INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • nwt 2 Korintotɔwo 1:1-13:14
  • 2 Korintotɔwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 2 Korintotɔwo
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
2 Korintotɔwo

AGBALẼ EVELIA NA KORINTOTƆWO

1 Paulo, Kristo Yesu ƒe apostolo to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me, kple mía nɔvi Timoteo,+ le esia ŋlɔm na Mawu ƒe hame si le Korinto kple ame kɔkɔe siwo le Akaya nutoa katã me:+

2 Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la woana mi.

3 Woakafu mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu, si nye Fofoa,+ ame si nye dɔmetɔtrɔ Fofo+ kple akɔfafawo katã ƒe Mawu,+ 4 ame si faa akɔ* na mí le míaƒe xaxawo*+ katã me, ale be míato akɔfafa si míekpɔ tso Mawu gbɔ+ la dzi afa akɔ na ame+ siwo le xaxa* ƒomevi vovovowo me tom la. 5 Elabena ale si ko míaƒe fukpekpewo le Kristo la ta sɔ gbɔe+ la, nenema kee akɔfafa si míekpɔna la hã sɔ gbɔ to Kristo dzi. 6 Ne míele xaxawo* me tom la, esi míedi be miakpɔ akɔfafa kple ɖeɖe tae; eye ne wofa akɔ na mí la, ale si miawo hã miakpɔ akɔfafa, be miate ŋu ado dzi le fu siwo ke míawo hã míekpena me la tae. 7 Ale mɔkpɔkpɔ si le mía si le mia ŋuti la li ke sesĩe, esi míenyae be, ale si ko miawo hã mietoa fukpekpewo me la, nenema kee woafa akɔ na miawo hã.+

8 Elabena nɔviwo, míedi be xaxa si me míeto le Asia nutoa me+ la nanɔ manyamanya na mi o. Womimi mí ɖo wòwu tsɔtsɔ na mí ale gbegbe be míegaka ɖe edzi be míatsi agbe gɔ̃ hã o.+ 9 Le nyateƒe me la, míesusu be wotso kufia na mí. Eva eme alea, ale be míagaɖo dzi ɖe mía ɖokuiwo ŋu o, ke boŋ ɖe Mawu,+ ame si fɔa ame kukuwo ɖe tsitre la ŋu. 10 Eɖe mí tso ku ƒe ŋɔdzi gã aɖe me, eye agaɖe mí, eye míele mɔ kpɔm be agayi edzi aɖe mí.+ 11 Miawo hã miate ŋu akpe ɖe mía ŋu aƒo koko ɖe mía ta,+ ale be ame geɖewo nada akpe ɖe mía ta, le ale si wove mía nui heɖo ame geɖewo ƒe gbedodoɖa ɖe mía ta ŋu la ŋuti.+

12 Elabena nu si ŋu míeƒoa adegbe lee nye esi, be míaƒe dzitsinya ɖia ɖase be míenɔ agbe le xexea me, vevietɔ le mia dome, le kɔkɔenyenye kple anukwareɖiɖi si dzea Mawu ŋu la nu, menye ɖe ŋutilã ƒe nunya+ nu o, ke boŋ ɖe Mawu ƒe amenuveve nu. 13 Elabena míele nya bubu aɖeke ŋlɔm ɖo ɖe mi o, negbe nu siwo miate ŋu axlẽ ase wo gɔme* la ko; eye mele mɔ kpɔm be miayi edzi anɔ nu siawo gɔme sem bliboe, 14 abe ale si ko miese egɔme xoxo va se ɖe afi aɖe ene, be miatsɔ mí aƒo adegbee, abe ale si ko míawo hã míatsɔ mi aƒo adegbee le mía Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkeke la dzi ene.

15 Eya ta esi kakaɖedzi sia su asinye ta la, meɖoe gbã be mava mia gbɔ ale be dzi nagadzɔ mi zi evelia;* 16 elabena meɖoe be mava kpɔ mi ɖa ne meyina Makedonia, eye magatrɔ tso Makedonia ava mia gbɔ, eye miaɖom ɖa mayi Yudea.+ 17 Esi meɖoe alea tsã la, fefenya ko wònye megblɔa? Alo ɖe meɖoa tame le ŋutilã ƒe didi nu, ale be nye nyawo nyea “Ɛ̃, ɛ̃,” eye wògatrɔna zua “Ao, ao” mahã? 18 Ke esi miate ŋu aka ɖe Mawu dzi godoo ta la, nya si míegblɔ na mi la menye “ɛ̃” ganye “ao” o. 19 Elabena Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, ame si woɖe gbeƒãe le mia dome to nye ŋutɔ kple Silvano* kpakple Timoteo+ dzi la, menye “ɛ̃,” ganye “ao” o, ke boŋ “ɛ̃” nye “ɛ̃” le eya gome. 20 Elabena aleke gbegbee Mawu ƒe ŋugbedodowo ɖasɔ gbɔe o, wo katã nye “ɛ̃” to eya amea dzi.+ Eya ta to eya amea dzi kee míegblɔa “Amen” na Mawu+ bena míahe ŋutikɔkɔe avɛ na Mawu. 21 Ke ame si ɖo kpe edzi be míawo kple miawo míenye Kristo tɔ, eye wòsi ami na mí lae nye Mawu.+ 22 Eɖo eƒe nutrenu mía ŋu+ hã, eye wòna nu si ava va la ƒe kpeɖodzi* sue aɖe mí, si nye gbɔgbɔ la,+ le míaƒe dziwo me.

23 Meyɔ Mawu be wòanye ɖasefo nam* be, fafam mele na mi be miagaxa nu akpa o tae nyemeva Korinto haɖe o. 24 Menye be míeɖua aƒetɔ ɖe miaƒe xɔse dzi o,+ ke boŋ míenye hadɔwɔlawo hena miaƒe dzidzɔ, elabena miaƒe xɔsee na miele tsitre.

2 Ke meɖoe be nyemagatsɔ nuxaxa ava mia gbɔ azɔ o. 2 Elabena ne mena miexa nu la, ekema ame kae gali ado dzidzɔ nam, ne menye ame si medo nuxaxa na lae oa? 3 Meŋlɔ nya mawo ɖo ɖe mi, ale be ne meva la, nyemagaxa nu le ame siwo ta wòle be makpɔ dzidzɔ ɖo hafi la ŋuti o, elabena kakaɖedzi le asinye be nu si hea dzidzɔ vanɛ nam la hea dzidzɔ vanɛ na mi katã hã. 4 Elabena xaxa kple dzi kpekpe ye na metsɔ aɖatsi geɖe ŋlɔ nu ɖo ɖe mi, menye be mana miaxa nu o,+ ke boŋ ne mianya lɔlɔ̃ si gbegbe le asinye na mi.

5 Ke ne ame aɖe he nuxaxa vɛ+ la, menye nyee wòdo nuxaxa na o, ke boŋ le mɔ aɖe nu la, mi katãe. Ke nyemedi be nye nyawo nu nasẽ akpa o. 6 Tohehe sia si mia dometɔ akpa gãtɔ miena ŋutsu sia la sɔ gbɔ nɛ; 7 azɔ la, mitsɔe kee faa, eye mifa akɔ nɛ,+ ale be nuxaxa akpa nagamii o.+ 8 Eya ta mele nu xlɔ̃m mi be, miɖee fiae be mielɔ̃e.+ 9 Esia ta meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe mi, ne manya ne miele klalo aɖo to le nuwo katã me. 10 Ne mietsɔ ame aɖe ƒe nu si wòwɔ kee la, nye hã metsɔe kee. Le nyateƒe me la, nu sia nu si metsɔ ke (ne metsɔ nane ke) la, miaƒe viɖe tae metsɔe ke ɖo le Kristo ŋkume, 11 ale be Satana ƒe asi nagasu mía dzi o,+ elabena eƒe ayemɔwo* mele ɣaɣla ɖe mí o.+

12 Ke esi meva ɖo Troa+ be magblɔ Kristo la ŋu nya nyuia, eye woʋu ʋɔtru nam le Aƒetɔ la me la, 13 nye gbɔgbɔ tsi dzodzodzoe le menye, elabena nyemekpɔ nɔvinye Tito+ o. Eya ta meklã nusrɔ̃la siwo le afi ma hedze Makedonia mɔ.+

14 Ke woada akpe na Mawu, ame si nɔa ŋgɔ na mí ɣesiaɣi le aʋadziɖuɖu ƒe gbɔlɔlɔ gã aɖe me ɖekae kple Kristo, eye wòtoa mía dzi kakaa* eŋuti sidzedze ƒe ʋeʋẽ lilili le afi sia afi! 15 Elabena míenye Kristo ƒe ʋeʋẽ lilili na Mawu le ame siwo xɔm wole ɖe agbe kple ame siwo le tsɔtsrɔ̃m la dome; 16 míenye ku ƒe ʋeʋẽ si kplɔa ame yia ku me+ na ame siwo le tsɔtsrɔ̃m, eye míenye agbe ƒe ʋeʋẽ lilili si kplɔa ame yia agbe me na ame siwo xɔm wole ɖe agbe la. Eye ame kae dze nyuie na nu siawo wɔwɔ? 17 Míawoe, elabena míetsɔa Mawu ƒe nya+ la tsaa asi abe ale si ame geɖewo wɔnɛ ene o, ke boŋ míeƒoa nu le anukwareɖiɖi me abe ame siwo Mawu dɔ ene; ɛ̃, le Mawu ŋkume, le ɖekawɔwɔ me kple Kristo.

3 Ðe míegade asi mía ɖokuiwo kafukafu me akea? Alo ɖe wòhiã be míatsɔ kafukafugbalẽwo avɛ na mi, alo axɔ wo tso mia gbɔ, abe ale si ame aɖewo wɔnɛ enea? 2 Miawoe nye míaƒe agbalẽ+ si woŋlɔ ɖe míaƒe dziwo me, si amewo katã nya, eye wole exlẽm. 3 Elabena mieɖee fia be miawoe nye Kristo ƒe agbalẽ si mí subɔlawo míeŋlɔ,+ menye kple agbalẽŋlɔtsi o, ke boŋ kple Mawu gbagbe la ƒe gbɔgbɔ, menye ɖe kpe ŋutɔŋutɔwo dzi o,+ ke boŋ ɖe esiwo nye ŋutilã dzi, ɖe dziwo dzi.+

4 Kakaɖedzi sia le mía si le Mawu me to Kristo dzi. 5 Menye be míawo ŋutɔwo míedze nyuie asusu be míawo gbɔe nane tso o, ke boŋ míaƒe dzedze nyuie la tsoa Mawu gbɔ,+ 6 ame si na míedze nyuie be míanye nubabla yeye+ aɖe ƒe subɔlawo, menye se siwo woŋlɔ ɖi la tɔwo o,+ ke boŋ gbɔgbɔ la tɔwo; elabena se siwo woŋlɔ ɖi la tsoa kufia na ame,+ ke gbɔgbɔ la gbɔa agbe ame.+

7 Azɔ ne Se si hea kufiatsotso vanɛ, si wotsɔ ŋɔŋlɔdzesiwo ŋlɔ ɖe kpewo dzi+ la, va le ŋutikɔkɔe ma gbegbe me be Israel-viwo mete ŋu kpɔ Mose ƒe mo o le ŋutikɔkɔe si dze le eƒe mo+ ta, evɔ wònye ŋutikɔkɔe si woava ɖe ɖa la, 8 ekema ɖe gbɔgbɔ la ƒe subɔsubɔdɔ+ manɔ ŋutikɔkɔe geɖe wu me oa?+ 9 Elabena ne ŋutikɔkɔe+ nɔ Se si hea fɔbubu vanɛ+ ŋu la, ekema ŋutikɔkɔe ka gbegbee nye esi anɔ subɔsubɔdɔ si hea dzɔdzɔenyenye vanɛ+ la ŋu! 10 Le nyateƒe me la, woɖe ŋutikɔkɔe ɖa le nu si wodo ŋutikɔkɔe na tsã la gɔ̃ hã ŋu, le ŋutikɔkɔe si ƒo eta sãa la ta.+ 11 Elabena ne nu si woava ɖe ɖa la va le ŋutikɔkɔe me+ la, ekema aleke gbegbe nu si anɔ anyi ya ƒe ŋutikɔkɔe alolo wue nye esi!+

12 Esi mɔkpɔkpɔ+ sia le mía si ta la, míevo aƒo nu faa, 13 eye míawo ya míewɔa nu si Mose wɔ esi wòtsɔa motsyɔnu tsyɔa mo+ be Israel-viwo nagakpɔ nu si woava ɖe ɖa la ƒe nuwuwu o. 14 Ke woƒe susu wɔ dɔ̃ɔ.+ Elabena va se ɖe egbegbe la, ne wole nubabla xoxoa xlẽm+ la, motsyɔnu ma gali kokoko, elabena Kristo dzi ko wotona ɖenɛ ɖa.+ 15 Le nyateƒe me la, va se ɖe egbegbe la, ɣesiaɣi si woxlẽ Mose ƒe nuŋlɔɖiwo+ la, motsyɔnu tsyɔa woƒe dziwo dzi.+ 16 Ke ne wotrɔ ɖe Yehowa* ŋu la, ekema woɖea motsyɔnu la ɖa.+ 17 Azɔ la, Yehowa* nye Gbɔgbɔ;+ eye afi si Yehowa* ƒe gbɔgbɔ le la, afi mae ablɔɖe le.+ 18 Eye esi mí katã míetsɔa mo siwo wometsyɔ nui o ɖea Yehowa* ƒe ŋutikɔkɔe fiana abe ahuhɔ̃ewo ene ta la, wotrɔa míaƒe nɔnɔme ɖe nɔnɔme ma ke me tso ŋutikɔkɔe me yi ŋutikɔkɔe si de ŋgɔ wu me, abe ale si tututu Yehowa,* Gbɔgbɔ la,* wɔe ene.+

4 Eya ta esi wokpɔ nublanui na mí hetsɔ subɔsubɔdɔ sia de asi na mí ta la, míenaa ta o. 2 Ke boŋ míegbea nu le ŋukpenanu ɣaɣlawo gbɔ, míewɔa ayemenu o, eye míetɔa tsi Mawu ƒe nya+ la hã o; ke boŋ le Mawu ŋkume la, míehea nyateƒea ɖe go eye míekpɔa ŋusẽ nyui ɖe amewo katã ƒe dzitsinya dzi.+ 3 Ke ne wotsyɔ nu nya nyui si gblɔm míele la dzi vavã la, ame siwo le tsɔtsrɔ̃m lae wotsyɔ nu edzi na, 4 ale nuɖoanyi*+ sia ƒe mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔ siawo ƒe tamesusu,+ ale be Kristo, si nye Mawu ƒe nɔnɔme+ la, ƒe ŋutikɔkɔe nya nyui la ƒe kekeli nagaklẽ na wo o.+ 5 Elabena míele gbeƒã ɖem mía ɖokui o, ke boŋ Yesu Kristo, be eyae nye Aƒetɔ la, eye míawo míenye miaƒe kluviwo le Yesu ta. 6 Elabena Mawu ame si gblɔ be, “Kekeli neklẽ tso viviti me”+ lae klẽ ɖe míaƒe dziwo me be wòana Mawu ŋuti sidzedze wɔnuku la naklẽ ɖe wo me+ to Kristo ƒe mo dzi.

7 Gake nu xɔasi sia le mía si+ le anyigoewo me,+ ale be ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu la nanye Mawu tɔ, eye menye mía gbɔ wòatso o.+ 8 Womimi mí ɖo le go sia go me, ke menye ale gbegbe be míedo kpo ʋaʋã o; míetɔtɔ, ke menye be míenya nu si míawɔ kura o;*+ 9 wotia mía yome, ke womegblẽ mí ɖi o;+ woxlã mí ɖe anyi, ke wometsrɔ̃ mí o.+ 10 Míedoa dzi le fu siwo Yesu kpe vevie la tɔgbi ke me ɖaasi le míaƒe ŋutilã me,+ be Yesu ƒe agbe nadze hã le míaƒe ŋutilã ŋu. 11 Elabena mí, ame siwo le agbe la, míedzea ŋgɔ ku ɣesiaɣi+ le Yesu ta, ale be Yesu ƒe agbe nadze hã le míaƒe ŋutilã si kuna la ŋu. 12 Ale ku le dɔ wɔm le mía me, gake agbe le dɔ wɔm le miawo me.

13 Ke esi xɔse ma ke si ŋu woŋlɔ le be, “Mexɔe se, eya tae meƒo nu ɖo”;+ ƒe gbɔgbɔ le mía me ta la, míawo hã míexɔe se, eya tae míeƒoa nu ɖo, 14 elabena míenyae be Ame si fɔ Yesu ɖe tsitre la afɔ míawo hã ɖe tsitre kpe ɖe Yesu ŋu, eye wòaɖe míawo kple miawo siaa afia.+ 15 Elabena wowɔ nu siawo katã le mia ta, ale be amenuveve si dzi ɖe edzi la, nasɔ gbɔ ɖe edzi le ame geɖe wu ƒe akpedada ta, hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe.+

16 Eya ta míenaa ta o, ke ne ame si míenye le gota gome le gbegblẽm hã la, kakaɖedzi li be ame si míenye le ememe ya le yeye zum gbe sia gbe. 17 Elabena togbɔ be ɣeyiɣi vi aɖe ƒe xaxa* si nu mesẽ o koe wònye hã la, ehea ŋutikɔkɔe gã mavɔ si ƒoa nu sia nu ta sãsãsã la vanɛ na mí;+ 18 esi míenana míaƒe ŋkuwo nɔa nu siwo wokpɔna la ŋu o, ke boŋ nu siwo womekpɔna o la ŋu.+ Elabena nu siwo wokpɔna la nɔa anyi ɣeyiɣi vi aɖe ko, ke nu siwo womekpɔna o ya nɔa anyi tegbee.

5 Elabena míenyae be ne wogbã* míaƒe anyigbadzixɔ,* si nye agbadɔ sia, gɔ̃ hã la,+ xɔ si tso Mawu gbɔ la anɔ mía si, xɔ si wometsɔ asi tu o,+ si li tegbee le dziƒo. 2 Le nyateƒe me la, míeŋena le xɔ sia si me míele la me, eye míele didim vevie be míado xɔ si nye mía tɔ, si tso dziƒo+ la, 3 ale be ne míeva doe la, míagatsi amama o. 4 Le nyateƒe me la, mí ame siwo le agbadɔ sia me la míeŋena, eye nu tea mía ŋu, elabena míedi be míaɖe esia ada ɖi o, ke boŋ be míado ekemɛa,+ ale be agbe nami nu si kuna la.+ 5 Ke ame si dzra mí ɖo na nu sia lae nye Mawu,+ ame si na gbɔgbɔ si nye nu si ava va la ƒe kpeɖodzi* mí.+

6 Eya ta dzideƒo geɖe le mía si ɣesiaɣi, eye míenya be zi ale si míaƒe aƒe kpɔtɔ le ŋutilã me la, míele Aƒetɔ la gbɔ o,+ 7 elabena míezɔna le xɔse me, ke menye le nukpɔkpɔ me o. 8 Ke dzideƒo geɖe le mía si, eye míedi be míakpɔtɔ anɔ ŋutilã la me o, ke boŋ míayi aɖanɔ Aƒetɔ la gbɔ.+ 9 Eya ta míele egbɔ loo alo míeɖale egbɔ o, míeɖoe kplikpaa be míaƒe nu nadze eŋu. 10 Elabena ele na mí katã be míado ɖe Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ, ale be ame sia ame naxɔ nu si wòdze na ɖe nu siwo wòwɔ le ŋutilã me la nu, eɖanye nyui alo vɔ̃ o.+

11 Eya ta esi míenya ale si woavɔ̃ Aƒetɔ lae ta la, míeyia edzi fiaa nu amewo be woatrɔ susu, ke Mawu nya ame siwo míenye la nyuie. Gake mexɔe se be miaƒe dzitsinyawo hã kpe ɖe mia ŋu mienya ame siwo ƒomevi míenye la nyuie. 12 Menye ɖe míegale mía ɖokuiwo kafum na mi ake o, ke boŋ míele nu si ana miatsɔ mí aƒo adegbee la nam mi, ale be miate ŋu aɖo nya ŋu na ame siwo ƒoa adegbe le gota gome ko ŋuti,+ ke menye le nu si le dzi me la ŋuti o. 13 Ne míaƒe tame da la,+ Mawu tae; ne míaƒe susu le te la, miawo tae. 14 Elabena Kristo ƒe lɔlɔ̃ la ƒonɛ ɖe mía nu, elabena nu si dzi míelɔ̃ ɖoe nye esi, be ame ɖeka ku ɖe wo katã ta;+ eye ale wo katã ku. 15 Eye wòku ɖe wo katã ta, ale be ame siwo le agbe la naganɔ agbe na wo ɖokuiwo azɔ o,+ ke woanɔ agbe na ame si ku ɖe wo ta, eye wofɔe ɖe tsitre la boŋ.

16 Eya ta tso esia dzi la, míenya ame aɖeke le ŋutilã nu o.+ Ne míenya Kristo le ŋutilã nu tsã hã la, míeganyae nenema kura azɔ o.+ 17 Eya ta ne ame aɖe wɔ ɖeka kple Kristo la, ezu nuwɔwɔ yeye;+ nu xoxowo nu va yi; kpɔ ɖa, nu yeyewo va li. 18 Ke nuwo katã tso Mawu gbɔ, eya, ame si dzra mía kplii dome ɖo to Kristo dzi,+ eye wòtsɔ subɔsubɔdɔ si dzraa amewo kple Mawu dome ɖo la de asi na mí,+ 19 si nye be Mawu to Kristo dzi nɔ eya kple xexea dome dzram ɖo,+ ale be megabu woƒe vodadawo na wo o,+ eye wòtsɔ nya si dzraa eya kple amewo dome ɖo la de asi na mí.+

20 Eya ta míenye amedɔdɔwo+ le Kristo teƒe,+ abe ɖe Mawu to mía dzi le kuku ɖem ene. Abe Kristo teƒenɔlawo ene la, míeɖea kuku be: “Mina woadzra mia kple Mawu dome ɖo.” 21 Ena ame si ŋu nu vɔ̃ mele o+ la zu nuvɔ̃vɔsa ɖe mía ta, be to eya dzi la, míazu ame dzɔdzɔewo le Mawu ŋkume.+

6 Esi míenye Mawu ƒe hadɔwɔlawo ta la,+ míele nu xlɔ̃m mi hã be miagaxɔ Mawu ƒe amenuveve la evɔ ada taɖodzinu si le eŋu ya ƒu o.+ 2 Elabena egblɔ be: “Meɖo to wò le amenuveɣi, eye mekpe ɖe ŋuwò le xɔxɔgbe.”+ Kpɔ ɖa! Fifia koŋ ye nye amenuveɣi la. Kpɔ ɖa! Fifiae nye xɔxɔgbe la.

3 Míewɔa naneke si azu nuɖiaɖia le mɔ aɖeke nu o, ale be woagakpɔ vodada aɖeke le míaƒe subɔsubɔdɔ la ŋu o;+ 4 ke boŋ míeɖea mía ɖokui fiana le mɔ sia mɔ nu be míenye Mawu ƒe subɔlawo,+ le dzidodo geɖe me, le xaxawo me, le hiãkamewo me, le fukpekpewo me,+ 5 le ƒoƒowo me, le gamenɔnɔwo me,+ le zitɔtɔwo me, le dɔ sesẽ wɔwɔ me, le zãdomadɔlɔ̃e me, le dɔmeɣeɣiwo me;+ 6 to dzadzɛnyenye me, to sidzedze me, to dzigbɔgbɔ blewu me,+ to dɔmenyonyo me,+ to gbɔgbɔ kɔkɔe me, to lɔlɔ̃ si me alakpa mele o me,+ 7 to nyateƒetoto me, to Mawu ƒe ŋusẽ me;+ to dzɔdzɔenyenye ƒe aʋawɔnu+ siwo le ɖusi* kple mia me* la me, 8 to bubudeameŋu kple bubumadeameŋu me, to nya vɔ̃ kple nya nyui gbɔgblɔ tso mía ŋu me. Wobua mí ameblelawoe, evɔ nyateƒetɔwoe míenye, 9 wobua mí abe ame siwo womedze sii o ene, evɔ wodze si mí hafi, wobua mí abe ame siwo le kukum* ene, gake kpɔ ɖa, míele agbe,+ wohe to na mí, gake wometsɔ mí de asi na ku o,+ 10 wobua mí abe ame siwo le nu xam ene, gake míekpɔa dzidzɔ ɣesiaɣi, abe ame dahewo ene, gake míenaa ame geɖewo zua kesinɔtɔwo, abe ame siwo si naneke mele o ene, evɔ nuwo katã le mía si hafi.+

11 Míeke nu gblɔ nya sia nya na mi, Korintotɔwo, eye míeʋu míaƒe dziwo na mi gbadzaa. 12 Míexaxa le míaƒe lɔlɔ̃ na mi me o,+ ke boŋ miawoe xaxa le miaƒe lɔlɔ̃ na mí me. 13 Eya ta mele nu ƒom na mi abe vinyewo ene be, nu si miawɔ atsɔ aɖo eteƒee nye be, miawo hã miʋu miaƒe dziwo me gbadzaa na mí.+

14 Miganɔ kɔkuti ɖeka te kple dzimaxɔsetɔwo o.+ Elabena hadede kae le dzɔdzɔenyenye kple sedzimawɔmawɔ dome?+ Alo ɖekawɔwɔ kae le kekeli kple viviti dome?+ 15 Azɔ hã, ɖekawɔwɔ kae le Kristo kple Belial* dome?+ Alo kadodo kae le xɔsetɔ kple dzimaxɔsetɔ dome?+ 16 Eye ɖekawɔwɔ kae le Mawu ƒe gbedoxɔ kple trɔ̃wo dome?+ Elabena Mawu gbagbe la ƒe gbedoxɔ míenye;+ abe ale si Mawu gblɔe ene be: “Manɔ wo dome,+ eye mazɔ wo dome, manye woƒe Mawu, eye woanye nye dukɔ.”+ 17 “‘Eya ta mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa,’ Yehowa* ye gblɔe, ‘eye midzudzɔ asikaka nu makɔmakɔ la ŋu’”;+ “‘eye maxɔ mi.’”+ 18 “‘Eye manye mia fofo,+ eye mianye vinyeŋutsuwo kple vinyenyɔnuwo,’+ Yehowa* Ŋusẽkatãtɔ lae gblɔe.”

7 Esi ŋugbedodo siawo le mía si ta la,+ lɔlɔ̃tɔwo, mina míakɔ mía ɖokui ŋu tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me,+ eye míanɔ kɔkɔe geɖe wu le mawuvɔvɔ̃ me.

2 Mikɔ dzi me ɖe mía ŋu.+ Míeda vo ɖe ame aɖeke ŋu o, míegblẽ nu le ame aɖeke ŋu o, míeba ame aɖeke o.+ 3 Nyemele esia gblɔm be mabu fɔ mi o. Elabena megblɔe xoxo be, míaƒe dzi ku ɖe mia ŋu ale gbegbe be míaku kpli mi, eye míanɔ agbe hã kpli mi. 4 Metea ŋu ƒoa nu na mi faa. Metsɔa mi ƒoa adegbe geɖe. Akɔfafa yɔm taŋ; mele dzidzɔ kpɔm glo le míaƒe fukpekpewo katã me.+

5 Le nyateƒe me la, esi míeva ɖo Makedonia+ la, míaƒe ŋutilã mekpɔ gbɔdzɔe aɖeke o, ke boŋ woyi edzi wɔ fu mí le mɔ sia mɔ nu—ʋiʋliwo nɔ egodo, vɔvɔ̃ nɔ ememe. 6 Ke Mawu, ame si faa akɔ na ame siwo ƒo dzi ɖe le+ la, na Tito ƒe vava fa akɔ na mí. 7 Eye menye eƒe vava la ɖeɖe koe o, ke ale si miena eƒe dzi dze eme hãe, elabena eva gblɔ ale si miedi vevie be yewoakpɔm, ale si miele nu xam ɖe tanye, kple ale si mietsɔ ɖe le eme nam vevie la nam; eye esia na megakpɔ dzidzɔ geɖe wu.

8 Elabena ne nye agbalẽa na miexa nu+ hã la mevem o. Ne evem gbã hã la, (mekpɔe be agbalẽ ma do nuxaxa na mi, gake ɣeyiɣi vi aɖe koe), 9 azɔ mele dzidzɔ kpɔm, menye esi wòdo nuxaxa na mi ta o, ke esi wòna miexa nu hena dzimetɔtrɔ ta boŋ. Elabena ena miexa nu le Mawu me, ale be míegblẽ naneke le mia ŋu o. 10 Elabena mawumenuxaxa nana wotrɔa dzi me hena ɖeɖekpɔkpɔ, eye esia mevea ame o;+ ke xexe sia ƒe nuxaxa hea ku vanɛ. 11 Mikpɔ nu si gbegbe do tso miaƒe mawumenuxaxa me la ɖa, ɛ̃, ena miekɔ mia ɖokui ŋu, ɛ̃, ena mielé fu nu manyomanyo, ɛ̃, ena vɔvɔ̃ ɖo mi, ɛ̃, ena didi vevie nɔ mia me, ɛ̃, ena mietsɔ dzo ɖe nu ŋu, ɛ̃ ena mieɖɔ nu si gblẽ la ɖo!+ Mieɖee fia le go sia go me be yewole dzadzɛ* le nya sia me. 12 Togbɔ be meŋlɔ agbalẽ na mi hã la, menye ame si da vo+ alo ame si ŋu woda vo ɖo tae meŋlɔe ɖo o, ke boŋ be miaƒe veviedodo le mía ŋuti la nadze ƒãa le mia dome le Mawu ŋkume. 13 Esia tae wofa akɔ na mí ɖo.

Ke hekpe ɖe míaƒe akɔfafa sia ŋu la, míegakpɔ dzidzɔ geɖe wu le dzidzɔ si Tito kpɔ la ta, elabena mi katã miena eƒe gbɔgbɔ kpɔ dzidzeme. 14 Ne meƒo adegbe le mia ŋu le eŋkume la, mezu ŋukpe nam o; ke boŋ ale si nya siwo katã míegblɔ na mi nye nyateƒe la, nenema kee ale si metsɔ mi ƒo adegbee na Tito la hã nye nyateƒe. 15 Eye miaƒe nu léa dzi nɛ geɖe wu ne eɖo ŋku mi katã miaƒe toɖoɖo+ kple ale si mietsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya xɔe la dzi. 16 Dzi le dzɔyem be le mɔ sia mɔ nu la, dzi ate ŋu aɖo ƒonye le mia ta.

8 Ke nɔviwo, míedi be míana mianya ale si Mawu ve hame siwo le Makedonia la nui.+ 2 Esi wonɔ dodokpɔ gã si me wokpe fu le vevie me tom la, wotsɔ dzidzɔ manyagblɔ na nu faa togbɔ be woda ahe ŋutɔ hã, si wɔe be woƒe dɔmenyonyo la ɖe dzesi. 3 Elabena wowɔ esia le woƒe ŋutete nu,+ ɛ̃, mele ɖase ɖim be, wowɔe wògbɔ woƒe ŋutete ŋu gɔ̃ hã,+ 4 esi wotso le wo ɖokui si ɖe kuku na mí vevie be míana mɔnukpɔkpɔ yewo yewoana nu dɔmenyotɔe, eye yewoakpɔ gome le kpekpeɖeŋunana ƒe subɔsubɔdɔ si wɔm wole na ame kɔkɔewo la me.+ 5 Eye menye ale si míekpɔ mɔ nɛ la ɖeɖe ko o, ke boŋ wotsɔ wo ɖokuiwo na Aƒetɔ la gbã, kple míawo hã to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me. 6 Esia ta míede dzi ƒo na Tito+ be, esi wònye eyae dze dɔ sia gɔme le mia dome ta la, eya ke nawu miaƒe dɔmenyonunana la nu ƒoƒo ƒu nu. 7 Ke ale si miegba go le nuwo katã me, le xɔse kple nya kple sidzedze kple veviedodo katã kpakple lɔlɔ̃ si míeɖe fia mi me la, migba go hã le dɔmenyonunana sia me.+

8 Nyemele egblɔm abe se demee mele na mi ene o, ke boŋ be mianya ale si ame bubuwo le vevie dom nu, eye be mado miaƒe lɔlɔ̃ ƒe vavãnyenye akpɔ. 9 Elabena mienya mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve la be, togbɔ be kesinɔtɔ wònye hã la, eva zu ame dahe le mia ta,+ ale be miato eƒe ahedada me azu kesinɔtɔwo.

10 Eye mele susu aɖe dom ɖa le esia ŋu:+ Esia aɖe vi na mi, elabena ƒe ɖekae nye esia la, menye ɖe miedze dɔ sia wɔwɔ gɔme ko o, ke didia nɔ mia me hã ɖe ewɔwɔ ŋu. 11 Ke azɔ la, miwu nu si gɔme miedze la nu, ale be ale si ko ewɔwɔ ƒe didia le mia me vevie la, miawu enu hã le nu siwo le mia si la nu. 12 Elabena ne didia nya li ko la, wokpɔa ŋudzedze ɖe eŋu le nu si le ame si la nu,+ menye le nu si mele ame si o la nu o. 13 Nyemedi be wòanɔ bɔbɔe na ame bubuwo, gake wòasesẽ na miawo ya o; 14 ke boŋ be nuwo nasɔ pɛ, eye miaƒe nu siwo gbɔ edzi fifia la, nakpɔ woƒe hiahiã gbɔ na wo, ale be woawo hã ƒe nu siwo gbɔ edzi la, nakpɔ nu siwo hiã mi la gbɔ, ne nuwo nada asɔ. 15 Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: “Ame si si geɖe le la mekpɔe wògbɔ edzi o, eye ame si si nu ʋɛ le la tɔ mele ʋɛ akpa o.”+

16 Ke woada akpe na Mawu be wòdee Tito hã ƒe dzi me be wòado vevie nu nenema ke ɖe mia ta;+ 17 elabena le nyateƒe me la, ewɔ nu abe ale si míede dzi ƒo nɛ ene, ke esi wònye eƒe didi vevie xoxo ta la, etso le eɖokui si dze mɔ gbɔna mia gbɔ. 18 Ke míele nɔviŋutsu aɖe, si wokafuna le hameawo katã me le nya nyuia ta la, dɔm ɖa kpe ɖe eŋu. 19 Menye ema ɖeɖe koe o, ke boŋ hameawo tiae hã be wòanye míaƒe mɔzɔhati esi míele dɔmenyonunana ƒe dɔ sia ŋu nyawo gbɔ kpɔm hena Aƒetɔ la ƒe ŋutikɔkɔe, ne wòaɖee afia be míele klalo be míana kpekpeɖeŋu. 20 Ale be ame aɖeke nagakpɔ vodada le mía ŋu le lɔlɔ̃nu faa nunana gbogbo sia ŋuti dɔwɔwɔ me o.+ 21 Elabena ‘míekpɔa nuwo katã gbɔ le anukwareɖiɖi me, menye le Yehowa* ŋkume ɖeɖe ko o, ke le amegbetɔwo ŋkume hã.’+

22 Azɔ hã, míele mía nɔvi si míedo kpɔ enuenu, eye míekpɔe be edoa vevie nu le nu geɖewo me la dɔm kpe ɖe wo ŋu, eye azɔ egale vevie dom nu wu le ale si gbegbe wòka ɖe mia dzii la ta. 23 Ke ne ame aɖe bia nya tso Tito ŋu la, nye zɔhɛ kple hadɔwɔlae wònye le miaƒe nyonyo ta; alo ne ame aɖe bia nya tso mía nɔviŋutsuawo ŋu la, hameawo ƒe apostolowo kple Kristo ƒe ŋutikɔkɔe wonye. 24 Eya ta miɖe miaƒe lɔlɔ̃ fia wo+ eye miana hameawo nakpɔ nu si ta míetsɔa mi ƒoa adegbee ɖo.

9 Ke mekpɔe be mehiã be maŋlɔ nu ɖo ɖe mi tso subɔsubɔdɔ si woawɔ na ame kɔkɔewo+ la ŋu hafi o, 2 elabena menya be didia le mia me be miawɔe, eye metsɔ esia le adegbe ƒom le mia ŋuti na Makedoniatɔwo, be ƒe ɖekae nye esia si nɔvi siwo le Akaya la le klalo xoxo, eye miaƒe veviedodo nu de dzo wo dometɔ akpa gãtɔ me. 3 Ke mele nɔviawo dɔm ɖa, ale be adegbe si míeƒona le mia ŋu la nagazu dzodzro le nya sia me o, eye be mianɔ klalo ŋutɔŋutɔ abe ale si megblɔe ene. 4 Ne menye nenema o la, ne mía kple Makedoniatɔwo míava ɖo, evɔ woakpɔe be miele klalo o la, ŋu akpe mí le ale si gbegbe míeka ɖe mia dzii la ta; nyemedi be maƒo nu tso ŋu si akpe miawo ya ŋu o. 5 Eya ta mekpɔe be ehiã be made dzi ƒo na nɔviawo be woado ŋgɔ ava mia gbɔ, ne woaƒo nunana gbogbo siwo ŋugbe miedo xoxo la nu ƒu ɖi, ale be wòanye nu siwo miena tso dzi me faa, ke menye ɖe wozi mia dzi hafi o.

6 Ke le esia gome la, ame si ƒã nu ʋɛ la, aŋe nu ʋɛ, eye ame si ƒã nu wòsɔ gbɔ la, aŋe nu wòasɔ gbɔ.+ 7 Ame sia ame newɔ abe ale si wòɖo le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o,+ elabena ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.+

8 Azɔ hã, Mawu ate ŋu ana eƒe amenuveve la nasɔ gbɔ na mi, ale be nu siwo katã hiã mi la nasu mia si, eye miakpɔ nu geɖewo hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.+ 9 (Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: “Eʋua asi me, enaa nu ame dahewo. Eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee.”+ 10 Ke Ame si naa nuku nuƒãla kple nuɖuɖu amewo la ana nuku si mieƒãna la nasɔ gbɔ ɖe edzi na mi, eye wòana miaƒe dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse nasɔ gbɔ ɖe edzi.) 11 Le nuwo katã me la, wonana miezua kesinɔtɔwo be miate ŋu anyo dɔme le nu sia nu me, ale be nu siwo mienana amewo to mía dzi nawɔe be woada akpe na Mawu; 12 elabena kpekpeɖeŋunana ƒe dutoƒo subɔsubɔdɔ sia menye be wòakpɔ ame kɔkɔewo ƒe hiahiãwo gbɔ na wo nyuie ko o,+ ke be wòana woada akpe geɖe na Mawu hã. 13 Le kpeɖodzi si kpekpeɖeŋunana ƒe subɔsubɔdɔ sia nana ta la, wokafua Mawu elabena mienana Kristo la ŋuti nya nyui la kpɔa ŋusẽ ɖe mia dzi abe ale si mieʋua eme le dutoƒo ene, eye mienaa nu woawo kple ame bubuwo katã dɔmenyotɔe.+ 14 Eye wole kokoƒoƒo dzi ɖe mia ta, eye wole mia susum vevie le Mawu ƒe amenuveve geɖe si wòna mi la ta.

15 Woada akpe na Mawu le eƒe nunana faa si wu gbɔgblɔ la ta.

10 Ke nye Paulo, metsɔ tufafa kple dɔmenyo si Kristo ɖe fia la le nu xlɔ̃m mi,+ nye ame si dzena ame beli ne mele mia ŋkume,+ gake menye dzinɔameƒotɔ ne nyemele mia gbɔ o.+ 2 Mele kuku ɖem be ne meva mia gbɔ la, mahiã be mawɔ nu dzideƒotɔe aɖe afɔ sesẽ aɖewo abe ale si mesusui ene ɖe ame siwo bua mí be míezɔna le ŋutilã nu la ŋu o. 3 Elabena togbɔ be míenye ŋutilãwo hã la, míewɔa aʋa le ŋutilã nu o. 4 Elabena míaƒe aʋawɔnuwo menye ŋutilã me tɔwo o,+ ke boŋ woƒe ŋusẽ tso Mawu gbɔ,+ be míatsɔ amu nu siwo li ke sesĩe la aƒu anyi. 5 Elabena míele tamebubuwo kple nu kɔkɔ sia nu kɔkɔ, si xea mɔ ɖe Mawu ŋuti sidzedze nu la mum ƒu anyi,+ eye míeɖea aboyo tamesusu ɖe sia ɖe be míana wòaɖo to Kristo la. 6 Eye míele dzadzraɖoɖi be, ne mienya ɖee fia be yewonye toɖolawo bliboe ko la, míahe to na ame sia ame si gbe toɖoɖo.+

7 Mieléa ŋku ɖe nuwo ŋu le ale si wodzena le gota gomee nu. Ne ame aɖe ka ɖe eɖokui dzi be yenye Kristo tɔ la, nebu nyateƒenya sia hã ŋu: Ale si ko wònye Kristo tɔ la, nenema kee míawo hã míenye etɔe. 8 Elabena ne maƒo adegbe wòagbɔ eme vie wu ale si dze le ŋusẽ si Aƒetɔ la tsɔ na mí be míatsɔ atu mi ɖo, ke menye be míatsɔ agblẽ nu le mia ŋu o+ ŋuti hã la, nyemaɖu ŋukpe o. 9 Elabena nyemedi be wòanɔ abe ɖe metsɔ nye agbalẽwo le vɔvɔ̃ dom na mi ene o. 10 Elabena wogblɔna be: “Eƒe agbalẽwo kpena, eye ŋusẽ le wo ŋu, ke ne eya ŋutɔ le afi sia la, edzena ame beli, eye eƒe nyawo mele ɖeke me o.” 11 Nenem me ma nanyae be, nya siwo míegblɔna le míaƒe agbalẽwo me ne míele mia gbɔ o la, nu mawo kee míawɔ ne míele mia gbɔ.+ 12 Elabena míete kpɔ be míabu mía ɖokui ɖe ame aɖewo dome, alo atsɔ mía ɖokui asɔ kple ame siwo kafua wo ɖokui la o.+ Gake esi wotsɔa wo ɖokui dzidzea wo ɖokui, eye wotsɔa wo ɖokui sɔna kple wo ɖokui la, womenyaa nu o.+

13 Ke hã, míeƒoa adegbe le dɔ si wowɔ le míaƒe liƒo godo la ŋu o, ke boŋ le liƒo si Mawu ɖo* na mí la me, si de keke mia gbɔ ke.+ 14 Nyateƒee, menye ɖe míegbɔ míaƒe liƒo ŋu esi míeva mia gbɔ tsã abe ɖe míaƒe liƒo meɖo mia gbɔ o ene o, elabena míawoe nye ame gbãtɔ siwo tsɔ Kristo la ŋuti nya nyuia va keke mia gbɔ ke.+ 15 Ao, menye ame bubu ƒe agbagbadzedze le míaƒe liƒo godo ye míetsɔ le adegbe ƒom o, ke boŋ míele mɔ kpɔm be, esi miaƒe xɔse le sesẽm ɖe edzi la, miava kpɔe be dɔ si míewɔ la ava dzi ɖe edzi. Ekema míagawɔ dɔ gã geɖe awu, 16 be míagblɔ nya nyui la agbɔ mia ŋu ayi dukɔ bubuwo me, ale be míagaƒo adegbe le ame bubu ƒe nuto me, afi si wowɔ dɔ le xoxo la o. 17 “Ke boŋ ame si ƒoa adegbe la, neƒo adegbe le Yehowa* me.”+ 18 Elabena menye ame si kafua eɖokui la ŋue wokpɔa ŋudzedze ɖo o,+ ke ame si Yehowa* kafuna la boŋ.+

11 Madi be miagbɔ dzi ɖi atsɔ nye nya siwo dze bometsinyawoe la. Le nyateƒe me la, miele dzi gbɔm ɖi hã xoxo! 2 Elabena metsɔ mawumeŋuʋaʋã le ŋu ʋãm ɖe mia nu, elabena nye ŋutɔe do mia ɖeɖe ŋugbe na ŋutsu ɖeka, be matsɔ mi ana Kristo la abe ɖetugbui leaƒe dzadzɛ ene.+ 3 Ke mele vɔvɔ̃m be le mɔ aɖe nu la, ale si da la tsɔ eƒe ayedzedze ble Xawa+ la, ɖewohĩ woagblẽ miaƒe susu be miate ɖa tso anukwareɖiɖi kple dzadzɛnyenye si Kristo la dze na la gbɔ.+ 4 Elabena ne ame aɖe va ɖe gbeƒã Yesu bubu aɖe si to vovo na esi míeɖe gbeƒãe, alo miexɔ gbɔgbɔ bubu aɖe si to vovo na esi miexɔ, alo nya nyui bubu aɖe si to vovo na esi miexɔ+ la, enɔa bɔbɔe na mi be miado dzi axɔ ame ma. 5 Elabena nyemesusu be miaƒe apostolo deŋgɔawo nyo wum le nu ɖeka pɛ hã me o.+ 6 Ke ne nyemebi le nuƒoƒo me o+ hã la, nyemele nenema le sidzedze ya me o; ke boŋ míena esia dze ƒãa na mi le mɔ sia mɔ nu le nuwo katã me.

7 Alo nu vɔ̃e wònye mewɔ be mebɔbɔ ɖokuinye, ne woado mi ɖe dzi, esi megblɔ Mawu ŋuti nya nyui la na mi dzidzɔtɔe naneke maxɔmaxɔea?+ 8 Magblɔ be meba* hame bubuwo esi melɔ̃ xɔ woƒe nunanawo, ale be masubɔ mi.+ 9 Evɔ esi menɔ mia gbɔ, eye nu hiãm la, nyemezu agba na mia dometɔ aɖeke o, elabena nɔvi siwo tso Makedonia va la na nu siwo hiãm la wòsɔ gbɔ.+ Ɛ̃, le mɔ sia mɔ nu la, mekpɔ ɖokuinye dzi be nyemazu agba na mi o, eye mayi edzi awɔe nenema.+ 10 Zi ale si Kristo ƒe nyateƒea le menye la, nyemadzudzɔ esia tsɔtsɔ aƒo adegbee+ le Akaya nutoawo me o. 11 Le susu ka ta? Esi nyemelɔ̃ mi o taea? Mawu nyae be melɔ̃ mi.

12 Ke nu si wɔm mele la, mayi edzi awɔe,+ ale be mana ame siwo le mɔnu dim be amewo nakpɔ be yewosɔ kpli mí le ɖoƒe sia la ƒe adegbeƒoƒo nu natsi. 13 Elabena nenem me siawo nye aʋatso apostolowo, dɔwɔla siwo blea ame, eye wowɔa wo ɖokuiwo abe Kristo ƒe apostolowo ene.+ 14 Eye esia mewɔ nuku o, elabena Satana ŋutɔ hã wɔa eɖokui abe kekeli ƒe dɔla ene.+ 15 Eya ta ne eƒe subɔlawo hã wɔa wo ɖokuiwo abe subɔla dzɔdzɔewo ene la, mewɔ nuku kura o. Ke woƒe nuwuwu anɔ ɖe woƒe dɔwɔwɔwo nu.+

16 Megale egblɔm ake be: ame aɖeke megabum bometsilae o. Gake ne nenemae miebui hã la, ekema mixɔm abe bometsila ene faa, ale be nye hã maƒo adegbe vie. 17 Nya si gblɔm mele fifia la, nyemele egblɔm le kpɔɖeŋu si Aƒetɔ la ɖo la nu o, ke boŋ abe bometsila ene, abe adegbeƒola si ka ɖe eɖokui dzi ŋutɔ ene. 18 Esi ame geɖewo le adegbe ƒom le ŋutilã nu* ta la, nye hã maƒo adegbe. 19 Esi mienye “nugɔmeselawo” ŋutɔ ta la, miedoa dzi xɔa bometsilawo dzidzɔtɔe. 20 Le nyateƒe me la, ne ame aɖe wɔ mi kluvii, ne ame aɖe ba mi xɔ miaƒe nunɔamesi, ne ame aɖe xɔ nu si le mia si la sesẽe, ne ame aɖe do eɖokui ɖe dzi ɖe mia ŋu, eye ne ame aɖe ƒo mo gbɔ na mi la, miedoa dzi tsɔnɛ.

21 Enye ŋukpe na mí be magblɔ nya sia, elabena awɔ na mi be míewɔa nu abe ame siwo gbɔdzɔ ene.

Ke ne ame bubuwo wɔa nu kple dzideƒo la—mele nu ƒom abe bometsila ene—nye hã mewɔa nu kple dzideƒo. 22 Hebritɔwoe wonyea? Eyae nye hã menye.+ Israel-viwoe wonyea? Eyae nye hã menye. Abraham ƒe dzidzimeviwoe wonyea? Eyae nye hã menye.+ 23 Kristo ƒe subɔlawoe wonyea? Mele eŋu ɖom abe ame si ƒe tame da ene be, menyee wu wo: mewɔ dɔ geɖe wu,+ menɔ gaxɔ me zi geɖe wu,+ zi ale si woƒom la mele xexlẽ me o, eye meɖo kudo nu zi geɖe.+ 24 Zi gbɔ zi atɔ̃ sɔŋ Yudatɔwo ƒom ƒoƒo blaene, ɖeka koe do le eme,+ 25 zi etɔ̃ woƒom kple ati,+ zi ɖeka woƒu kpem,+ menɔ tɔdziʋu me wògbã zi etɔ̃,+ metsi atsiaƒu dzi zã blibo ɖeka kple ŋkeke blibo ɖeka; 26 mezɔ mɔ enuenu, meɖo ŋɔdzi me le tɔsisiwo dzi, meɖo ŋɔdzi me le adzodalawo si me, meɖo ŋɔdzi me le nye ŋutɔ nye dukɔmeviwo dome,+ meɖo ŋɔdzi me le dukɔwo dome,+ meɖo ŋɔdzi me le du me,+ meɖo ŋɔdzi me le gbedzi, meɖo ŋɔdzi me le atsiaƒu dzi, meɖo ŋɔdzi me le aʋatsonɔviwo dome; 27 le agbagbadzedze kple kutrikuku me, le zãdomadɔlɔ̃e zi geɖe me,+ le dɔwuame kple tsikɔwuame me,+ le numakpɔɖui zi geɖe me,+ le vuvɔ kple amamanɔnɔ me.

28 Hekpe ɖe nu siawo, siwo tso gota ŋu la, nane tena ɖe dzinye gbe sia gbe, eyae nye dzimaɖitsitsi ɖe hameawo katã ŋu.+ 29 Ame kae gbɔdzɔ, eye nyemegbɔdzɔ o? Ame ka nue woɖia, eye meku dzi nam o?

30 Ne maƒo adegbe la, ekema maƒo adegbe le nu siwo me megbɔdzɔ le la ŋuti. 31 Aƒetɔ Yesu ƒe Mawu, si nye Fofoa, Ame si wòle be woakafu yi mavɔmavɔ me la, nyae be nyemele aʋatso kam o. 32 Le Damasko la, nutodziɖula si le fia Areta te la nɔ Damaskotɔwo ƒe dua ŋu dzɔm, be yealém, 33 ke wotsɔm de kusi me ɖiɖi ɖe anyi to fesre aɖe si le glia ŋu la me,+ eye medo le eƒe asi me.

12 Ele be maƒo adegbe. Togbɔ be maɖe vi aɖeke o hã, matrɔ ɖe Aƒetɔ la ƒe ŋutega wɔnukuwo+ kple nyaɖeɖefiawo ŋu.+ 2 Menya ame aɖe si nye Kristo ƒe nusrɔ̃la, ƒe wuienee nye esia si wokɔe yi dziƒo etɔ̃lia—ŋutilã mee wònɔ alo menye ŋutilã mee wònɔ o, nyemenya o; Mawue nya. 3 Ɛ̃, menya ame ma—ŋutilã mee wònɔ alo menye ŋutilã mee wònɔ o, nyemenya o; Mawue nya— 4 wokɔe yi paradiso me, eye wòse nya siwo mele gbɔgblɔ me o, eye womeɖe mɔ na ame be wòagblɔ o. 5 Maƒo adegbe le nenem me sia ŋu, ke nyemaƒo adegbe le ɖokuinye ŋu o, negbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu ko. 6 Elabena ne medi be maƒo adegbe hã la, nyemazu bometsila o, elabena nyateƒee mato. Ke nyemeƒoa adegbe o, ale be ame aɖeke nagakafum wu ale si wòkpɔam, alo le nya siwo wòsena le nunye la nu o, 7 eye woagakafum le nyaɖeɖefia wɔnuku siwo mexɔ dzaa ko ta o.

Eya ta be magado ɖokuinye ɖe dzi akpa o la, ŋù aɖe le nye ŋutilã me,+ abe Satana ƒe dɔla ene, si le fu wɔmem,* ale be magado ɖokuinye ɖe dzi akpa o. 8 Meɖe kuku na Aƒetɔ la vevie zi etɔ̃ le esia ŋuti be wòadzo le dzinye. 9 Gake egblɔ nam be: “Nye amenuveve sɔ gbɔ na wò, elabena nye ŋusẽ zua blibo le wò gbɔdzɔgbɔdzɔ me.”+ Eya ta matsɔ dzidzɔ aƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu boŋ, ale be Kristo la ƒe ŋusẽ nanɔ dzinye abe agbadɔ ene. 10 Eya ta mekpɔa dzidzɔ le gbɔdzɔgbɔdzɔwo me, le dzudzuwo me, le hiãkamewo me, le yometitiwo kple xaxawo me, le Kristo ta. Elabena ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu.+

11 Mezu bometsila. Miawoe na, elabena ɖe wòle be miakafum hafi. Elabena ne nyemenye naneke o hã la, miaƒe apostolo deŋgɔawo menyo wum le nu ɖeka pɛ hã me o.+ 12 Le nyateƒe me la, meɖe dzesi siwo ɖo kpe edzi be apostoloe menye la fia mi le dzidodo geɖe me,+ tsɔ kpe ɖe nukunuwo, dzesiwo kple ŋusẽdɔwo ŋu.+ 13 Elabena nu ka mee meve hame susɔeawo nu le wu mi? Eya koe nye be, nyemezu agba na miawo ya o.+ Mitsɔ vodada sia kem faa.

14 Kpɔ ɖa! Zi etɔ̃liae nye esia medzra ɖo be mava mia gbɔ, eye nyemava azu agba na mi o. Elabena menye miaƒe nunɔamesiwo+ dimee mele o, ke miawo ŋutɔwo boŋ; elabena menye viwoe adzra nu ɖo ɖi na wo dzilawo o,+ ke boŋ dzilawoe adzra nu ɖo ɖi na wo viwo. 15 Ke nye la, adzɔ dzi nam be mazã nye nuwo katã, eye woazãm bliboe, ɖe mia* ta.+ Ne melɔ̃ mi geɖe wu la, ɖe wòle be miawo ya miaƒe lɔlɔ̃ nam dzi naɖe akpɔtɔa? 16 Ke aleke kee wòɖale o, nyemezu agba na mi o.+ Gake miegblɔna be “ayetɔe” menye eye meto “amefuflu” dzi lé mi. 17 Ðe meto ame siwo medɔ ɖo ɖe mi la dometɔ aɖe dzi di viɖe le mia ŋua? 18 Mede dzi ƒo na Tito be wòava mia gbɔ, eye medɔ nɔvi aɖe kpe ɖe eŋu. Ðe Tito va di viɖe aɖe le mia ŋua?+ Menye nɔnɔme ɖekae nye kplii míeɖe fia oa? Menye afɔɖoƒe ɖeka ma ke mee míezɔ le oa?

19 Ðe miele susum le ɣeyiɣi siawo katã me be mía ɖokui ta ko ʋlim míele le mia gbɔa? Mawu ŋkumee míele nu ƒom le abe Kristo yomedzelawo ene. Ke lɔlɔ̃tɔwo, nu siwo katã míewɔna la, miaƒe tutuɖo tae. 20 Elabena mele vɔvɔ̃m be le mɔ aɖe nu ne meva la, ɖewohĩ nyemakpɔ mi abe ale si madi ene o, eye be nyemanɔ na mi abe ale si miadi ene o, ke boŋ be dzre, ŋuʋaʋã, dzikudodowo, nyahehewo, ameŋugbegblẽwo, sakplisasawo, ɖokuidodoɖedziwo, kple masɔmasɔwo anɔ anyi le mɔ aɖe nu. 21 Ðewohĩ ne megava la, nye Mawu abɔbɔm ɖe anyi le mia ŋkume, eye maxa nu le ame siwo wɔ nu vɔ̃ tsã evɔ wo dometɔ geɖe metrɔ dzi me le woƒe makɔmakɔnyenye, gbɔdɔdɔ manɔsenu* kple ŋukpenanuwɔwɔ dzimesesẽtɔe me o la ta.

13 Zi etɔ̃liae nye esia si megbɔna mia gbɔ. “Le ɖasefo eve alo etɔ̃ ƒe ɖaseɖiɖi* nu la, woaɖo kpe nya sia nya dzi.”+ 2 Togbɔ be nyemele mia gbɔ fifia o hã, ɖeko wòle abe mele mia gbɔ zi evelia ene, eye mele nu xlɔ̃m ame siwo wɔ nu vɔ̃ tsã, kple ame susɔewo katã hã do ŋgɔ, be ne megava ake la, nyemakpɔ nublanui na wo o, 3 elabena miele kpeɖodzi dim si afia be Kristo le nu ƒom to dzinye vavã, Kristo si megbɔdzɔ le nuwɔwɔ kpli mi me o, ke boŋ wòsẽa ŋu le mia dome. 4 Elabena nyateƒee wònye be wohee ɖe ati ŋu le gbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe nɔnɔme si me wònɔ ta, gake ele agbe le Mawu ƒe ŋusẽ ta.+ Nyateƒee, míawo hã míegbɔdzɔ abe ale si eya hã nɔ nɔnɔme sia me tsã ene, gake míanɔ agbe kplii+ le Mawu ƒe ŋusẽ si wòɖe fia mi la ta.+

5 Minɔ mia ɖokui dom kpɔ be miele xɔse la me hã; minɔ mia ɖokui me dzrom kpɔ ne mianya ame siwo ƒomevi mienye.+ Alo ɖe miede dzesii be Yesu Kristo le ɖekawɔwɔ me kpli mi oa? Negbe ɖe womekpɔ ŋudzedze ɖe mia ŋu o. 6 Mele mɔ kpɔm vavã be miava kpɔe adze sii be, menye ame siwo ŋu womekpɔ ŋudzedze ɖo o lae míenye o.

7 Ke míedoa gbe ɖa na Mawu be miagawɔ nu gbegblẽ aɖeke o, menye be míawo míadze ame siwo ŋu wokpɔ ŋudzedze ɖo o, ke boŋ be miawɔ nu si nyo, ne míawo míedze ame siwo ŋu womekpɔ ŋudzedze ɖo o hã. 8 Elabena míate ŋu awɔ naneke ɖe nyateƒe la ŋu o, negbe nu si ade nyateƒe la dzi ko. 9 Vavãe, ne míawo míegbɔdzɔ gake miawo miesẽ ŋu la, edzɔa dzi na mí. Eye esiae míedoa gbe ɖa biana, be woaɖɔ mi ɖo. 10 Esia tae mele nya siawo ŋlɔm togbɔ be nyemele mia gbɔ o hã, ale be ne mele mia gbɔ la, nye asi nagasẽ ɖe mia dzi le ŋusẽ si Aƒetɔ la nam+ be matsɔ atu ame ɖo, ke menye be matsɔ agblẽ nu le ame ŋu o, la zazã me o.

11 Mlɔeba la, nɔviwo, miyi edzi mianɔ dzidzɔ kpɔm, mina woanɔ mia ɖɔm ɖo, woanɔ akɔ fam na mi,+ miaƒe tamesusu nanɔ ɖeka,+ minɔ anyi le ŋutifafa me;+ eye lɔlɔ̃ kple ŋutifafa ƒe Mawu+ la anɔ anyi kpli mi. 12 Mitsɔ nugbugbɔ kɔkɔe do gbe na mia nɔewo. 13 Ame kɔkɔewo katã do gbe na mi.

14 Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe si ɖea vi na mí katã la, nanɔ kpli mi katã.

Alo, “ame si dea dzi ƒo.”

Alo, “tetekpɔwo.”

Alo, “tetekpɔ.”

Alo, “tetekpɔwo.”

Agate ŋu afia, “nu siwo mienya nyuie xoxo hese wo gɔme.”

Agate ŋu afia, “be wòaɖe vi na mi zi evelia.”

Wogayɔnɛ be Sila.

Alo, “megbedaga; megbedanu.”

Alo, “na nye luʋɔ.”

Alo, “susuwo; nugbeɖoɖowo.”

Alo, “wònana wokpɔa.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “Yehowa ƒe gbɔgbɔ.”

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Agate ŋu afia, “be mɔkpɔkpɔ bu ɖe mí kura o.”

Alo, “tetekpɔ.”

Alo, “wokaka.”

Le afi sia la, wozã “xɔ” le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu wòle tsitre ɖi na ŋutilã si wokpɔna alo na gbɔgbɔŋutilã.

Alo, “megbedaga; megbedanu.”

Ðewohĩ hena avuwɔwɔ.

Ðewohĩ hena ame ɖokui ta ʋiʋli.

Alo, “ame siwo dze ku.”

Enye Hebrigbe me nya si gɔmee nye “Yakame.” Eku ɖe Satana ŋu.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “yewomeɖi fɔ o.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “liƒo si Mawu dzidze.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “meda adzo.”

Esia fia le amegbetɔwo ƒe nuwo gome.

Alo, “si ƒoam.”

Alo, “miaƒe luʋɔwo.”

Helagbe, pornia. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “numenya.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe