INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • nwt Hagai 1:1-2:23
  • Hagai

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Hagai
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Hagai

HAGAI

1 Le fia Dario ƒe ƒe evelia me, le ɣleti adelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Yehowa ƒe gbe va to nyagblɔɖila Hagai*+ dzi na Zerubabel,+ Sealtiel vi, si nye nutodziɖula le Yuda, kple nunɔlagã Yosua, Yehozadak vi be:

2 “Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi, ‘Dukɔ sia le gbɔgblɔm be: “Ɣeyiɣi la mede haɖe be woatu* Yehowa ƒe xɔ* la o.”’”+

3 Eye Yehowa ƒe gbe gava to nyagblɔɖila Hagai+ dzi be: 4 “Ðe ɣeyiɣi de na miawo ya be mianɔ xɔ siwo me wofa ʋuƒowo ɖo la me, eye xɔ sia ya nanye glikpoa?+ 5 Eya ta ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi, ‘Milé ŋku ɖe* miaƒe zɔzɔme ŋu nyuie. 6 Mieƒãa nu geɖe, gake ʋɛ aɖe koe mieŋena.+ Mieɖua nu, gake meɖia ƒo na mi o. Mienoa nu, gake medena na mi o. Miedoa awu, gake medea dzo lãme na mi o. Eye dɔwɔla xɔa fetu dea kotoku ŋɔŋɔ me.’”

7 “Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: ‘Milé ŋku ɖe* miaƒe zɔzɔme ŋu nyuie.’

8 “‘Miyi to la dzi ne miatsɔ atiwo vɛ.+ Mitu xɔ la+ ne makpɔ ŋudzedze ɖe eŋu, eye bubu nanɔ ŋunye,’+ Yehowa ye gblɔe.”

9 “‘Miele mɔ kpɔm na nu geɖe, gake kpɔ ɖa, nu ʋɛ aɖe koe miekpɔ; eye esi mietsɔe va aƒee la, meɖo ƒuƒu ɖee.+ Ðe susu ka ta?’ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe. ‘Le esi nye xɔ la kpɔtɔ nye glikpo, evɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe le du dzi ɖe eya ŋutɔ ƒe xɔ ŋu ta.+ 10 Eya ta dziƒowo te zãmu mi, eye anyigba hã te nuku mi ɖo. 11 Meyɔ kuɖiɖi ɖe anyigba kple towo ŋu, ɖe agblemenuku, wain yeye kple ami ŋu, ɖe anyigbadzinu miemiewo ŋu, ɖe amegbetɔwo kple lãwo ŋu, ɖe dɔ siwo katã wotsɔa asi wɔna la ŋu.’”

12 Eye Zerubabel,+ Sealtiel+ vi, kple nunɔlagã Yosua, Yehozadak+ vi, kpakple dukɔ la me tɔ susɔeawo katã se Yehowa woƒe Mawu ƒe gbe kple nyagblɔɖila Hagai ƒe nyawo, elabena Yehowa woƒe Mawu lae dɔe; ale dukɔ la vɔ̃ Yehowa.

13 Eye Hagai, Yehowa ƒe ame dɔdɔ la, gagblɔ gbedeasi si wòxɔ tso Yehowa gbɔ la na dukɔa be: “‘Meli kpli mi,’+ Yehowa ye gblɔe.”

14 Ale Yehowa de dzo Zerubabel, Sealtiel vi, si nye nutodziɖula le Yuda,+ kple nunɔlagã Yosua,+ Yehozadak vi, kpakple dukɔ la me tɔ susɔeawo ƒe gbɔgbɔ me;+ ale wova hedze woƒe Mawu, aʋakɔwo ƒe Yehowa, ƒe aƒe la ŋu dɔwo gɔme.+ 15 Esia dzɔ le fia Dario ƒe ƒe evelia me, le ɣleti adelia ƒe ŋkeke blaeve vɔ enelia dzi.+

2 Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke blaeve vɔ ɖekɛlia dzi la, Yehowa ƒe gbe va to nyagblɔɖila Hagai+ dzi be, 2 “Meɖe kuku, bia Zerubabel,+ Sealtiel vi, si nye nutodziɖula le Yuda,+ kple nunɔlagã Yosua,+ Yehozadak+ vi, kple dukɔ la me tɔ susɔeawo be: 3 ‘Ame siwo kpɔ xɔ* sia ƒe ŋutikɔkɔe tsãtɔ teƒe la dometɔ kae gakpɔtɔ le mia dome?+ Eye aleke miele ekpɔmee fifia? Ne mietsɔe sɔ kple ema la, ɖe esia ɖi nane le mia ŋkumea?’+

4 “‘Ke azɔ la, Zerubabel, do ŋusẽ nu,’ Yehowa ye gblɔe, ‘nunɔlagã Yosua, Yehozadak vi, do ŋusẽ nu.’

“‘Mi dukɔ la me tɔwo katã, mido ŋusẽ nu,’+ Yehowa ye gblɔe, ‘eye miwɔ dɔ la.’

“‘Elabena meli kpli mi,’+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe. 5 ‘Miɖo ŋku nu si ŋugbe medo na mi esime mieʋu tso Egipte,+ eye nye gbɔgbɔ nɔ mia dome la dzi.+ Migavɔ̃ o.’”+

6 “Elabena ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: ‘Egasusɔ zi ɖeka​—eteƒe madidi o—maʋuʋu dziƒowo kple anyigba, atsiaƒu kple ƒuƒuiƒe.’+

7 “‘Maʋuʋu dukɔwo katã, eye dukɔwo katã ƒe nu vevitɔwo* ava;+ eye matsɔ ŋutikɔkɔe ayɔ xɔ sia taŋ,’+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.

8 “‘Tɔnyee nye klosalo, eye tɔnyee nye sika,’ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.

9 “‘Xɔ yeye sia ƒe atsyɔ̃ agbɔ tsãtɔ tɔ ŋu,’+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.

“‘Mana ŋutifafa nanɔ teƒe sia,’+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.”

10 Le Dario ƒe ƒe evelia me, le ɣleti asiekelia ƒe ŋkeke blaeve vɔ enelia dzi la, Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila Hagai+ be: 11 “Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi, ‘Bia nunɔlawo nu si sea gblɔ,+ 12 “Ne ame aɖe tsɔ lã kɔkɔe ɖe eƒe awu me, eye awua ka abolo, atadi, wain, ami alo nuɖuɖu ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu la, ɖe nu siawo ŋu akɔa?”’”

Eye nunɔlawo ɖo eŋu be: “Kpao!”

13 Eye Hagai gabia be: “Ne nu* kuku aɖe na ame aɖe ŋu mekɔ o, eye amea ka asi nu siawo dometɔ aɖe ŋu la, ɖe nu siawo azu nu makɔmakɔa?”+

Nunɔlawo ɖo eŋu be: “Azu nu makɔmakɔ.”

14 Eya ta Hagai gblɔ na wo be: “‘Aleae ame siawo le, eye aleae dukɔ sia le le ŋkunyeme,’ Yehowa ye gblɔe, ‘eye aleae woƒe asinudɔwɔwɔwo katã le; nu sia nu si wotsɔ yi ɖana le afi ma la ŋu mekɔ o.’ 15 “‘Azɔ, meɖe kuku, mitsɔ miaƒe dzi ɖo nu sia ŋu* tso egbe dzi: Hafi woaɖo kpe kpe dzi hena Yehowa+ ƒe gbedoxɔ la tutu la, 16 aleke wònɔ ɣemaɣi? Ne ame aɖe va nuku si woli kɔ ɖi, si wobu be ade dzidzenu blaeve gbɔ la, ewo ko wònyena; eye ne ame aɖe va wainfiãƒe be wòaku wain si wobu be ade dzidzenu blaatɔ̃ la, blaeve ko wònyena;+ 17 mena miaƒe nukuwo hlɔ̃, eye wodze heteku,+ mena kpetsi dza, eye megblẽ miaƒe asinudɔwɔwɔwo katã dome, ke hã mia dometɔ aɖeke metrɔ ɖe ŋunye o,’ Yehowa ye gblɔe. 18 “‘Meɖe kuku, mitsɔ miaƒe dzi ɖo nu sia ŋu* tso egbe dzi, tso ɣleti asiekelia ƒe ŋkeke blaeve vɔ enelia dzi, gbe si gbe woɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ la gɔme anyi;+ mibu nya sia ŋu le miaƒe dzi me: 19 Ðe nuku gale ava mea?*+ Eye ɖe wainka, gboti, yevuboɖati kple amiti tsea? Ke mayra mi tso ŋkeke sia dzi.’”+

20 Eye Yehowa ƒe gbe gava na Hagai zi evelia le ɣletia ƒe ŋkeke blaeve vɔ enelia dzi+ be: 21 “Gblɔ na Yuda nutodziɖula Zerubabel be: ‘Mele dziƒowo kple anyigba ʋuʋu ge.+ 22 Mamu fiaɖuƒewo ƒe fiazikpuiwo aƒu anyi, eye matsrɔ̃ dukɔwo ƒe fiaɖuƒewo ƒe ŋusẽ ɖa;+ mamu tasiaɖam kple emenɔlawo aƒu anyi, sɔwo kple wo dolawo adze anyi, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe atsi nɔvia ƒe yi nu.’”+

23 “‘Gbe ma gbe la,’ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe, ‘makplɔ wò, nye subɔla Zerubabel,+ Sealtiel+ vi,’ Yehowa ye gblɔe, ‘matsɔ wò awɔ ŋkɔsigɛ, elabena wòe metia,’ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.”

Egɔmee nye, “Ame Si Wodzi Le Azãɖuɣi.”

Alo, “woagbugbɔ atu.”

Alo, “gbedoxɔ.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “Mitsɔ miaƒe dzi ɖo.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “Mitsɔ miaƒe dzi ɖo.”

Alo, “gbedoxɔ.”

Alo, “nu nyoameŋuwo.”

Alo, “luʋɔ.” Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Alo, “mibu tame le nu sia ŋu nyuie.”

Alo, “mibu tame le nu sia ŋu nyuie.”

Alo, “Ðe nuku gale do siwo me wodzraa nukuwo ɖo mea?”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe