INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • nwt Kolosetɔwo 1:1-4:18
  • Kolosetɔwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kolosetɔwo
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Kolosetɔwo

NA KOLOSETƆWO

1 Paulo, Kristo Yesu ƒe apostolo to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me, kple mía nɔvi Timoteo,+ 2 le esia ŋlɔm na ame kɔkɔewo kple nɔvi nuteƒewɔla siwo wɔ ɖeka kple Kristo le Kolose:

Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu mía Fofo gbɔ la, woana mi.

3 Míedaa akpe na Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo la, ɣesiaɣi ne míele gbe dom ɖa ɖe mia ta, 4 tso esime míese be miexɔ Kristo Yesu dzi se eye mielɔ̃a ame kɔkɔeawo katã 5 le mɔkpɔkpɔ si wodzra ɖo ɖi na mi le dziƒowo la ta.+ Mɔkpɔkpɔ sia ŋu nyae miese tsã esime woɖe gbeƒã nya nyui la ŋuti nyateƒea na mi 6 ale be wòva ɖo mia gbɔ. Ale si nya nyui la le ku tsem hele ta kekem le xexea me katã la,+ nenema ko wòle ta kekem le miawo hã mia dome, tso gbe si gbe miese Mawu ƒe amenuveve la ŋuti nya hekpɔe dze sii nyuie le nyateƒe me. 7 Nu siae miesrɔ̃ tso mía hati kluvi lɔlɔ̃tɔ Epafra,+ si nye Kristo la ƒe subɔla wɔnuteƒe le mía teƒe la gbɔ. 8 Ame si gblɔ lɔlɔ̃ si gbɔgbɔ la na mieɖena fiana la hã ŋu nya na mí.

9 Esia hã tae tso gbe si gbe míesee la, míedzudzɔ gbedodoɖa ɖe mia ta kpɔ o,+ eye míele kukuɖeɖe dzi be, eƒe lɔlɔ̃nu ŋuti sidzedze vavãtɔ+ la nayɔ mi fũu le nunya kple gbɔgbɔ me nugɔmesese+ katã me, 10 be miazɔ ale si dze Yehowa,* ale be miadze eŋu bliboe, esi mieyi edzi le ku tsem le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me, eye miele tsitsim le Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ la me;+ 11 nye didie nye be wòatsɔ eƒe ŋusẽ triakɔ la ado ŋusẽ mi le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋutete la nu,+ ale be miado dzi bliboe le dzigbɔgbɔ blewu kple dzidzɔ me, 12 esi miedaa akpe na Fofo la, ame si na miedze na gomekpɔkpɔ le ame kɔkɔewo ƒe domenyinu+ la me le kekeli la me.

13 Eɖe mí tso viviti ƒe ŋusẽ la me,+ eye wòkplɔ mí yi Via lɔlɔ̃a ƒe fiaɖuƒe la me, 14 ame si dzi woto ɖe mí to tafe la dzi, si fia be wotsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí.+ 15 Eyae nye Mawu makpɔmakpɔ la ƒe nɔnɔme,+ nuwɔwɔwo katã ƒe gbãtɔ;+ 16 elabena eya dzie woto wɔ nu bubu siwo katã le dziƒowo kple anyigba dzi, nu siwo wokpɔna kple nu siwo womekpɔna o,+ woɖanye fiazikpuiwo, alo aƒetɔnyenyewo, alo dziɖuɖuwo, alo ŋusẽwo o. Wowɔ nu bubuwo katã to edzi+ na eya amea. 17 Etre dzɔdzɔ na nu bubuwo katã hã,+ eye eya dzie woto na nu bubuwo katã va dzɔ, 18 eye eyae nye ŋutilã, si nye hame la, ƒe ta.+ Eyae nye gɔmedzedze la, ŋgɔgbevi tso ame kukuwo dome,+ ne wòazu gbãtɔ le nuwo katã me; 19 elabena edze Mawu ŋu be yeana blibonyenye la katã nanɔ eya amea me,+ 20 eye be yeato eya ke dzi adzra ye kple nu bubuwo katã dome ɖo ake,+ esi wòto ʋu+ si Kristo kɔ ɖi le fuwɔameti* la ŋu dzi wɔ ŋutifafa, woɖanye nu siwo le anyigba dzi alo nu siwo le dziƒo o.

21 Le nyateƒe me la, mi ame siwo nɔ adzɔge tsã, eye mienye futɔwo, le esi miaƒe susuwo nɔ dɔwɔwɔ vɔ̃ɖiwo ŋu ta la, 22 Mawu to ame ma ƒe ŋutilã si wokpɔna dzi gadzra mia kplii dome ɖo to eƒe ku me, ne mianye ame kɔkɔewo, mokakamanɔŋutɔwo kple ame siwo ŋu nutsotso aɖeke mele o le eŋkume,+ 23 nenye be mieyi edzi lé xɔse la me ɖe asi,+ woɖo mi ɖe eƒe gɔmeɖoanyi la dzi,+ mieli ke sesĩe,+ eye miena wote mi ɖa tso nya nyui si miese, si woɖe gbeƒãe le nuwɔwɔ siwo katã le dziƒoa te dome la ƒe mɔkpɔkpɔ gbɔ o ko.+ Nya nyui sia ƒe subɔlae nye, Paulo mezu.+

24 Azɔ la, mele dzidzɔ kpɔm le fu siwo kpem mele le mia ta la me,+ eye mele xaxa siwo susɔ le Kristo ta la me tom le nye ŋutilã me ɖe eƒe ŋutilã,+ si nye hamea la ta.+ 25 Mezu hame sia ƒe subɔla le aƒedzikpɔkpɔdɔ+ si tso Mawu gbɔ, si wonam le mia ta, be maɖe gbeƒã Mawu ƒe nya la bliboe nu, 26 nya ɣaɣla kɔkɔe+ si woɣla tso nuɖoanyi*+ siwo va yi kple dzidzime siwo va yi la me ke. Ke azɔ woɖee fia eƒe ame kɔkɔewo,+ 27 ame siwo wòdze Mawu ŋu be yeana woanya nya ɣaɣla kɔkɔe+ sia ƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnuwo, si nye Kristo si wɔ ɖeka kpli mi, kple eƒe ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ la, le dukɔwo dome.+ 28 Eyae nye ame si míele gbeƒã ɖemee, eye míele nu xlɔ̃m ame sia ame hele nu fiam ame sia ame le nunya katã me, ne míatsɔ ame sia ame aɖo eŋkume bliboe le Kristo me.+ 29 Esia tae mele kutri kum ɖo, eye mele ʋiʋlim le eƒe ŋusẽ si le dɔ dzi sesĩe le menye la nu.+

2 Elabena medi be mianya ale si gbegbe mele ʋiʋlim ɖe miawo kple ame siwo le Laodikea+ kpakple ame siwo katã mekpɔ ŋkunyeme kpɔ o la ta. 2 Mele esia wɔm be woƒe dzi nadze eme,+ ne woawɔ ɖeka le lɔlɔ̃ me,+ be woƒe asi nasu kesinɔnu geɖe si nye be woakpɔ kakaɖedzi blibo le woƒe nugɔmesese me la dzi, ale be Mawu ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe la, si nye Kristo ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu wo si.+ 3 Eya mee woɣla nunya kple sidzedze ƒe kesinɔnuwo katã ɖo nyuie.+ 4 Mele esia gblɔm ale be ame aɖeke nagatsɔ aɖe ŋanɛ aflu mi o. 5 Togbɔ be nyemele mia gbɔ le ŋutilã me o hã la, meli kpli mi le gbɔgbɔ me, eye dzi le dzɔyem be miewɔa nu ɖe ɖoɖo nyui nu,+ eye miaƒe xɔse li ke le Kristo me.+

6 Eya ta ale si ko miexɔ Aƒetɔ Kristo Yesu la, miyi edzi miazɔ kplii le ɖekawɔwɔ me, 7 eye mianye ame siwo ƒo ke ɖe to, siwo wotu ɖe eya amea dzi,+ eye woli ke wo ɖe xɔse la me,+ abe ale si wofia mi ene, eye miaƒe akpedada nagba go.+

8 Mikpɔ nyuie be ame aɖeke nagato xexemenunya kple beble dzodzro+ si wotu ɖe amewo ƒe kɔnyinyiwo dzi la dzi aɖe aboyo mi le xexea ƒe gɔmedzenuwo nu, ke menye le Kristo nu o; 9 elabena eya mee Mawu ƒe nɔnɔme blibo la dze le, le ŋutilã me.+ 10 Ale blibonyenye su mia si to eya si nye dziɖuɖu kple ŋusẽ katã ƒe ta la dzi.+ 11 Le miaƒe hadede kplii me la, wotso aʋa na miawo hã, menye kple asi o, ke boŋ to nu vɔ̃ ŋutilã la ɖeɖe ɖa me,+ aʋatsotso si nye Kristo tɔ lae wotso na mi.+ 12 Elabena woɖi mi kpakplii esi wonyrɔ mi abe eya ke ene,+ eye to miaƒe hadede kplii me la, wofɔ mi ɖe tsitre+ kpakplii to Mawu, ame si fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, ƒe ŋusẽdɔ si dzi miexɔ se la dzi.+

13 Gawu la, togbɔ be mienye ame kukuwo tsã le miaƒe vodadawo kple aʋamatsomatso ƒe nɔnɔme, si me mienɔ le ŋutilã me la me hã la, Mawu gbɔ agbe mi kpakplii.+ Elɔ̃ faa tsɔ míaƒe vodadawo katã ke mí,+ 14 eye wòtutu sedede siwo wotsɔ asi ŋlɔ,+ sedede+ siwo tsia tsitre ɖe mía ŋu la ɖa.+ Eɖee ɖa le mɔa dzi esi wòklãe ɖe fuwɔameti* la ŋuti.+ 15 Eklo nu le dziɖuɖuwo kple ŋusẽwo ŋu, eye wòɖe wo fia le dutoƒo be woɖu wo dzi,+ eye wòkplɔ wo le aʋadziɖuɖu ƒe gbɔlɔlɔ gã aɖe me to fuwɔameti la dzi.

16 Eya ta migana ame aɖeke nadrɔ̃ ʋɔnu mi le nuɖuɖu kple nunono+ alo azãɖuɖu alo ɣletidzedzi+ alo sabat+ ŋuti o. 17 Nu mawo nye nu siwo ava va la ƒe vɔvɔli,+ ke nua ŋutɔŋutɔ le Kristo la me.+ 18 Migana ame aɖeke si alakpaɖokuibɔbɔ kple mawudɔlawo subɔsubɔ dzɔa dzi na la nawɔe be fetu+ la nato mia ŋu o. Ame sia ƒomevi “tea tɔ ɖe”* nu siwo wòkpɔ la dzi eye eƒe ŋutilãmetamesusu nana wòdoa eɖokui ɖe dzi glodzoo madzemadzee, 19 eye mekuna ɖe ta la ŋu sesĩe o,+ evɔ ta sia gbɔe ŋutilã blibo la kpɔa eƒe nunyiame tsonɛ, eye wòto ƒunukpeƒewo kple lãmekawo dzi lée ƒo ƒu ɖekae henana wòtsina, abe ale si Mawu di be wòatsii ene.+

20 Ne miegbe nu le xexea ƒe gɔmedzenuwo gbɔ heku kple Kristo la,+ ekema nu ka tae miele agbe nɔm abe ɖe mieganye xexea ƒe akpa aɖe ene hele mia ɖokui bɔbɔm ɖe se siawo te be:+ 21 “Mègatsɔe o, eye mègaɖɔe kpɔ alo aka asi eŋu o,” 22 si nye nu siwo katã dome gblẽna to wo zazã me, eye wonye amegbetɔwo ƒe sededewo kple nufiafiawo?+ 23 Togbɔ be nu mawo nye subɔsubɔ si ƒomevi ame ɖo na eɖokui kple alakpaɖokuibɔbɔ kpakple fuwɔwɔ ŋutilã+ la eye wodzena le gota abe nu siwo me nunya le ene hã la, womekpena ɖe ame ŋu wòɖua ŋutilã ƒe nudzodzrowo dzi o.

3 Ke ne wofɔ mi ɖe tsitre kple Kristo la,+ ekema miyi edzi mianɔ nu siwo le dziƒo, afi si Kristo la nɔ anyi ɖe Mawu ƒe ɖusime le, la dim.+ 2 Mina miaƒe susu nanɔ nu siwo le dziƒo la ŋu,+ ke menye nu siwo le anyigba dzi la ŋu o.+ 3 Elabena mieku, eye wotsɔ miaƒe agbe ɣla ɖe Kristo me le Mawu me. 4 Ne woɖe Kristo, si nye míaƒe agbe la,+ ɖe go la, ekema woaɖe miawo hã ɖe go kplii le ŋutikɔkɔe me.+

5 Eya ta miwu miaƒe ŋutinu+ siwo le anyigba dzi, le gbɔdɔdɔ manɔsenu,* makɔmakɔnyenye, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃,+ nudzodzro vɔ̃, kple ŋukeklẽ, si nye trɔ̃subɔsubɔ la gome. 6 Nu mawo tae Mawu ƒe dziku gbɔna ɖo. 7 Nu mawo tututu miawo hã miewɔna le miaƒe tsãgbenɔnɔ me.+ 8 Ke azɔ miɖe asi le nu siawo katã ŋu keŋkeŋ: dziku, dɔmedzoe, vɔ̃ɖinyenye,+ eye nya veamewo+ kple yakanyawo+ negado le mia nu o. 9 Migaka aʋatso na mia nɔewo o.+ Miɖe amenyenye xoxo+ la kple eƒe nuwɔnawo ɖa, 10 eye mido amenyenye yeye+ la, si wɔm wole yeyee to sidzedze vavãtɔ me le Ame si wɔe la ƒe nɔnɔme nu,+ 11 afi sia Helatɔ alo Yudatɔ, aʋatsotso alo aʋamatsomatso, amedzro, Skitetɔ,* kluvi alo ablɔɖeme meli o; ke boŋ Kristo ye nye nuwo katã, eye wòle wo katã me.+

12 Eya ta esi mienye Mawu ƒe ame tiatiawo,+ ame kɔkɔewo kple lɔlɔ̃tɔwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ,+ dɔmenyonyo, ɖokuibɔbɔ,+ tufafa+ kple dzigbɔgbɔ blewu.+ 13 Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa+ ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu.+ Ale si ko Yehowa* tsɔ ke mi faa la, miawo hã miwɔ nenema ke.+ 14 Hekpe ɖe nu siawo katã ŋu la, mido lɔlɔ̃,+ elabena enye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.+

15 Mina Kristo la ƒe ŋutifafa naɖu dzi le miaƒe dziwo me,*+ elabena ŋutifafa ma gbɔe woyɔ mi vɛ le ŋutilã ɖeka me. Eye minye akpedalawo. 16 Mina Kristo la ƒe nya la naxɔ aƒe ɖe mia me le nunya katã me. Miyi edzi mianɔ nu fiam mia nɔewo, eye mianɔ dzi dem ƒo na* mia nɔewo kple psalmowo,+ Mawu kafukafu nyawo, kple gbɔgbɔmehawo dzidzi ŋudzedzekpɔkpɔtɔe,* eye midzi ha le miaƒe dziwo me na Yehowa.*+ 17 Nu sia nu si miewɔna le nya alo nuwɔna me la, miwɔ wo katã le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me, eye mianɔ akpe dam na Mawu Fofo la to edzi.+

18 Mi srɔ̃nyɔnuwo, mibɔbɔ mia ɖokui na mia srɔ̃wo,+ abe ale si wòdze le Aƒetɔ la me ene. 19 Mi srɔ̃ŋutsuwo, miyi edzi mianɔ mia srɔ̃wo lɔ̃m,+ eye miganɔ dɔmedzoe dom ɖe wo ŋu helĩhelĩ* o.+ 20 Mi ɖeviwo, miɖo to mia dzilawo le nu sia nu me,+ elabena esia dzea Aƒetɔ la ŋu nyuie. 21 Mi fofowo, miganɔ dziku dom na mia viwo o,+ ale be dzi nagaɖe le wo ƒo o. 22 Mi kluviwo, miɖo to amegbetɔ siwo nye miaƒe aƒetɔwo le nu sia nu me,+ menye ne woƒe ŋku le mia ŋu ko le ameŋudzedze ta o, ke boŋ le dzimekɔkɔ me, le Yehowa* vɔvɔ̃ me. 23 Nu sia nu si wɔm miele la, miwɔe tso luʋɔ blibo me* abe Yehowa* ye miele ewɔm na ene,+ ke menye na amewo o, 24 elabena mienyae be Yehowa* gbɔe miaxɔ domenyinyi ƒe fetu la tsoe.+ Misubɔ Aƒetɔ Kristo abe kluviwo ene. 25 Ame si wɔa nu gbegblẽ la, axɔ nu gbegblẽ si wòwɔ la ŋuti fetu godoo.+ Ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke mele eme o.+

4 Mi aƒetɔwo, miwɔ nu si le dzɔdzɔe kple nu si sɔ la ɖe miaƒe kluviwo ŋu, eye minyae be Aƒetɔ le miawo hã mia si le dziƒo.+

2 Minɔ gbedodoɖa dzi ɖaa,+ ne miele gbedodoɖa dzi la, minɔ ŋudzɔ eye miada akpe.+ 3 Le ɣeyiɣi ma ke me la, mido gbe ɖa ɖe míawo hã mía ta,+ ale be Mawu naʋu nya la ƒe ʋɔtru na mí, be míate ŋu agblɔ Kristo la ŋuti nya ɣaɣla kɔkɔe, si tututu ta mele gaxɔ me ɖo la,+ 4 ne mate ŋu agblɔe eme nakɔ abe ale si wòdze be mawɔe la ene.

5 Miyi edzi miazɔ le nunya me le nuwɔwɔ kple ame siwo le egodo la me, eye miwɔ miaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu.*+ 6 Mina miaƒe nya nadze to ɣesiaɣi, eye dze nanɔ eme,+ ne mianya ale si wòdze be miaɖo nya ŋu na ame sia ame.+

7 Nɔvinye lɔlɔ̃tɔ Tikiko,+ si nye subɔla wɔnuteƒe kple hati kluvi le Aƒetɔ la me la, agblɔ nu siwo katã dzɔ ɖe dzinye la na mi. 8 Mele edɔm ɖe mia gbɔ be mianya ale si míele, eye wòafa akɔ na miaƒe dziwo. 9 Mele eya kple Onesimo,+ nɔvinye nuteƒewɔla lɔlɔ̃a, si tso mia gbɔ la dɔm; woagblɔ ale si nuwo le le mía gbɔ afi sia la katã na mi.

10 Aristarko,+ si le gaxɔ me kplim, do gbe na mi, Barnaba ƒe ƒometɔ Marko+ hã (ame si ƒe nya míegblɔ na mi be ne eva mia gbɔ la, miaxɔe nyuie),+ 11 kple Yesu si woyɔna be Yusto, ame siwo nye aʋatsotsotɔwo, hã do gbe na mi. Ame siawo koe nye nye hadɔwɔlawo na Mawu Fiaɖuƒe la, eye ame siawo va zu akɔfafa* gã aɖe nam. 12 Epafra,+ ame si tso mia gbɔ eye wònye Kristo Yesu ƒe kluvi la, do gbe na mi. Edoa gbe ɖa vevie ɖe mia ta ɣesiaɣi, be mlɔeba la, miasu te bliboe, eye kakaɖedzi sẽŋu nanɔ mia si le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu blibo la me. 13 Elabena mele ɖase ɖim le eŋu be, edzea agbagba geɖe ɖe miawo kple ame siwo le Laodikea kpakple ame siwo le Hierapoli la ta.

14 Luka,+ atikewɔla lɔlɔ̃tɔ la, do gbe na mi, eye Dema+ hã do gbe na mi. 15 Mido gbe na nɔvi siwo le Laodikea nam, eye mido gbe na Nimfa kpakple hame si le eƒe aƒe me la nam.+ 16 Eye ne miexlẽ agbalẽ sia vɔ la, miwɔ ɖoɖo woaxlẽe+ le hame si le Laodikea hã me, eye miawo hã miaxlẽ esi tso Laodikea la. 17 Migblɔ na Arkipo+ be: “Lé fɔ ɖe subɔsubɔdɔ si nèxɔ le Aƒetɔ la me ŋu nàwɔe ade goe.”

18 Nye, Paulo ƒe gbedoname si metsɔ nye ŋutɔ nye asi ŋlɔ lae nye esi.+ Miɖo ŋku edzi be mekpɔtɔ le ga me.+ Mawu ƒe amenuveve nanɔ kpli mi.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnuwo mee woyɔ nya sia tso.

Helagbe, pornia. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

“Skitetɔ” fia ame siwo ƒe ŋku meʋu kura o.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “nakpɔ ŋusẽ ɖe miaƒe dziwo dzi.”

Alo, “mianɔ nu xlɔ̃m.”

Alo, “gbɔgbɔmeha wɔdɔɖeamedziwo dzidzi.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “miganɔ nyanyram ɖe wo o.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “dzi blibo me.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “mitsɔ nuwo sa vɔ hena ɣeyiɣi ɖoɖi la.”

Alo, “ŋusẽdodo.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe