INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • nwt Malaki 1:1-4:6
  • Malaki

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Malaki
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Malaki

MALAKI

1 Gbedeasi vevi aɖe:

Yehowa ƒe nya si wògblɔ le Israel ŋu to Malaki* dzi:

2 Yehowa be: “Melɔ̃ mi.”+

Ke miawo miebe: “Aleke nèlɔ̃ míi?”

Yehowa be: “Ðe menye Yakob+ nɔvie nye Esau oa? Gake melɔ̃ Yakob, 3 eye melé fu Esau ya;+ mena eƒe towo zu gbegbe,+ eye eƒe domenyinu zu agbotoe siwo nɔa gbedadaƒo la nɔƒe.”+

4 “Togbɔ be Edom le gbɔgblɔm be, ‘Wogbã mí gudugudu, ke míatrɔ agbɔ agbugbɔ teƒe siwo zu aƒedo la atso’ hã la, ale aʋakɔwo ƒe Yehowa* gblɔe nye esi: ‘Woatsoe, gake magbãe aƒu anyi. Eye woayɔ wo be “vɔ̃ɖinyenye ƒe anyigba” kple “dukɔ si Yehowa bu fɔe tegbee.”+ 5 Miaƒe ŋkuwo akpɔe, eye miagblɔ be: “Woado kɔkɔ Yehowa le Israel-nyigba blibo la dzi.”’”

6 “‘Vi dea bubu fofoa ŋu,+ eye subɔvi dea bubu eƒe aƒetɔ ŋu. Ne fofoe menye la,+ ke afi kae nye bubu le?+ Eye ne aƒetɔe* menye la, ekema afi kae vɔvɔ̃* si le ŋunye la le?’ aleae aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔ na mi nunɔla siwo le vlo dom nye ŋkɔ la.+

“‘Ke miebe: “Aleke míedo vlo wò ŋkɔe?”’

7 “‘Esi mietsɔ nuɖuɖu* makɔmakɔ va nye vɔsamlekpui la dzi tae.’

“‘Eye miebia be: “Aleke míegblẽ kɔ ɖo na wòe?”’

“‘Eyae nye be miele gbɔgblɔm be: “Yehowa ƒe kplɔ̃+ ɖi gbɔ.” 8 Eye ne mietsɔ lã ŋkuagbã va vɔ sa gee la, miegblɔna be: “Megblẽ naneke o.” Eye ne mietsɔ lã nuwɔe alo lã lédɔ vɛ la, miegblɔna be: “Megblẽ naneke o.”’”+

“Tsɔe yi na wò nutodziɖula kpɔ be akpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò alo axɔ wò nyuie hã?” aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.

9 “Eya ta miƒo koko na Mawu ne wòave mía nu. Esi vɔsa siawo ƒomevi tso mia si me la, ɖe wòave mia dometɔ aɖe nua?” aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.

10 “Eye mia dometɔ kae alɔ̃ ado gbedoxɔ la ƒe ʋɔtruawo?*+ Elabena miedoa dzudzɔ ʋeʋĩ ɖe nye vɔsamlekpui la gɔ̃ hã dzi naneke maxɔmaxɔe o.+ Nyemekpɔa dzidzɔ aɖeke ɖe mia ŋu o, eye miaƒe nunavɔsa aɖeke menyoa ŋunye o,”+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.

11 “Elabena nye ŋkɔ ade dzi le dukɔwo dome tso ɣedzeƒe va se ɖe ɣetoɖoƒe.+ Eye le teƒewo katã la, woasa vɔ hena nye ŋkɔ wòanye nunana dzadzɛ; elabena nye ŋkɔ ade dzi le dukɔwo dome,”+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.

12 “Ke miawo miegblẽ kɔ ɖo nɛ*+ esi miele gbɔgblɔm be: ‘Yehowa ƒe kplɔ̃ ŋu mekɔ o, eye edzi kutsetse, si nye nuɖuɖu si le edzi la, le ŋu nyɔm.’+ 13 Eye miegblɔna hã be, ‘Kpɔ ɖa! Eti kɔ na ame!’ eye mienyɔ ŋui,” aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe. “Eye mietsɔa lã siwo miefi, lã nuwɔewo kple lã lédɔwo vɛ. Ɛ̃, nu siawoe mietsɔna vanɛ be woanye nunana! Ðe makpɔ ŋudzedze ɖe nu si tso mia si me la ŋua?”+ Yehowa ye gblɔe.

14 “Aɖi ameflula ŋu kpékpekpe, ne lãtsu si sɔ blibo le eƒe lãha dome, evɔ wòɖe adzɔgbe hetsɔ lã nuwɔe vɛ na Yehowa. Elabena Fia gã menye,+ eye vɔvɔ̃ le nye ŋkɔ ŋu le dukɔwo dome,”+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.

2 “Azɔ mi nunɔlawo, miawoe sedede sia yi na.+ 2 Ne miegbe toɖoɖo, eye miena nye nyawo de dzi gbɔ na mi be miatsɔ ŋutikɔkɔe ana nye ŋkɔ o la, ekema nye hã mana fiƒode la nava mia dzi,+ eye mana miaƒe yayrawo nazu fiƒodewo.+ Ɛ̃, mena miaƒe yayrawo zu fiƒode xoxo, elabena miena wòde dzi gbɔ na mi o,” aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.

3 “Kpɔ ɖa! Magblẽ* nuku si mieƒã la dome le miaƒe nuwɔnawo ta,+ eye mahlẽ mĩ, ɛ̃, lã siwo mietsɔ sa vɔe le miaƒe ŋkekenyuiwo dzi la ƒe mĩ, ɖe mo na mi; eye woakɔ mi ayi mĩ la gbɔe.* 4 Eye miadze sii be, nyee ɖo se sia ɖe mi, ne nu, si mebla kple Lewi la nakpɔtɔ anɔ anyi,”+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.

5 “Nu, si mebla kplii la nye agbe kple ŋutifafa tɔ, eye metsɔe nɛ ne wòavɔ̃m.* Evɔ̃am, ɛ̃, evɔ̃a nye ŋkɔ la vevie. 6 Nyateƒe ƒe se* la nɔ eƒe nu me,+ eye eƒe nuyiwo megblɔa nya vɔ̃ aɖeke o. Ezɔ kplim le ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye me,+ eye wòna ame geɖewo trɔ tso woƒe vodada me. 7 Elabena nunɔla ƒe nuyiwoe wòle be wòadzra sidzedze ɖo, eye eƒe nu mee amewo adi se* la le,+ elabena eyae nye aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe ame dɔdɔ.

8 “Ke miawo mietra tso mɔ la dzi. Miena se* la zu nukikli na ame geɖewo.+ Miegblẽ Lewi ƒe nubabla la dome,”+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe. 9 “Eya ta nye hã maɖi gbɔ mi, eye mabɔbɔ mi ɖe anyi le dukɔwo katã ŋkume, elabena miezɔ nye mɔwo dzi o, ke boŋ miekpɔa ame ŋkume le se la ŋu dɔ wɔwɔ me.”+

10 “Ðe menye fofo ɖekae li na mí katã oa?+ Ðe menye Mawu ɖekae wɔ mí oa? Ke nu ka tae míewɔa alakpanu ɖe mía nɔewo ŋu+ hegblẽ kɔ na mía tɔgbuiwo ƒe nubabla la? 11 Yuda wɔ alakpanu, eye wowɔ ŋunyɔnu le Israel kple Yerusalem; elabena Yuda gblẽ kɔ ɖo na Yehowa ƒe kɔkɔenyenye*+ si wòlɔ̃na la, eye wòɖe dutamawu ƒe vinyɔnu.+ 12 Yehowa atsrɔ̃ ame sia ame si wɔa nu sia la ɖa le Yakob ƒe agbadɔwo me, ame ka kee wòɖanye o,* togbɔ be etsɔ nunavɔsa vɛ na aʋakɔwo ƒe Yehowa hã.”+

13 “Miegawɔ nu bubu* si wɔe be aɖatsi, avifafa kple hũɖeɖe yɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi, ale be megatsɔa ɖeke le miaƒe nunavɔsawo me o, eye megakpɔa ŋudzedze ɖe naneke ŋu tso mia si me o.+ 14 Eye miebia be: ‘Nu ka tae?’ Esi Yehowa ŋutɔ nye ɖasefo ɖe ŋuwò, le esi mèwɔ nuteƒe na wò ɖekakpuimesrɔ̃ o ta, evɔ wò zɔhɛ kple nyɔnu si nèbla nu kplii* wònye hafi.+ 15 Ame aɖe ya mewɔ nu alea o, elabena Mawu ƒe gbɔgbɔ la ƒe ɖe le edzi. Eye nu ka dim wòle? Mawu ƒe dzidzime la dim wòle. Eya ta mikpɔ miaƒe gbɔgbɔ dzi, eye mia dometɔ aɖeke megawɔ alakpanu ɖe eƒe ɖekakpuimesrɔ̃ ŋu o. 16 Elabena melé fu* srɔ̃gbegbe,”+ Yehowa, Israel ƒe Mawu lae gblɔe, “kple ame si ta ŋutasesẽ abe avɔ ene,”* aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe. “Mikpɔ miaƒe gbɔgbɔ dzi, eye migawɔ alakpanu o.+

17 “Miena miaƒe nyawo ti kɔ na Yehowa.+ Gake miegblɔ be, ‘Aleke míena míaƒe nyawo ti kɔ nɛ?’ Eyae nye be miele gbɔgblɔm be, ‘Ame sia ame si wɔa nu vɔ̃ɖi la nye ame nyui le Yehowa ŋkume, eye eya ƒe nue dzea eŋu.’+ Miebia be: ‘Afi kae dzɔdzɔenyenye ƒe Mawu la le?’”

3 “Kpɔ ɖa! Mele nye dɔla dɔm, ne wòata mɔ* le ŋgɔnye.+ Eye Aƒetɔ vavã si dim miele la, ava eƒe gbedoxɔ me kpoyi;+ eye nubabla ƒe dɔla, si miele mɔ kpɔm na kple dzidzɔ la hã ava. Kpɔ ɖa! Ele vava ge godoo,” aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.

2 “Gake ame kae ado dzi anɔ anyi le eƒe vavagbe, eye ame kae anɔ te ne eva do? Elabena anɔ abe galólola ƒe dzo ene, abe avɔnyala ƒe adzalẽ+ ene. 3 Abɔbɔ nɔ anyi abe ame si lóloa klosalo hedzaa eŋu ene,+ eye wòakɔ Lewi viwo ŋu; ana wo ŋu nadza abe sika kple klosalo ene, eye woasa nunavɔ na Yehowa le dzɔdzɔenyenye me. 4 Yuda kple Yerusalem ƒe nunavɔsa ado dzidzɔ na Yehowa* abe ale si wònɔ le blemaŋkekewo kple gbe aɖe gbe ƒewo me ene.+

5 “Maɖi ʋɔnu ɖe mia ŋu, eye manye ɖasefo zazɛ̃ ɖe dzotɔwo,+ ahasiwɔlawo, alakpatamkalawo,+ kple ame siwo baa dɔwɔlawo,+ ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo+ la ŋu, kpakple ame siwo gbea kpekpeɖeŋunana amedzrowo.*+ Ame siawo mevɔ̃am o,” aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.

6 “Elabena nyee nye Yehowa; nyemetrɔna o.*+ Eye miawoe nye Yakob viwo; mia nu meyi haɖe o. 7 Tso mia tɔgbuiwo ŋɔli kee mietrɔ le nye ɖoɖoawo yome, eye mielé wo me ɖe asi o.+ Mitrɔ ɖe ŋunye, ekema nye hã matrɔ ɖe mia ŋu,”+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.

Ke miebe: “Aleke míatrɔ ɖe ŋuwòe?”

8 “Ðe amegbetɔ dzro ada adzo Mawua? Ke miawo miele adzo damem.”

Eye miebia be: “Nu ka mee míeda adzo wò le?”

“Le nuwo ƒe ewoliawo kple miaƒe nunanawo mee. 9 Woƒo fi de mi,* elabena miele adzo damem, ɛ̃, dukɔ bliboa le adzo damem. 10 Mitsɔ nuwo ƒe ewoliawo katã yi nudzraɖoƒe la,+ ne nuɖuɖu nanɔ aƒenye me;+ eye mitsɔ esia dom kpɔ be nyemaʋu dziƒowo ƒe tsigbowo+ na mi, eye nyemadudu yayra akɔ ɖe mia dzi va se ɖe esime naneke magahiã mi o hã,”+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.

11 “Mablu ɖe nu siwo gblẽa miaƒe agblemenukuwo* la ta, eye womagblẽ miaƒe anyigbadzikutsetsewo o, eye miaƒe wainkawo hã magbe tsetse o,”+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.

12 “Eye dukɔwo katã ayɔ mi be dzidzɔtɔwo,+ elabena woakpɔ dzidzɔ ɖe miaƒe anyigba la ŋu,” aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.

13 “Miegblɔ nya sesẽwo ɖe ŋunye,” Yehowa ye gblɔe.

Eye miebia be: “Nya kae míegblɔ ɖe ŋuwò?”+

14 “Miegblɔ be, ‘Viɖe aɖeke mele Mawu subɔsubɔ me o.+ Eye viɖe kae wònye be míeléa eƒe ɖoɖo me ɖe asi, eye míeléa blanui nɔa yiyim le aʋakɔwo ƒe Yehowa ta? 15 Gake fifia míele dadalawo yɔm be dzidzɔtɔwo. Azɔ hã, nu dze edzi na nu vɔ̃ɖi wɔlawo.+ Eye wotea Mawu kpɔ, gake naneke medzɔna ɖe wo dzi o.’”

16 Ɣemaɣi la, Yehowa vɔ̃lawo ƒo nu kple wo nɔewo, ame sia ame kple ehavi, eye Yehowa ɖo to see. Eye Yehowa na woŋlɔ ŋkuɖodzigbalẽ le eŋkume+ tso evɔ̃lawo kple ame siwo dea ŋugble le* eƒe ŋkɔ ŋu la ŋu.+

17 Aʋakɔwo ƒe Yehowa be: “Woazu tɔnye+ le gbe si gbe mawɔ wo woanye nye nunɔamesi tɔxɛ.*+ Nye dɔme atrɔ ɖe wo ŋu, abe ale si ko ŋutsu ƒe dɔme trɔna ɖe via si subɔnɛ la ŋui ene.+ 18 Ekema miagakpɔ vovototo si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome,+ kple vovototo si le ame si subɔa Mawu kple ame si mesubɔnɛ o la dome.”

4 “Kpɔ ɖa, ŋkeke si gbɔna la le bibim abe kpodzo ene,+ esime dadalawo kple nu vɔ̃ɖi wɔlawo katã azu abe ahɔ̃liti ene. Eye ŋkeke si gbɔna la afiã wo keŋkeŋ ale be ke alo alɔ gɔ̃ hã masusɔ na wo o,” aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe. 2 “Ke mi ame siwo dea bubu* nye ŋkɔ ŋu la, dzɔdzɔenyenye ƒe ɣe, si ƒe keklẽ* me gbedada le la, adze na mi, ame siwo vɔ̃a nye ŋkɔ la; eye miado anɔ kpo tim abe nyivi damiwo ene.”

3 “Miafanya ame vɔ̃ɖiwo ɖe miaƒe afɔ te, elabena woanɔ abe ʋuʋudedi ene anɔ miaƒe afɔ te le gbe si gbe matso,” aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.

4 “Miɖo ŋku nye subɔla Mose ƒe Se, si mede nɛ le Horeb, be wòanye ɖoɖowo kple ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti mɔfiamewo na Israel blibo la katã, la dzi.+

5 “Kpɔ ɖa! Mele nyagblɔɖila Eliya dɔm ɖe mi,+ hafi Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la nava ɖo.+ 6 Agatrɔ fofowo ƒe dzi ɖe viwo ŋu,+ kple viwo ƒe dzi ɖe fofowo ŋu, ale be nyemava tsrɔ̃ anyigba la gbidii o.”

(Hebrigbe kple Aramgbe me Ŋɔŋlɔawo gɔme ɖeɖe wu enu, akpa si kplɔe ɖo la nye Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo)

Egɔmee nye, “Nye Ame Dɔdɔ.”

“Yehowa Zebaot” le Hebrigbe me.

Alo, “aƒetɔ gã.”

Alo, “bubu.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “abolo.”

Edze ƒãa be enye gbedoxɔa ƒe ʋɔtruwo tutu si nye dɔ si wode esi.

Agate ŋu afia, “nam.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “Mablu ɖe.”

Efia, afi si wokɔa vɔsalãwo ƒe mĩwo ɖo.

Alo, “ne wòatsɔ ade bubu ŋunye.”

Alo, “nufiame.”

Alo, “nufiame.”

Alo, “nufiame.”

Agate ŋu afia, “kɔkɔeƒe la.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ame si le ŋudzɔ kple ame si le nya ŋu ɖom.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “nu evelia.”

Alo, “srɔ̃wò si nèɖe le se nu.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “elé fu.”

Alo, “ame si wɔa ŋutasẽnu.”

Alo, “wòadzra mɔ dzi ɖo.”

Alo, “avivi Yehowa nu.”

Alo, “ame siwo tea amedzrowo ɖe anyi.”

Alo, “nyemetrɔ o.”

Agate ŋu afia, “Miele ɖiŋu dom nam.”

Edze ƒãa be nu dzodzoe gblẽnuwoe wowɔnɛ.

Alo, “ame siwo bua.” Agate ŋu afia, “dea asixɔxɔ.”

Alo, “nunɔamesi vevi.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ame siwo vɔ̃a.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “aʋalawo.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe