

Ne wòafiã Ben-Hadad ƒe mɔ́ sesẽwo.+

 5 Maŋe Damasko ƒe gametiwo;+

Matsrɔ̃ Bikat-Aven nɔlawo,

Eye matsrɔ̃ ame si le dzi ɖum* le Bet-Eden;

Eye woaɖe aboyo Siria dukɔ la ayi Kir,”+ Yehowa ye gblɔe.’

 6 Ale Yehowa gblɔe nye esi:

‘“Le Gaza+ ƒe aglãdzenuwɔna etɔ̃ kple eneawo ta la, nyemagbugbɔ nye asi ɖe megbe o,

Elabena woɖe aboyo ha blibo la+ hekplɔe yi ɖade asi na Edom.

 7 Eya ta maɖo dzo ɖe Gaza+ ƒe gliwo dzi,

Ne wòafiã eƒe mɔ́ sesẽwo.

 8 Matsrɔ̃ Asdod nɔlawo,+

Eye matsrɔ̃ ame si le dzi ɖum* le Askelon;+

Matrɔ nye asi ɖe Ekron ŋu,+

Eye Filistitɔwo ƒe ame susɔeawo nu ayi,”+ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ye gblɔe.’

 9 Ale Yehowa gblɔe nye esi:

‘Le Tiro+ ƒe aglãdzenuwɔna etɔ̃ kple eneawo ta la, nyemagbugbɔ nye asi ɖe megbe o,

Elabena wotsɔ aboyomewo ƒe ha blibo la de asi na Edom,

Eye womeɖo ŋku nɔviwo dome nubabla la dzi o.+

10 Eya ta maɖo dzo ɖe Tiro ƒe gliwo dzi,

Ne wòafiã eƒe mɔ́ sesẽwo.’+

11 Ale Yehowa gblɔe nye esi:

‘Le Edom+ ƒe aglãdzenuwɔna etɔ̃ kple eneawo ta la, nyemagbugbɔ nye asi ɖe megbe o,

Elabena eɖe eya ŋutɔ nɔvia ɖe nu kple yi,+

Egbe nublanuikpɔkpɔ,

Ele wo vuvu dzi ɖaa le dɔmedzoe me;

Eye wòlé wo ɖe dɔme ɖikaa.+

12 Eya ta maɖo dzo ɖe Teman,+

Ne wòafiã Bozra ƒe mɔ́ sesẽwo.’+

13 Ale Yehowa gblɔe nye esi:

‘“Le Amonitɔwo+ ƒe aglãdzenuwɔna etɔ̃ kple eneawo ta la, nyemagbugbɔ nye asi ɖe megbe o,

Elabena wodze ƒo le Gilead-funɔwo nu, ne woakeke woƒe anyigba ɖe enu.+

14 Eya ta maɖo dzo ɖe Raba ƒe gliwo dzi,+

Ne wòafiã eƒe mɔ́ sesẽwo,

Ne aʋaɣli ɖi le aʋakpegbe,

Eye ya ƒo ʋuduʋudu le ahomtugbe.

15 Woƒe fia kple eƒe amegãwo siaa ayi aboyo me,”+ Yehowa ye gblɔe.

2 “Ale Yehowa gblɔe nye esi:

‘“Le Moab+ ƒe aglãdzenuwɔna* etɔ̃ kple eneawo ta la, nyemagbugbɔ nye asi ɖe megbe o,

Elabena etsɔ Edom-fiawo ƒe ƒuwo mè akaloe.

 2 Eya ta maɖo dzo ɖe Moab,

Ne wòafiã Keriot ƒe mɔ́ sesẽwo;+

Moab aku le zitɔtɔ me,

Ne aʋaɣli ɖi, eye kpẽ ɖi.+

 3 Maɖe dziɖula* la ɖa le eme,

Eye mawu eya kple eƒe amegãwo katã,”+ Yehowa ye gblɔe.’

 4 Ale Yehowa gblɔe nye esi:

‘Le Yuda+ ƒe aglãdzenuwɔna etɔ̃ kple eneawo ta la, nyemagbugbɔ nye asi ɖe megbe o,

Elabena wogbe Yehowa ƒe se* la,

Eye womelé eƒe ɖoɖowo me ɖe asi o;+

Ke boŋ alakpa siwo yome wo tɔgbuiwo dze la kplɔ wo trae.+

 5 Eya ta maɖo dzo ɖe Yuda,

Ne wòafiã Yerusalem ƒe mɔ́ sesẽwo.’+

 6 Ale Yehowa gblɔe nye esi:

‘Le Israel+ ƒe aglãdzenuwɔna etɔ̃ kple eneawo ta la, nyemagbugbɔ nye asi ɖe megbe o,

Elabena wotsɔ ame dzɔdzɔe dzra ɖe klosalo ta,

Eye wotsɔ ame dahe dzra ɖe afɔkpa dodo ɖeka ta.+

 7 Wotea ame dahewo ƒe ta ɖe to,+

Eye woxea mɔ na ame tsɛwo.+

Ame kple fofoa de ɖetugbui ɖeka gbɔ,

Ne woaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la.

 8 Wodra ɖe avɔ siwo woxɔ awɔbae+ la dzi le vɔsamlekpui+ ɖe sia ɖe gbɔ;

Eye wonoa agɔdzeha si woxɔ le amewo si le woƒe mawuwo ƒe me.’*

 9 ‘Evɔ nyee tsrɔ̃ Amoritɔ la,+

Si kɔ abe sederti ene, eye wòsesẽ abe logoti ene la gbidigbidi le wo ta hafi;

Metsrɔ̃ eƒe tsetse le dzi kple eƒe ke le to me.+

10 Mekplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi,+

Eye mena miezɔ gbea dzi ƒe blaene,+

Ne miaxɔ Amoritɔ la ƒe anyigba wòazu mia tɔ.

11 Eye meɖo mia viŋutsu aɖewo nyagblɔɖilawo+

Kple miaƒe ɖekakpui aɖewo Naziritɔwoe.+

Oo Israel-viwo, menye alea wòle oa?’ Yehowa ye gblɔe.

12 ‘Ke mienaa wain Naziritɔwo be woano,+

Eye miede se na nyagblɔɖilawo be: “Migagblɔ nya ɖi o.”+

13 Eya ta magbã mi gudugudu ɖe mia nɔƒe,

Abe ale si tasiaɖam si wodo nukugba na gbãa nu le ete gudugudui ene.

14 Ame ɖeablɛ makpɔ afi aɖeke asi ayi o,+

Ŋusẽ avɔ le ŋusẽtɔ ŋu,

Eye aʋawɔla maɖe eƒe agbe* o.

15 Aŋutrɔdala manɔ te o,

Afɔ ɖeablɛtɔ masi o,

Eye sɔdola maɖe eƒe agbe* o.

16 Eye ame si ƒo dzi le le aʋawɔlawo dome gɔ̃ hã

Asi amamae gbe ma gbe,’+ Yehowa ye gblɔe.”

3 “Oo Israel-viwo, mise nya si Yehowa gblɔ tso mia ŋu, tso ƒome blibo si wòkplɔ tso Egipte la ŋu:

 2 ‘Miawo koe menya le anyigbadziƒomewo katã dome.+

Esia tae mabia akɔnta mi ɖe miaƒe vodadawo katã ta ɖo.+

 3 ‘Ðe ame eve dzea mɔ ɖekae ne womeɖo gbe ɖi oa?

 4 Ðe dzata ɖea gbe le ave me ne mekpɔ nuléle aɖeke oa?

Ðe dzatatsui* tea gbe le eƒe bebeƒe ne melé naneke oa?

 5 Ðe xevi gena ɖe mɔ̃ me le anyigba ne wometre mɔ̃ nɛ oa?*

Ðe mɔ̃ fena ne naneke meɖo eme oa?

 6 Ne woku kpẽ le du me la, ɖe vɔvɔ̃ meɖoa amewo oa?

Ne vɔ̃ va du dzi la, menye Yehowa ye hee vɛ oa?

 7 Elabena Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa mewɔa naneke

Ne meɖe eƒe tameɖoɖo* fia esubɔla nyagblɔɖilawo hafi o.+

 8 Dzata ɖe gbe!+ Ame kae mavɔ̃ o?

Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ƒo nu! Ame kae agbe nyagbɔgblɔ ɖi?’+

 9 ‘Miɖe gbeƒã le mɔ́ sesẽwo tame le Asdod

Kple mɔ́ sesẽwo tame le Egipte-nyigba dzi.

Migblɔ be: “Miƒo ƒu miaho ɖe Samaria-towo ŋu;+

Mikpɔ ʋunyaʋunyawɔwɔ si le eme

Kple ametafatafa siwo le edzi yim le eme la ɖa.+

10 Elabena womenya nu dzɔdzɔe wɔwɔ o,

Woli kɔ ŋutasesẽ kple gbegblẽ ɖe woƒe mɔ́ sesẽwo me gleglegle,” Yehowa ye gblɔe.’

11 Eya ta ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi:

‘Futɔ aɖe ava ɖe to ɖe anyigba la,+

Axɔ ŋusẽ le asiwò,

Eye wòaha wò mɔ́ sesẽwo.’+

12 Ale Yehowa gblɔe nye esi:

‘Ale si ko lãkplɔvi hea lã ƒe afɔ eve alo eƒe to kakɛ tso dzata ƒe nu mee la,

Nenemae woahe Israel-vi

Siwo bɔbɔ nɔ abati xɔasiwo kple aba nyuiwo* dzi le Samaria la hãe.’+

13 ‘Misee, ne miaxlɔ̃ nu Yakob ƒe aƒe la,’* Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu, ye gblɔe.

14 ‘Elabena gbe si gbe mabia akɔnta Israel ɖe eƒe aglãdzedze* ta la,+

Mabia akɔnta Betel ƒe vɔsamlekpuiwo hã;+

Woaŋe vɔsamlekpui la ƒe dzowo woage adze anyigba.+

15 Magbã vuvɔŋɔlixɔ kple dzomeŋɔlixɔwo siaa.’

‘Nyiɖuxɔwo atsrɔ̃,+

Eye xɔ gã gãwo* nu ayi,’+ Yehowa ye gblɔe.”

4 “Mise nya sia, mi Basan nyinɔ

Siwo le Samaria-to dzi,+

Mi nyɔnu siwo le ame tsɛwo tafam+ hele ame dahewo gbãm gudugudu,

Siwo le gbɔgblɔm na mia srɔ̃ŋutsuwo* be: ‘Midi nane vɛ míano!’

 2 Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa tà eƒe kɔkɔenyenye be:

‘“Kpɔ ɖa! Ŋkekewo li gbɔna na mi, esime woatsɔ lãtsolawo ƒe ga gɔdɔ̃ewo akɔ mi ɖe dzi,

Eye woatsɔ ƒu akɔ miaƒe ame susɔewo ɖe dzi.

 3 Miato gli ƒe gbagbãƒewo adzo, eye ame sia ame akpɔ eŋgɔ tẽe;

Woatsɔ mi aƒu gbe ɖe Harmon,” Yehowa ye gblɔe.’

 4 ‘Miva Betel, ne miawɔ nu tovo,*+

Miva Gilgal, ne miawɔ nu tovo geɖe wu!+

Mitsɔ miaƒe vɔsawo+ vɛ le ŋdi,

Kple miaƒe nu ewoliawo+ vɛ le ŋkeke etɔ̃a gbe.

 5 Mitsɔ abolo ʋaʋã do dzudzɔ wòanye akpedavɔsa;+

Miɖe gbeƒã lɔlɔ̃nu faa nunanawo sesĩe;

Elabena aleae mielɔ̃a wɔwɔ, Oo Israel-viwo,’ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ye gblɔe.

 6 ‘Mena miaƒe aɖuwo fu tititi le dɔwuame ta* le miaƒe duwo katã me,

Eye mena abolokoe wɔ mi le miaƒe aƒewo katã me;+

Ke mietrɔ va gbɔnye o,’+ Yehowa ye gblɔe.

 7 “‘Mete tsidzadza mi esi wòsusɔ ɣleti etɔ̃ ne nuŋeɣi naɖo;+

Mena tsi dzana le du ɖeka me, ke medzana le du evelia me o.

Tsi dza ɖe agble ɖeka me,

Ke agble si me nyemena tsi dza ɖo o la me ƒu kplakplakpla.

 8 Du eve alo etɔ̃ me tɔwo mu ya sagasaga yi du ɖeka gbɔ, be yewoano tsi,+

Ke womeɖia kɔ o;

Gake mietrɔ va gbɔnye o,’+ Yehowa ye gblɔe.

 9 “Mena ŋdɔ sesẽ ɖu miaƒe nukuwo wofiã eye mena wodze heteku.+

Miedzi miaƒe abɔwo kple miaƒe waingblewo ɖe edzi,

Ke ʋetsuviwo ɖu miaƒe gbotiwo kple miaƒe amitiwo;+

Gake mietrɔ va gbɔnye o,’+ Yehowa ye gblɔe.

10 ‘Meɖo dɔvɔ̃ ɖe mia dome abe esi va Egipte dzi ene.+

Metsɔ yi wu miaƒe ɖekakpuiwo,+ eye meha miaƒe sɔwo.+

Mena miaƒe asaɖawo me ƒe ʋeʋẽ kũu ɖo ŋɔti me na mi;+

Gake mietrɔ va gbɔnye o,’ Yehowa ye gblɔe.

11 ‘Metrɔ mi bu anyi,

Abe ale si metrɔ Sodom kple Gomora bu anyi ene.+

Eye mienɔ abe atikpo si woɖe tso dzo me ene;

Gake mietrɔ va gbɔnye o,’ +Yehowa ye gblɔe.

12 Eya ta Israel, aleae mawɔ wòe.

Esi wònye aleae mawɔ wòe ta la,

Israel, dzra ɖo nàɖakpe kple wò Mawu.

13 Elabena eyae nye Ame si mè towo,+ eye wòwɔ ya;+

Ame si ɖea Eƒe susuwo fiaa amegbetɔwo,

Ame si nana agudzedze zua viviti,+

Eye wòzɔa anyigba ƒe kɔkɔƒewo;+

Eŋkɔe nye Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu.”

5 “Oo Israel ƒe aƒe, miɖo to miase konyifaha si dzi ge mala ɖe mia ŋu:

 2 ‘Israel, si nye ɖetugbui la, dze anyi;

Magate ŋu afɔ o.

Wogblẽe ɖi ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi;

Ame aɖeke meli afɔe ɖe tsitrenu o.’

3 “Elabena ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi:

‘Du si tsɔa ame akpe ɖeka hoa aʋa tsã la ƒe ame alafa ɖeka koe asusɔ;

Eye esi tsɔa ame alafa ɖeka hona tsã la ƒe ame ewo koe asusɔ na Israel ƒe aƒe la.’+

4 “Elabena ale Yehowa gblɔ na Israel ƒe aƒe lae nye esi:

‘Midim, ne mianɔ agbe.+

 5 Migabia Betel ta se o,+

Migava Gilgal o,+ eye migatso eme yi Beer-Seba o+

Elabena Gilgal ayi aboyo me godoo,+

Eye Betel hã atsrɔ̃.*

 6 Midi Yehowa, ne mianɔ agbe,+

Ne wòagado abe dzo ene ɖe Yosef ƒe aƒe la ŋu,

Afiã Betel, eye ame aɖeke manɔ anyi atsii o.

 7 Mietrɔ nya dzɔdzɔe wòzu atsa.*

Eye mietsɔ dzɔdzɔenyenye ƒu gbe ɖe anyigba.+

 8 Ame si wɔ Kima ɣletivihatsotso* kple Kesil ɣletivihatsotso,*+

Ame si trɔa blukɔ tsiɖitsiɖi wòzua ŋdi,

Ame si nana ŋkeke doa viviti abe zã ene,+

Ame si yɔa atsiaƒumetsiwo yia dzi,

Be wòatrɔ wo akɔ ɖe anyigba dzi la,+

Eŋkɔe nye Yehowa.

 9 Ahe tsɔtsrɔ̃ ava ame sesẽ la dzi,

Ne tsɔtsrɔ̃ nava du sesẽwo hã dzi.

10 ‘Wolé fu ame si kaa mo na ame le dugbo la nu,

Eye wonyɔa ŋu ame si toa nyateƒe.+

11 Esi miexɔa agblefe le ame dahe si,

Eye miexɔa eƒe nuku ɖe adzɔ nu ta la,+

Miaganɔ xɔ siwo mietsɔ kpe fufuwo tu la me loo,+

Alo ano wain tso waingble nyui siwo miede la me o.+

12 Elabena menya miaƒe aglãdzedzewo* ƒe agbɔsɔsɔ

Kple ale si miaƒe nu vɔ̃wo tri akɔe

—Mieɖea fu na ame dzɔdzɔe vevie,

Miexɔa zãnu

Eye miedrɔ̃a nya dzɔdzɔe na ame dahe le dugbo la nu o.+

13 Eya ta nunyala azi ɖoɖoe ɣemaɣi,

Elabena xaxaɣi wòanye.+

14 Midi nyui, menye vɔ̃ o,+

Ne mianɔ agbe.+

Ale be Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu nanɔ kpli mi,

Abe ale si miawo ŋutɔwo miegblɔnɛ ene+.

15 Milé fu vɔ̃, milɔ̃ nyui,+

Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe le dugbo la nu.+

Ame aɖe menya nu o, Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu,

Ave Yosef ƒe ame susɔeawo nu hĩ.’+

16 “Eya ta ale Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu, Yehowa gblɔe nye esi:

‘Konyifafa anɔ ablɔwo katã me,

Eye woanɔ “Alele, Alele!” dom le kpɔdomeewo katã.

Woayɔ agbledelawo be woava fa avi,

Eye woayɔ konyifala bibiwo woava fa avi.’

17 ‘Avi aɖi le waingblewo katã me;+

Elabena mato dowòme ava yi,’ Yehowa ye gblɔe.

18 ‘Baba na ame siwo dzrom Yehowa ƒe ŋkeke la le!+

Ke nu kae Yehowa ƒe ŋkeke la anye na mi?+

Anye viviti, menye kekeli o.+

19 Anɔ abe ale si ame nasi le dzata nu, eye sisiblisi nava do goe ene,

Eye esi wòge ɖe eƒe aƒe me hetsɔ asi ɖo gli ŋu la, da ɖui.

20 Ðe menye vivitie Yehowa ƒe ŋkeke la anye, eye menye kekeli oa;

Ðe mado blukɔ, eye eme makɔ oa?

21 Melé fu miaƒe ŋkekenyuiwo, eye wonyɔ ŋu nam,+

Eye miaƒe takpekpe tɔxɛwo maʋẽ ɖem lilili o.

22 Ne miesa numevɔ blibowo kple nunavɔwo nam gɔ̃ hã la,

Madze ŋunye o;+

Eye miaƒe ŋutifafavɔ siwo miatsɔ miaƒe lã damiwo asa la madze ŋunye o.+

23 Te wò hadzidziwo ƒe toɣliɖeɖe ɖa le gbɔnye;

Nyemedi wò kasaŋkuƒoƒo viviwo mase o.+

24 Nya dzɔdzɔe nesi abe tsi ene,+

Eye dzɔdzɔenyenye nesi abe tɔ si nɔa sisim ɖaa ene.

25 Oo Israel ƒe aƒe, ɖe mietsɔ vɔsawo kple nunavɔsawo vɛ nam

Le gbea dzi le ƒe blaeneawo mea?+

26 Miakɔ miaƒe fia Sakut kple Kaiwan,*

Miaƒe ɣletivimawu ƒe nɔnɔme si miewɔ na mia ɖokuiwo la adzoe,

27 Eye mana woaɖe aboyo mi agbɔ Damasko+ ŋu ʋĩi ayi,’ ame si ŋkɔe nye Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu ye gblɔe.”+

6 “Baba na ame siwo kana ɖe wo ɖokuiwo dzi* le Zion,

Baba na ame siwo susu be yewole dedie le Samaria-to la dzi,+

Mi dukɔ veviwo ƒe ame ŋkutawo,

Ame siwo gbɔ Israel ƒe aƒe la vana!

 2 Miyi Kalne ne miakpɔ.

Mitso afi ma miayi Hamat Gã,+

Eye miayi Filistitɔwo ƒe Gat.

Ðe wonyo wu fiaɖuƒe siawo,*

Alo ɖe woƒe anyigba lolo wu mia tɔa?

 3 Ðe miele ŋkeke vɔ̃ la ɖem ɖa le susu me+

Eye miele ŋutasesẽ ƒe dziɖuɖu* hem vɛa?+

 4 Womlɔa nyiɖubatiwo dzi,+ eye wodrana ɖe abawo dzi+

Henɔa agbowo kple nyivi* damiwo ɖum le lãha la dome;+

 5 Wonɔa ha kpam ɖe kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi ŋu,+

Eye wotoa haƒonuwo vɛ abe David ene;+

 6 Wokua wain ɖe kplu gãwo me wòyɔnɛ banaa wonona,+

Eye wosia ami nyuitɔwo.

Eye vɔ̃ si dzɔ ɖe Yosef dzi la meka wo o.*+

 7 Eya ta woanɔ ŋgɔ na aboyomewo ayi aboyo me,+

Eye ame siwo dra ɖe abawo dzi la ƒe aglotutu vivivo la nu atso.

 8 ‘Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa tà eɖokui*+ be:

“Yakob ƒe dàda nyɔ ŋu nam,+

Melé fu eƒe mɔ́ sesẽwo,+

Eye matsɔ du la kple emenuwo ade asi,”’+ Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu ye gblɔe.

9 “‘“Eye ne ame ewo kpɔtɔ ɖe aƒe aɖe me la, woawo hã woaku. 10 Ƒometɔ aɖe ava fɔ wo ahatɔ dzo wo ɖekaɖeka. Alɔ woƒe ƒuawo ado goe le aƒea me, eye ne ame aɖe le xɔgã me la, abiae be, ‘Ðe ame aɖe gale gbɔwòa?’ Eye wòaɖo eŋu nɛ be, ‘Ame aɖeke meli o!’ Ekema agblɔ be, ‘Zi ɖoɖoe! Elabena menye Yehowa ƒe ŋkɔ yɔɣie nye esia o.’”

11 Elabena Yehowa le se dem+

Eye wòagbã xɔ gãwo

Kple xɔ suewo gudugudu.+

12 Ðe sɔ ate ŋu aƒu du le agakpe dzia?

Alo ɖe woana nyi naŋlɔ nu le edzia?

Elabena mietrɔ nya dzɔdzɔe wòzu aɖigbe,

Kple dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse wòle abe atsa* ene.+

13 Miedzɔa dzi ɖe nu maɖinuwo ŋu,

Eye miegblɔna be, “Ðe menye míawo ŋutɔwo ƒe ŋutetee na ŋusẽ ɖo mía ŋu oa?”*+

14 Eya ta Israel ƒe aƒe, maɖo dukɔ aɖe ɖe mia ŋu,’+ Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu ye gblɔe,

‘Eye woate mi ɖe anyi tso Lebo-Hamat*+ va se ɖe Araba-tɔʋu* la nu.’”

7 Nu si Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa na mekpɔe nye esi: Kpɔ ɖa! Edɔ ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe ɖa, esime nuku megbetɔwo de asi miemie me.* Kpɔ ɖa, nuku siwo woƒã esime woya gbe na fia la vɔ megbee. 2 Esi ʋetsuviwo ƒe ha la ɖu anyigbadzinu miemiewo vɔ keŋkeŋ la, megblɔ be: “Oo Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa, meɖe kuku, tsɔe ke dzro!+ Aleke Yakob awɔ anɔ te?* Elabena ŋusẽ mele eŋu o!”+

3 Ale Yehowa trɔ susu.*+ Eye Yehowa gblɔ be: “Madzɔ o.”

4 Nu si Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa na mekpɔe nye esi: Kpɔ ɖa! Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa yɔ dzo vɛ, be wòatsɔ ahe toe. Dzo la bi heno tsi goglowo eye wòfiã anyigba la ƒe akpa aɖe. 5 Eye megblɔ be: “Oo Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa, meɖe kuku, mègawɔe o.+ Aleke Yakob awɔ anɔ te?* Elabena ŋusẽ mele eŋu o!”+

6 Ale Yehowa trɔ susu.*+ Eye Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔ be: “Esia hã madzɔ o.”

7 Nu si wòna megakpɔe nye esi: Kpɔ ɖa! Yehowa le tsitre ɖe gli si wotsɔ tsumikpe* dzidzee la dzi, eye wòlé tsumikpe ɖe asi. 8 Eye Yehowa gblɔ nam be: “Amos, nu ka kpɔm nèle?” Eye meɖo eŋu be: “Tsumikpee.” Eye Yehowa gagblɔ be: “Kpɔ ɖa, mada tsumikpe ɖe nye dukɔ Israel dome. Nyemagatsɔe akee azɔ o.+ 9 Isak ƒe nuxeƒewo+ azu gbegbe, eye Israel ƒe kɔkɔeƒewo azu aƒedo;+ matsɔ yi aho ɖe Yeroboam ƒe aƒe la ŋu.”+

10 Amaziya, si nye nunɔla le Betel,+ dɔ ame ɖo ɖe Israel-fia Yeroboam,+ ne woagblɔ nɛ be: “Amos ɖo nugbe ɖe ŋuwò le Israel ƒe aƒe la dome.+ Anyigba la mate ŋu ado dzi atsɔ eƒe nyawo katã o.+ 11 Elabena ale Amos gblɔe nye esi: ‘Yeroboam atsi yi nu, eye woaɖe aboyo Israel tso eƒe anyigba dzi kokoko.’”+

12 Eye Amaziya gblɔ na Amos be: “Oo ŋutegakpɔla, dzo, si nàyi Yuda-nyigba dzi, ne nàɖu wò abolo* le afi ma, eye nàgblɔ nya ɖi le afi ma.+ 13 Ke mègagblɔ nya ɖi le Betel azɔ o,+ elabena fia ƒe kɔkɔeƒee,+ eye wònye fiaɖuƒe la nɔƒe.”

14 Eye Amos ɖo eŋu na Amaziya be: “Menye nyagblɔɖilae menye tsã o, eye menye nyagblɔɖila ƒe vi hãe menye o; ke boŋ lãkplɔvi+ kple gbotigble dzi kpɔla* menye. 15 Ke Yehowa ɖem le lãhawo yome, eye Yehowa gblɔ nam be: ‘Yi ɖagblɔ nya ɖi na nye dukɔ Israel.’+ 16 Azɔ se Yehowa ƒe nya: ‘Ègblɔ be, “Mègagblɔ nya ɖi ɖe Israel ŋu o,+ eye mègagblɔ nya+ aɖeke tsi tsitre ɖe Isak ƒe aƒe la ŋu o.” 17 Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Srɔ̃wò azu gbolo le dua me, eye viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo atsi yi nu. Woatsɔ dzidzeka ama wò anyigba, eye wò ŋutɔ àku ɖe anyigba makɔmakɔ dzi; eye woaɖe aboyo Israel tso eƒe anyigba dzi godoo.”’”+

8 Nu si Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa na mekpɔe nye esi: Mekpɔ dzomeŋɔlikutsetse kusi ɖeka. 2 Eye wògblɔ be, “Amos, nu ka kpɔm nèle?” Eye meɖo eŋu be, “Kusi si yɔ kple dzomeŋɔlikutsetsewo.” Eye Yehowa gblɔ nam be: “Nye dukɔ Israel ƒe nuwuwu ɖo. Nyemagatsɔe ake wo azɔ o.+ 3 ‘Gbedoxɔmehadzidziwo atrɔ azu konyifafa gbe ma gbe,’+ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ye gblɔe. ‘Woatsɔ ame kukuwo aƒu gbe ɖe afi sia afi+—ɖoɖoe azi toŋ!’

 4 Misee, mi ame siwo fanyaa ame dahewo,

Ame siwo nana ame fafawo nu yina le anyigba la dzi,+

 5 Ame siwo le gbɔgblɔm be: ‘Ɣekaɣi dzinu yeye nu le yiyi ge,+ ne míadzra míaƒe agblemenukuwo,

Eye ɣekaɣie Sabat nu le yiyi ge,+ ne míadzra agblemenuku?

Ne míatò efa* nudzidzenu ɖe eme wòanɔ sue,

Ne míadzi sekel* ɖe edzi

Eye míaŋe nudanu ɖe eme atsɔ aba amee;+

 6 Ne míaƒle hiãtɔ ɖe klosalo nu,

Kple ame dahe ɖe afɔkpa dodo ɖeka ƒe asi nu,+

Eye míadzra nuku manyomanyo na amewo?’

 7 Yehowa tà Yakob ƒe Dàda be:+

‘Nyemaŋlɔ woƒe nuwɔnawo be akpɔ gbeɖe o.+

 8 Menye esia tae anyigba la adzo kpekpekpe,

Eye edzinɔlawo katã axa nu,+

Anyigba la aɖɔ abe Nil ene,

Eye wòadze agbo ahadze eme abe Egipte ƒe Nil ene oa?’+

 9 Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa be,

‘Le ŋkeke ma dzi la, mana ɣe naɖo to le ŋdɔkutsu dzatsɛ,

Eye mana viviti nado ɖe anyigba la dzi le ŋkeke me.+

10 Matrɔ miaƒe ŋkekenyuiwo woazu nuxaxa,+

Kple miaƒe hadzidziwo katã woazu konyifahawo.

Mana amewo katã nasa akpanya ɖe ali, eye tawo katã abebe;

Mana wòanɔ abe ale si woxaa nu le tenuvi ta ene,

Eye eƒe nuwuwu anɔ abe ŋkeke vɔ̃ ene.’

11 ‘Kpɔ ɖa! ŋkekewo li gbɔna,’ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ye gblɔe,

‘Esime maɖo dɔwuame ɖe anyigba la dzi,

Ke menye abolodɔ alo tsikɔwuame ɖe tsi ŋu o,

Ke boŋ ɖe Yehowa ƒe nyawo sese ŋu.+

12 Woanɔ ya mum tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu,

Tso dziehe yi ɣedzeƒe.

Woanɔ tsatsam anɔ Yehowa ƒe nya dim, ke womakpɔe o.

13 Gbe ma gbe la, ɖetugbui dzetugbeewo

Kple ɖekakpuiwo aku ƒenyi le tsikɔwuame ta;

14 Ame siwo tàa Samaria+ ƒe legbawo,* eye wogblɔna be,

“Oo Dan,+ zi ale si wò mawu le agbe!

Eye zi ale si Beer-Seba+ ƒe mɔ li!” la,

Woadze anyi, eye womagafɔ o.’”+

9 Mekpɔ Yehowa+ wòle tsitre ɖe vɔsamlekpui la tame, eye wògblɔ nam be: “Ƒo sɔti la ƒe tagbɔ, ne xɔa ƒe agunu naʋuʋu. Ðe ta le wo nu, eye matsɔ yi awu woƒe ame mamlɛawo. Asi atu wo dometɔ si asi, eye wo dometɔ si ate kpɔ be yeasi la ado kpo nu.+

 2 Ne woɖe do yi ɖabe ɖe Tsiẽƒe* ke hã la,

Nye asi ahe wo tso afi ma;

Eye ne wolia yi dziƒowo la,

Maɖiɖi wo ɖe anyi tso afi ma.

 3 Ne wobe ɖe Karmel-to tame la,

Madi wo le afi ma alé.+

Eye ne wobe ɖe atsiaƒu gɔme be magakpɔ yewo o hã la,

Maɖe gbe na da wòaɖu wo le afi ma.

 4 Eye ne wodze woƒe futɔwo ŋgɔ yi aboyo me la,

Maɖe gbe na yi wòawu wo le afi ma;+

Maɖe ŋku atɔ wo hena woƒe gbegblẽ, ke menye na nyui o.+

 5 Elabena Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ye nye Ame si ka asi anyigba la ŋu

Ale be wòlólo,+ eye edzinɔlawo katã axa nu;+

Anyigba bliboa aɖɔ abe Nil ene,

Eye wòadze eme abe Egipte ƒe Nil ene.+

 6 ‘Ame si ɖo eƒe atrakpui ɖe dziƒowo,

Eye wòtu eƒe xɔ* ɖe anyigba la tame;

Ame si yɔa atsiaƒumetsiwo yia dzi,

Ne wòatrɔ wo akɔ ɖe anyigba dzi la,+

—Eŋkɔe nye Yehowa.’+

 7 ‘Oo Israel-viwo, ɖe miele nam abe Kustɔwo ƒe viwo ene oa?’ Yehowa ye gblɔe.

‘Ðe nyemekplɔ Israel tso Egipte-nyigba dzi,+

Filistitɔwo tso Kreta,+ kple Siriatɔwo tso Kir+ oa?’

 8 ‘Kpɔ ɖa! Nye, Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa, nye ŋku le fiaɖuƒe wɔnuvɔ̃ la ŋu,

Eye mele etsrɔ̃ ge ɖa le anyigba la dzi.+

Gake nyematsrɔ̃ Yakob ƒe aƒe la ɖa keŋkeŋ o,’+ Yehowa ye gblɔe.

 9 ‘Elabena kpɔ ɖa, made se,

Eye maʋuʋu Israel ƒe aƒe la le dukɔwo katã dome+

Abe ale si woʋuʋua sranui tsɔ sraa nui,

Ale be nuku ɖeka hɔ̃ hã megena ɖe anyigba o ene.

10 Nye dukɔ ƒe nu vɔ̃ wɔlawo katã atsi yi nu,

Wo ame siwo le gbɔgblɔm be, “Vɔ̃ la mate ɖe mía ŋu o, eye maɖo mía gbɔ o.”’

11 ‘Gbe ma gbe la, mafɔ David+ ƒe agbadɔ si mu la ɖe te,

Eye maɖɔ eƒe* gbagbãƒewo ɖo,

Mafɔ eƒe glikpowo ɖe tsitrenu,

Magatui wòanɔ abe ale si wònɔ le blemaŋkekeawo me ene,+

12 Ne woaxɔ Edom+ ƒe susɔea

Kple dukɔ siwo katã ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la wòazu wo tɔ,’ Yehowa, ame si le nu sia wɔm, lae gblɔe.

13 ‘Kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna,’ Yehowa ye gblɔe,

‘Esime agbleŋlɔla ato nuŋela ŋu,

Wainfiãla ato nukuwula ŋu;+

Towo atsyɔ wain vivi,+

Eye wòasi tso togbɛwo katã tame.*+

14 Maƒo nye dukɔ Israel ƒe aboyomewo nu ƒu akplɔ wo agbɔe,+

Eye woagbugbɔ du siwo zu aƒedo la atso ahanɔ wo me,+

Woade waingblewo ano wo me wain,+

Eye woatso abɔwo aɖu wo me kutsetsewo.’+

15 ‘Mado wo ɖe woƒe anyigba dzi,

Eye womagaho wo ɖa

Le woƒe anyigba si mena wo la dzi gbeɖe o,’+ Yehowa wò Mawu ye gblɔe.”

Egɔmee nye, “Agba” alo “Tsɔ Agba.”

Alo, “nu vlo wɔwɔ.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ame si si fiatikplɔ le.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ame si si fiatikplɔ le.”

Alo, “nu vlo wɔwɔ.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ʋɔnudrɔ̃la.”

Alo, “nufiafia.”

Alo, “trɔ̃xɔ me.”

Alo, “luʋɔ.”

Alo, “luʋɔ.”

Alo, “dzatatsui tokɔdza.”

Agate ŋu afia, “ne wometsɔ naneke tre mɔ̃ nɛ oa?”

Alo, “nya ɣaɣla.”

Alo, “Damaskotɔwo ƒe abawo.”

Alo, “miaɖi ɖase ɖe Yakob ƒe aƒe la ŋu.”

Alo, “nu vlo wɔwɔ.”

Agate ŋu afia, “xɔ geɖewo.”

Alo, “miaƒe aƒetɔwo.”

Alo, “ne miadze aglã.”

Alo, “le esi nyemena nuɖuɖu mi o ta.”

Agate ŋu afia, “Betel azu vivimenu.”

Alo, “veve.”

Anye ɣletivihatsotso siae woyɔna le Eʋegbe me be Atifieŋu.

Anye ɣletivihatsotso siae woyɔna le Eʋegbe me be Avu Kple Avutɔ.

Alo, “nu vlo wɔwɔwo.”

Trɔ̃ eve siawo ate ŋu anye Saturn si wosubɔna abe mawu ene.

Alo, “ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ.”

Ðewohĩ Yuda kple Israel ƒe fiaɖuƒewoe wowɔnɛ.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ƒe zikpui.”

Alo, “nyitsui.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “mede dɔ lãme na wo o.”

Alo, “eƒe luʋɔ.”

Alo, “veve.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “na míeto dzo ɖe ta oa?”

Alo, “Hamat ƒe dodonu.”

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Efia be woċ wo le Dzove kple Dzodze me.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “awɔ atso?”

Alo, “Ale wòve Yehowa.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “awɔ atso?”

Alo, “Ale wòve Yehowa.”

Alo, “glidzidzeka.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “nàɖu abolo.”

Alo, “gbotsetseŋɔla.”

Kpɔ Megbenyawo B14.

Kpɔ Megbenyawo B14.

Alo, “Samaria ƒe fɔɖiɖi.”

Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Alo, “xɔ gobaa.”

Alo, “woƒe.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “Eye togbɛwo katã alólo.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe