INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • nwt Galatiatɔwo 1:1-6:18
  • Galatiatɔwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Galatiatɔwo
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Galatiatɔwo

NA GALATIATƆWO

1 Paulo, si nye apostolo, menye tso amegbetɔwo gbɔ alo to ame aɖeke dzi o, ke boŋ to Yesu Kristo+ kple Mawu Fofo+ la, ame si fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la dzi, 2 kple nɔvi siwo katã le gbɔnye, le esia ŋlɔm na hame siwo le Galatia:

3 Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la woana mi. 4 Etsɔ eɖokui na ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta,+ be wòaɖe mí tso fifi nuɖoanyi* vɔ̃ɖi sia me+ le Mawu mía Fofo ƒe lɔlɔ̃nu la nu,+ 5 ame si tɔ anye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.

6 Ewɔ moyaa nam be miele tɔtrɔm ɖa kaba ŋutɔ tso Ame si tsɔ Kristo ƒe amenuveve yɔ mi la gbɔ yina nya nyui bubu ƒomevi aɖe gbɔ.+ 7 Evɔ nya nyui bubu aɖeke meli o; ke boŋ ɖeko ame aɖewo le fu ɖem na mi,+ eye wole didim be yewoabaɖa afɔ na Kristo ŋuti nya nyui la. 8 Ke ne míawo alo mawudɔla si tso dziƒo gɔ̃ hã agblɔ nya aɖe be enye nya nyui to vovo na nya nyui si míegblɔ na mi la, neɖi eŋu kpékpekpe. 9 Abe ale si míegblɔe do ŋgɔ ene la, megale egblɔm ake be, ame sia ame si va le nya nyui si to vovo na esi miexɔ la gblɔm na mi la, neɖi eŋu kpékpekpe.

10 Ekema amegbetɔwo ŋue medi be madze loo alo Mawu ŋua? Alo ɖe mele didim be nye nu nanyo amegbetɔwo ŋua? Ne amegbetɔwo ŋue megale didim be nye nu nanyo la, ekema nyemeganye Kristo ƒe kluvi o ɖe. 11 Nɔviwo, medi be mana mianyae be, nya nyui si megblɔ na mi la, metso amegbetɔwo gbɔ o;+ 12 eye menye amegbetɔ si me hãe mexɔe tsoe alo woawoe fiam o, ke boŋ nyaɖeɖefia wònye tso Yesu Kristo gbɔ.

13 Nyateƒee, miese nu tso ale si menɔ agbee tsã abe Yudatɔ ene la ŋu,+ be meti Mawu ƒe hame la yome vevie,* eye menɔ edome gblẽm;+ 14 eye meyi ŋgɔ geɖe le Yudasubɔsubɔ me wu hanyeti geɖewo le nye dukɔ la me, elabena medo vevie nu le mía fofowo ƒe kɔnyinyiwo me geɖe wu.+ 15 Ke esi Mawu, ame si na danye dzim eye wòyɔm le eƒe amenuveve me la,+ kpɔe be enyo 16 be yeaɖe ye Vi la afia to dzinye, ale be magblɔ eŋuti nya nyui la na dukɔwo la,+ nyemeyi ɖalée kpɔ kple amegbetɔ* aɖeke enumake o; 17 eye nyemeyi Yerusalem ɖe ame siwo nye apostolowo do ŋgɔ nam la hã gbɔ o, ke boŋ meyi Arabia, emegbe megatrɔ va Damasko.+

18 Le ƒe etɔ̃ megbe la, meyi Yerusalem+ be maɖakpɔ Kefas*+ ɖa, eye menɔ egbɔ ŋkeke wuiatɔ̃. 19 Ke nyemegakpɔ apostolo bubuawo dometɔ aɖeke o, negbe Yakobo,+ Aƒetɔ la nɔvi ko. 20 Ke le nu siwo ŋlɔm mele na mi ŋuti la, meka ɖe edzi na mi le Mawu ŋkume be menye aʋatso kam mele o.

21 Emegbe meyi Siria kple Kilikia nutoawo me.+ 22 Ke Yudea hame siwo le Kristo me la mekpɔm kpɔ o. 23 Ðeko wosena be: “Ame si tia mía yome tsã+ la le xɔse si dome wòdi be yeagblẽ tsã la ŋu nya nyui gblɔm azɔ.”+ 24 Ale wonɔ Mawu kafum le tanye.

2 Azɔ le ƒe wuiene megbe la, megayi Yerusalem, nye kple Barnaba,+ eye mekplɔ Tito hã ɖe asi.+ 2 Nyaɖeɖefia aɖe si mexɔ tae meyi ɖo, eye megblɔ nya nyui si ƒe gbeƒã ɖem mele na dukɔwo la na wo. Ke hã meɖe kpɔ ame ŋkutawo ɖeɖe hegblɔe na wo, ne wòagadzɔ be ɖe mele du ƒum alo be meƒu du dzodzro o. 3 Gake womeƒoe ɖe Tito+ si le ŋunye gɔ̃ hã nu be wòatso aʋa o,+ togbɔ be Helatɔe wònye hã. 4 Gake nya sia fɔ ɖe te esi aʋatsonɔviwo va tra ɖe eme dzaa+ hele mɔnu dim be yewoagblẽ ablɔɖe+ si le mía si le Kristo Yesu me la me, ale be woawɔ mí kluviwoe keŋkeŋ;+ 5 míeɖe mɔ ame siawo kpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o,+ ao, míeɖe mɔ na wo vie* hã o, ale be nya nyui la ƒe nyateƒe la nanɔ mia me ɖaa.

6 Ke ame siwo wobuna ame veviwoe+—ame kawo ƒomevi woɖanye tsã o, ema mele vevie nam o, elabena Mawu mewɔa nu ɖe ame ŋu le eƒe dzedzeme nu o—​nyemesrɔ̃ nu yeye aɖeke tso ame mawo siwo wobuna ame ŋkutawoe la gbɔ o. 7 Ke boŋ esi wokpɔ be wotsɔ nya nyui la de asi nam na ame siwo nye aʋamatsomatsotɔwo,+ abe ale si ko wotsɔe de asi na Petro hã hena aʋatsotsotɔwo ene, 8 elabena ame si na ŋusẽ Petro be wòanye apostolo na ame siwo tso aʋa la kee na ŋusẽ nye hã hena dukɔwo me tɔwo,+ 9 eye esi wova de dzesi ale si wove nunyee la,+ Yakobo,+ Kefas* kple Yohanes, ame siwo wobuna sɔtiwoe la, na asi nye kple Barnaba+ tsɔ ɖee fia be yewowɔ ɖeka kpli mí, be míawo míayi dukɔwo gbɔ, ke yewo yewoayi aʋatsotsotɔwo gbɔ. 10 Negbe ɖeko wobia tso mía si be míanɔ ame dahewo ŋu bum, eye esia tututue medoa vevie wɔna.+

11 Ke esi Kefas*+ va Antiokia+ la, mehe nya ɖe eŋu ŋkume kple ŋkume, elabena edze ƒãa be etɔ medzɔ o.* 12 Elabena hafi ame aɖewo natso Yakobo+ gbɔ ava la, eɖua nu kple dukɔwo me tɔwo;+ ke esi wova ɖo ko la, edzudzɔ heɖe eɖokui ɖe vovo le vɔvɔ̃ na aʋatsotsotɔwo ta.+ 13 Yudatɔ susɔeawo hã wɔ ɖeka kplii le alakpanuwɔwɔ sia me, ale be wohe Barnaba gɔ̃ hã kpe ɖe wo ɖokui ŋu le woƒe alakpanuwɔwɔa me. 14 Ke esi mekpɔ be womele zɔzɔm le nya nyui la ƒe nyateƒe la nu o la,+ megblɔ na Kefas* le wo katã ŋkume be: “Ne wò, ame si nye Yudatɔ, nènɔa agbe abe dukɔwo me tɔwo ene, eye menye abe Yudatɔ ene o la, aleke nàte ŋu aƒoe ɖe dukɔwo me tɔwo nu be woanɔ agbe ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnyinyiwo nu?”+

15 Mí ame siwo nye Yudatɔwo tso dzɔdzɔme eye míenye nu vɔ̃ wɔla siwo tso dukɔwo dome o la, 16 míenyae be womebua ame be ele dzɔdzɔe to se la ƒe dɔwɔwɔwo me o, ke boŋ to Yesu Kristo+ dzi xɔxɔ se+ me ko. Eya ta míexɔ Kristo Yesu dzi se, ale be woabu mí ame dzɔdzɔewoe le Kristo dzi xɔxɔ se me, ke menye le se la ƒe dɔwɔwɔwo ta o, elabena womabu ame* aɖeke be ele dzɔdzɔe to se la ƒe dɔwɔwɔ me o.+ 17 Ke ne wokpɔ míawo ŋutɔwo hã be míenye nu vɔ̃ wɔlawo esi míele didim be woabu mí ame dzɔdzɔewoe to Kristo dzi la, ekema nu vɔ̃ dzi demee Kristo lea? Gbeɖe! 18 Ne nu siwo tututu memu ƒu anyi tsã la tumee megale la, ekema meɖee fia be menye vodala. 19 Elabena meto se la me ku na se la,+ be magbɔ agbe na Mawu. 20 Wohem ɖe ati ŋu kpe ɖe Kristo ŋu.+ Meganye nyee le agbe o,+ ke boŋ Kristo ye le agbe le menye. Ɛ̃, agbe si mele fifia le ŋutilã me la, to Mawu ƒe Vi+ si lɔ̃m eye wòtsɔ eɖokui na ɖe tanye la dzi xɔxɔ se mee meli ɖo.+ 21 Nyemegbe Mawu ƒe amenuveve+ la o, elabena ne se la dzie woato anɔ dzɔdzɔe la, ekema Kristo ku dzodzro.+

3 Oo, Galatiatɔ movitɔwo! Ame kae le ŋusẽ gbegblẽ sia kpɔm ɖe mia dzi,+ mi ame siwo ŋkume woɖee fia kɔtɛ le be wohe Yesu Kristo ɖe ati ŋu?+ 2 Nu si ko dim mele be manya tso mia gbɔ lae nye esi: Se la ƒe dɔwɔwɔ dzie mieto xɔ gbɔgbɔ la loo alo to nya si miese la dzi xɔxɔ se dzie?+ 3 Ðe miedzɔ movi nenema gbegbea? Esi miedze egɔme le zɔzɔm le gbɔgbɔ me la, ɖe miawu enu le ŋutilã mea?+ 4 Ðe mieto fukpekpe geɖe mawo gbegbe me dzodzroa? Mate ŋu anye dzodzro o. 5 Ekema ame si naa gbɔgbɔ la mi eye wòwɔa ŋusẽdɔwo+ le mia dome la, ɖe wòwɔnɛ le esi miewɔa se la ƒe dɔwo ta loo alo esi miexɔ nu si miese la dzi se taea? 6 Abe ale si Abraham “xɔ Yehowa* dzi se, eye wobui dzɔdzɔenyenye nɛ” ene.+

7 Mienyae nyuie be ame siwo si xɔse le lae nye Abraham ƒe viwo.+ 8 Ke esi ŋɔŋlɔ la kpɔe do ŋgɔ be Mawu abu dukɔwo me tɔwo ame dzɔdzɔewoe le xɔse ta la, egblɔ nya nyui la na Abraham do ŋgɔ be: “Dziwòe woato ayra dukɔwo katã.”+ 9 Eya ta wole ame siwo si xɔse le la yram kpe ɖe Abraham xɔsetɔ la ŋu.+

10 Ame siwo katã ɖoa ŋu ɖe se ƒe dɔwɔwɔwo ŋu la, wole fiƒode te, elabena woŋlɔ ɖi be: “Aɖi ame sia ame si mezɔna ɖe nu siwo katã woŋlɔ ɖe Segbalẽa me hewɔa wo dzi o la ŋu.”+ 11 Eye edze ƒãa be womebua ame aɖeke ame dzɔdzɔe to se la dzi le Mawu gbɔ o,+ elabena “ame dzɔdzɔe la ƒe xɔsee ana wòanɔ agbe.”+ 12 Ke menye xɔse dzie wotu Se la ɖo o. Ke boŋ “ame si wɔa nu siawo dzi la ato wo dzi anɔ agbe.”+ 13 Kristo ƒle mí+ heɖe mí+ tso Se la ƒe fiƒode la me esi wòva zu fiƒodeme ɖe mía teƒe, elabena woŋlɔ ɖi be: “Ame sia ame si wohe ɖe ati ŋu la, fiƒode le edzi.”+ 14 Esia va eme ale be Abraham ƒe yayra la nava to Kristo Yesu dzi na dukɔwo,+ be míaxɔ gbɔgbɔ si ŋugbe wodo la to míaƒe xɔse me.+

15 Nɔviwo, mele kpɔɖeŋu aɖe si ku ɖe amegbetɔwo ŋu wɔm: Ne wonya ɖo kpe nubabla aɖe dzi ko la, ne amegbetɔe wɔe hã la, ame aɖeke megatea fli ɖe eme alo tsɔa naneke kpenɛ o. 16 Ke wodo ŋugbeawo na Abraham kple eƒe dzidzimevi.+ Megblɔ be: “Kple dzidzimeviwo,” abe ame geɖewoe ene o, ke boŋ ɖeka ko: “Kple wò dzidzimevi,” si nye Kristo.+ 17 Mele gbɔgblɔm hã be: Se si wova de ƒe alafa ene kple blaetɔ̃ megbe la,+ mete fli ɖe Mawu ƒe nubabla si do ŋgɔ la me ne wòaɖe ŋugbedodo la ɖa o. 18 Elabena ne se la dzie wotu domenyinyi la ɖo la, ekema meganye ŋugbedodo dzie wotui ɖo o; ke boŋ ɖe Mawu to ŋugbedodo dzi tsɔe na Abraham dɔmenyotɔe.+

19 Ekema nu ka tae Se la li ɖo? Wotsɔe kpe ɖe eŋuti, ne wòana vodadawo nadze,+ va se ɖe esime dzidzimevi si ŋu ŋugbedodoa ku ɖo la nava ɖo;+ eye woto mawudɔlawo dzi tsɔe na+ to domenɔla aɖe si me.+ 20 Ke domenɔla menɔa anyi, ne ame ɖeka ko ŋue wòku ɖo o, evɔ Mawu ɖeka koe. 21 Ekema ɖe Se la tsi tsitre ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋua? Gbeɖe! Elabena ne ɖe wona se si ate ŋu ana agbe la, anye ne dzɔdzɔenyenye ato se dzi ava. 22 Ke Ŋɔŋlɔ la tsɔ nuwo katã de nu vɔ̃ te, ale be woatsɔ ŋugbedodo, si tsoa Yesu Kristo dzi xɔxɔ se me la, ana ame siwo xɔa edzi sena.

23 Ke hafi xɔse la nava ɖo la, se la nɔ mía ŋu dzɔm, eye wotsɔ mí de eƒe dzikpɔkpɔ te, eye míenɔ mɔ kpɔm na xɔse si woava ɖe afia la.+ 24 Ale Se la va zu míaƒe mɔfiala si kplɔa mí yia Kristo gbɔ,+ ale be woabu mí ame dzɔdzɔewoe le xɔse ta.+ 25 Ke esi xɔse la va ɖo azɔ la,+ míegale mɔfiala aɖeke te o.+

26 Le nyateƒe me la, mi katã mienye Mawu ƒe viwo+ le esi miexɔ Kristo Yesu dzi se ta.+ 27 Elabena mi ame siwo katã wonyrɔ ɖe Kristo me la, miedo Kristo.+ 28 Yudatɔ alo Helatɔ meli o,+ kluvi alo ablɔɖeme meli o,+ ŋutsu alo nyɔnu meli o,+ elabena ame ɖekae mi katã mienye hewɔ ɖeka kple Kristo Yesu.+ 29 Eye ne mienye Kristo tɔ la, ekema Abraham ƒe dzidzimeviwoe+ mienye vavã, domenyilawo+ mienye le ŋugbedodo nu.+

4 Ke mele gbɔgblɔm be, zi ale si domenyila la kpɔtɔ nye ɖevi sue ko la, vovototo aɖeke kura mele eya kple kluvi dome o, togbɔ be eyae nye nuwo katã ƒe aƒetɔ hã, 2 ke boŋ ele vidzikpɔlawo kple aƒedzikpɔlawo te, va se ɖe ŋkeke si fofoa ɖo ɖi la dzi. 3 Nenema kee míawo hã, esime míenye ɖevi suewo la, xexea ƒe gɔmedzenuwo wɔa mí kluviwoe.+ 4 Ke esi ɣeyiɣi la de keŋkeŋ la, Mawu dɔ Via ɖo ɖa, ame si nyɔnu aɖe dzi,+ eye wònɔ se te,+ 5 ne wòaƒle ame siwo le se la te ahaɖe wo,+ ale be woaxɔ mí abe viwo ene.+

6 Ke esi mienye viwo ta la, Mawu ɖo Via ƒe gbɔgbɔ+ ɖe míaƒe dziwo me,+ eye gbɔgbɔ sia doa ɣli be: “Abba,* Fofo!”+ 7 Eya ta mèganye kluvi o, ke boŋ vi nènye; eye ne vi nènye la, ekema domenyila hã nènye to Mawu dzi.+

8 Ke ɣemaɣi, esime mienya Mawu o la, mienye kluviwo na nu siwo dze ƒãa be womenye mawuwo o la. 9 Ke azɔ, esi mieva nya Mawu, alo esi Mawu boŋ va nya mi la, aleke wɔ miegale tɔtrɔm ɖe gɔmedzenu gbɔdzɔ+ maɖinuawo ŋu, eye miele didim be yewoagazu woƒe kluviwo ake?+ 10 Miele ŋku lém ɖe ŋkekewo, ɣletiwo,+ azãgbewo kple ƒewo ŋu tsitotsito. 11 Mele vɔvɔ̃m ɖe mia nu be medze agbagba dzodzro ɖe mia ta mahĩ.

12 Nɔviwo, mele kuku ɖem na mi be, minɔ abe nye ene, elabena nye hã menɔ abe miawo ene tsã.+ Mieda vo aɖeke ɖe ŋunye o. 13 Ke mienyae be nye lãmegbegblẽ aɖee ʋu mɔ ɖi nam be magblɔ nya nyui la na mi zi gbãtɔ. 14 Eye togbɔ be nye lãmegbegblẽa na miexaxa hã la, miedo vlom alo nyɔ ŋum o;* ke boŋ miexɔm abe mawudɔla ene, abe Kristo Yesu ene. 15 Afi kae dzidzɔ ma si miekpɔ tsã la le fifia? Elabena mele ɖase ɖim le mia ŋu be, ne ɖe wòanya wɔ la, anye ne mieho miaƒe ŋkuwo le to me tsɔ nam.+ 16 Ke fifia ɖe mezu miaƒe futɔ le esi meto nyateƒe na mi taa? 17 Ame aɖewo le ʋiʋlim vevie be yewoana miatrɔ ɖe yewo ŋu, menye kple susu nyui o; ke boŋ be yewoaɖe mi ɖa le ŋunye, ale be miadi be yewoadze woawo boŋ yome. 18 Ke enyo be ame aɖe natsɔ susu nyui aʋli vevie ɣesiaɣi be miatrɔ ɖe ye ŋu, eye menye ne mele mia gbɔ ɖeɖe ko o; 19 vinyewo,+ mele veve sem le mia ta abe ale si fu ɖua nyɔnu ene, va se ɖe esime Kristo ƒe nɔnɔme nasu mia si. 20 Ðe madi be manɔ mia gbɔ fifi laa, ne maƒo nu le mɔ bubu nu hafi, elabena metɔtɔ le mia ta.

21 Migblɔe nam, mi ame siwo di be yewoanɔ se te, ɖe miese nu si Se la gblɔ oa? 22 Le kpɔɖeŋu me, woŋlɔe ɖi be vi eve nɔ Abraham si, ɖeka nye kosi la ƒe vi,+ eye evelia nye ablɔɖenyɔnu la ƒe vi;+ 23 ke esi kosi la dzi la, wodzii abe ale si ko wòle le dzɔdzɔme nu ene,+ eye ekemɛ si ablɔɖenyɔnua dzi la, nye esi ƒe ŋugbe wodo.+ 24 Nu siawo nye kpɔɖeŋu si wotsɔ ɖe nu tɔxɛ aɖe fia; elabena nyɔnu siawo le tsitre ɖi na nubabla eve, ɖeka tso Sinai To la dzi,+ si dzia vi hena kluvinyenye, eye eyae nye Hagar. 25 Ke Hagar le tsitre ɖi na Sinai,+ si nye to le Arabia, eye wòsɔ kple egbegbe Yerusalem, elabena eya kple viawo le kluvinyenye me. 26 Ke wona ablɔɖe Yerusalem si le dzi ya, eye eyae nye mía dada.

27 Elabena woŋlɔ ɖi be: “Wò, konɔ si medzi vi o, dzi nedzɔ wò; gli kple dzidzɔ, wò nyɔnu si melé ku kpɔ o; elabena nyɔnu si wogblẽ ɖi la ƒe viwo sɔ gbɔ wu nyɔnu si gbɔ srɔ̃a le la ƒe viwo.”+ 28 Ke azɔ la, nɔviwo, ŋugbedodo la ƒe viwo mienye abe Isak ene.+ 29 Ke ale si ko ame si wodzi le dzɔdzɔme nu ti ame si wodzi le gbɔgbɔ la nu yome ɣemaɣi la,+ nenema kee wògale fifia hã.+ 30 Gake nya kae ŋɔŋlɔ la gblɔ? “Nya kosi la kple via ɖa, elabena kosi la ƒe vi manyi dome kple ablɔɖenyɔnu la ƒe vi akpɔ o.”+ 31 Eya ta nɔviwo, menye kosi ƒe viwoe míenye o, ke boŋ ablɔɖenyɔnu la ƒe viwoe míenye.

5 Ablɔɖe sia tae Kristo na ablɔɖe mí ɖo. Eya ta minɔ te sesĩe,+ eye migana woatsɔ kluvinyenye ƒe kɔkuti ade kɔ na mi ake o.+

2 Kpɔ ɖa, nye, Paulo mele egblɔm na mi be, ne miena wotso aʋa na mi la, ekema Kristo meganye viɖe aɖeke na mi o.+ 3 Megale ɖase ɖim na ame sia ame si ana woatso aʋa nɛ la be, agba le edzi be wòawɔ Se blibo la katã hã dzi.+ 4 Mi ame siwo katã le agbagba dzem be woabu mi ame dzɔdzɔewo to sea dzi la,+ woklã mi ɖa le Kristo gbɔ; miedo le eƒe amenuveve la te. 5 Ke míawo la, míeto gbɔgbɔ la dzi le dzɔdzɔenyenye, si tsoa xɔse me, si míele mɔ kpɔm na la lalam vevie. 6 Elabena ame siwo le Kristo Yesu me la, asixɔxɔ aɖeke mele aʋatsotso alo aʋamatsomatso ŋu na wo o,+ hafi boŋ xɔse si wɔa dɔ le lɔlɔ̃ me ŋue.

7 Mienɔ dua ƒum nyuie.+ Ame kae xe mɔ na mi be miagayi edzi aɖo to nyateƒe la o? 8 Menye Ame si le mia yɔm la gbɔe nyaƒoɖeamenu sia ƒomevi tso o. 9 Amɔwɔʋãnu vi aɖe nana amɔwɔ blibo la katã ʋãna.+ 10 Meka ɖe edzi be, mi ame siwo le Aƒetɔ la me la,+ miegbɔna miaƒe susu trɔ ge o; ke ame si le fu ɖem na mi la,+ ame ka kee wòɖanye o, akpɔ eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si wòdze na. 11 Nye la, nɔviwo, ne ɖe megale gbeƒã ɖem aʋatsotso la, ke nu ka tae wogale yonyeme tim kokoko? Ekema woɖe fuwɔametia*+ ŋuti nuɖiaɖia la ɖae. 12 Ðe madi be ame siwo le agbagba dzem be yewoatrɔ miaƒe susu la nana woata woawo ŋutɔwo* hafi.

13 Nɔviwo, ablɔɖe tae woyɔ mi ɖo; ɖeko migaɖe mɔ ablɔɖe sia nazu mɔnukpɔkpɔ na mi miakplɔ ŋutilã ƒe nudzodzrowo ɖo o,+ ke boŋ misubɔ mia nɔewo abe kluviwo ene le lɔlɔ̃ me.+ 14 Elabena woƒo Se blibo la katã nu ƒu* ɖe sedede ɖeka sia me be: “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.”+ 15 Ke ne miele mia nɔewo ɖum, eye miele mia nɔewo mim la,+ mikpɔ nyuie be miagatsrɔ̃ mia nɔewo o.+

16 Ke mele egblɔm be: Miyi edzi miazɔ le gbɔgbɔ me,+ ekema miele ŋutilã ƒe nudzodzro aɖeke dzi wɔ ge o.+ 17 Elabena ŋutilã la ƒe nudzodzro tsia tsitre ɖe gbɔgbɔ la ŋu, eye gbɔgbɔ la ɖe ŋutilã la ŋu; nu siawo tsia tsitre ɖe wo nɔewo ŋu, ale be miagawɔ nu siwo tututu miadi be yewoawɔ hafi la o.+ 18 Azɔ hã, ne gbɔgbɔ lae le mia kplɔm la, ekema miele se la te o.

19 Ŋutilã la ƒe dɔwɔwɔwo dze ƒãa keŋ, eye woawoe nye gbɔdɔdɔ manɔsenu,*+ makɔmakɔnyenye, ŋukpenanuwɔwɔ dzimesesẽtɔe,*+ 20 trɔ̃subɔsubɔ, gbɔgbɔyɔyɔ,*+ kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, nyahehewo, mamawo, kɔmamawo, 21 ŋubiabiã, ahamumu,+ aglotutu siwo gbɔ eme kple nu siawo tɔgbi.+ Mele nu xlɔ̃m mi ku ɖe nu siawo ŋu do ŋgɔ, abe ale si mexlɔ̃ nu mi xoxo ene be, ame siwo wɔa nu siawo la, womanyi Mawu Fiaɖuƒe la dome o.+

22 Ke gbɔgbɔ la ƒe kutsetse ye nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmenyonyo, nyuiwɔwɔ,+ xɔse, 23 tufafa, ɖokuidziɖuɖu.+ Se aɖeke metsi tsitre ɖe nu siawo ŋu o. 24 Azɔ hã, ame siwo nye Kristo Yesu tɔ la he ŋutilã kpakple eƒe dzodzrowo kple didiwo ɖe ati ŋu.+

25 Ne gbɔgbɔ nue míele agbe nɔm ɖo la, ekema mina míayi edzi azɔ ɖe ɖoɖo nu le gbɔgbɔ me hã.+ 26 Migana míanɔ bubu dzodzro dim,+ anɔ ho ʋlim kple mía nɔewo,+ ahanɔ ŋu biãm mía nɔewo o.

6 Nɔviwo, ne ame aɖe ɖe afɔ baɖa aɖe hafi va nya gɔ̃ hã la, mi ame siwo dze le gbɔgbɔ me la, midze agbagba miaɖɔ amea ɖo le gbɔgbɔ fatu me.+ Ke nɔ ɖokuiwò dzi kpɔm nyuie+ be woagate wò ŋutɔ hã kpɔ o.+ 2 Miyi edzi miakpe ɖe mia nɔewo ŋu le miaƒe agba kpekpewo tsɔtsɔ me,+ ale miawɔ Kristo la ƒe se la dzi bliboe.+ 3 Elabena ne ame aɖe susuna be yenye nane, evɔ menye naneke o la,+ eɖokui ko blem wòle. 4 Ke ame sia ame nadzro eya ŋutɔ ƒe nuwɔnawo me kpɔ,+ ekema akpɔ susu si ta wòatso aseye le eya ŋutɔ ɖokui ɖeɖe ŋu, ke menye le eɖokui tsɔtsɔ sɔ kple ame bubu me o.+ 5 Elabena ame sia ame atsɔ eya ŋutɔ ƒe agba.*+

6 Ame sia ame si wofia nya lae la, nekpɔ gome kple ame si fiae la le nu nyuiwo katã me.+

7 Migana woable mi o: Mawu menye ame si woate ŋu aflu o. Elabena nu si ame ƒãna la, esia kee wòaŋe;+ 8 elabena ame si le nu ƒãm na eƒe ŋutilã la, aŋe gbegblẽ tso eƒe ŋutilã me, ke ame si le nu ƒãm na gbɔgbɔ la, aŋe agbe mavɔ tso gbɔgbɔ la me.+ 9 Eya ta migana míadzudzɔ nu si nyo la wɔwɔ o, elabena ne ɖeɖi mete mía ŋu o la,* míaŋe nu le ɣeyiɣi si sɔ la dzi.+ 10 Eya ta zi ale si mɔnukpɔkpɔa* kpɔtɔ li la, mina míawɔ nyui na amewo katã, ke vevietɔ na ame siwo do ƒome kpli mí le xɔse la me.

11 Mikpɔ ale si nye ŋutɔ metsɔ nye asi ŋlɔ nya siawo wòloloe na mi la ɖa!

12 Ame siwo katã dina be yewoadze amewo ŋu le ŋutilã me la, woawoe le agbagba dzem be yewoazi mia dzi miatso aʋa, ke wowɔa esia ne woagati wo yome le Kristo ƒe fuwɔameti la ta o. 13 Elabena ame siwo wole aʋa tsom na la ŋutɔ gɔ̃ hã mele Se la dzi wɔm o,+ ke wole didim be miatso aʋa be yewoate ŋu aƒo adegbe le miaƒe ŋutilãwo ŋuti. 14 Ke nye ya nyemedi be maƒo adegbe o, negbe le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe fuwɔameti*+ la ŋuti ko, ame si dzi woto he xexea ɖe ati ŋu nam, eye wohe nye hã ɖe ati ŋu na xexea. 15 Elabena aʋatsotso menye naneke o, eye aʋamatsomatso hã menye naneke o,+ ke boŋ nuwɔwɔ yeye lae le vevie.+ 16 Ke ame siwo katã azɔ le agbenɔnɔ ƒe ɖoɖo sia nu la, ŋutifafa kple nublanuikpɔkpɔ nanɔ wo dzi, ɛ̃, nanɔ Mawu ƒe Israel la dzi.+

17 Tso esia dzi la, ame aɖeke megaɖe fu nam azɔ o, elabena dzesidewo le nye ŋutilã ŋu abe Yesu ƒe kluvi ene.+

18 Nɔviwo, mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple gbɔgbɔ si mieɖena fiana la. Amen.

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Alo, “wògbɔ eme.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋutilã kple ʋu.”

Wogayɔnɛ be Petro.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “gaƒoƒo ɖeka.”

Wogayɔnɛ be Petro.

Wogayɔnɛ be Petro.

Alo, “edze na fɔbubu.”

Wogayɔnɛ be Petro.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋutilã.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Hebrigbe alo Aramgbe me nya si gɔmee nye “Oo Fofo!”

Alo, “nyɔ ŋum henɔ ta ɖem o.”

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Alo, “nazu ame tatawo,” si ana be womagadze awɔ ɖe se si tututu dom wole ɖe ŋgɔ la dzi o.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “Se blibo la katã va eme.”

Helagbe, pornia. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Helagbe, aselgia. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Alo, “dzosasa.”

Alo, “agbanɔamedzi.”

Alo, “ne míena ta o la.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ɣeyiɣi ɖoɖia.”

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe