AGBALẼ EVELIA NA TESALONIKATƆWO
1 Paulo, Silvano* kple Timoteo+ le esia ŋlɔm na hame si le Tesalonika, si wɔ ɖeka kple Mawu mía Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo:
2 Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la, woana mi.
3 Nɔviwo, ele na mí be míada akpe na Mawu ɣesiaɣi ɖe mia ta. Esia sɔ, elabena miaƒe xɔse le tsitsim ɖe edzi ŋutɔ, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe ƒe lɔlɔ̃ na nɔvia le dzidzim ɖe edzi.+ 4 Ale míeƒoa adegbe le mia ta+ le Mawu ƒe hameawo me, le ale si miedo dzi helé xɔse me ɖe asi le yometiti kple nɔnɔme sesẽ* siwo katã me tom miele la ta.+ 5 Esia nye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ŋuti kpeɖodzi, si ana woabu mi be miedze na Mawu Fiaɖuƒe si ta miele fu kpem hã ɖo la.+
6 Nu si tae wòle aleae nye be, Mawu tɔ dzɔ be wòatsɔ xaxa aɖo eteƒe na ame siwo hea xaxa vaa mia dzi.+ 7 Ke mi ame siwo le xaxa me tom la, Mawu ana gbɔdzɔe miawo kple míawo le Aƒetɔ Yesu+ kple eƒe dɔla+ sẽŋuwo ƒe ɖeɖefia tso dziƒo 8 le dzoƒaɖewo me la me, esime wòabia hlɔ̃ ame siwo menya Mawu o kple ame siwo meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu ŋuti nya nyui la o.+ 9 Ame siawo akpɔ tsɔtsrɔ̃ mavɔ+ ƒe tohehe le Aƒetɔ la ŋkume kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ, 10 esime wòava be woadoe ɖe dzi kpakple eƒe ame kɔkɔewo, eye be woakpɔe le ŋkeke ma dzi wòawɔ moyaa na ame, le ame siwo katã xɔ edzi se la dome, elabena miexɔ ɖase si míeɖi la dzi se.
11 Esia tututu tae míedoa gbe ɖa ɖe mia ta ɣesiaɣi ɖo, be mía Mawu la nabu mi be miedze na eƒe yɔyɔ+ la, eye wòatsɔ eƒe ŋusẽ awɔ nu nyui sia nu nyui kple xɔse ƒe dɔ siwo dze eŋu la bliboe. 12 Ale be woado mía Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ ɖe dzi le mia me, eye woado miawo hã ɖe dzi le eya amea me, le mía Mawu la, kple Aƒetɔ Yesu Kristo, ƒe amenuveve la nu.
2 Ke nɔviwo, le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe anyinɔɣi+ kple esime woaƒo mía nu ƒu ɖe egbɔ ŋuti la,+ míele biabiam tso mia si 2 be miagana woatɔtɔ miaƒe susu kaba alo ana nya aɖe si adze abe gbɔgbɔ mee* wòtso ene,+ alo nya aɖe si wogblɔ kple nu, alo agbalẽ aɖe si adze abe mía gbɔe wòtso ene la, naɖe fu na mi, be Yehowa* ƒe ŋkeke+ la ɖo vɔ o.
3 Migana ame aɖeke nakplɔ mi atrae* le mɔ aɖeke nu o, elabena ŋkeke ma mava o, negbe ɖe xɔsegbegbe+ la va gbã, eye woɖe sedzimawɔla,+ si nye tsɔtsrɔ̃vi la fia hafi.+ 4 Tsitretsiɖeŋulae wònye, eye wòdoa eɖokui ɖe dzi ɖe nu sia nu si woyɔna be mawu alo nu si wosubɔna la ŋu, eye ale wònɔ anyi ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ me, hele eɖokui ɖem fia gaglã be mawu yenye. 5 Ðe mieɖo ŋkui be, esime menɔ mia gbɔ la, melɔ̃a nya siawo gbɔgblɔ na mi oa?
6 Ke azɔ mienya nu si le mɔ xem nɛ la, ale be woaɖee ɖe go le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi la dzi. 7 Nyateƒee, sedzimawɔmawɔ sia si nye nya ɣaɣla la le dɔ dzi xoxo,+ ke anɔ ɣaɣla va se ɖe esime ame si le mɔ xem ɖe enu fifia la dzo le mɔa dzi hafi. 8 Ekema woaɖe sedzimawɔla la ɖe go, ame si Aƒetɔ Yesu atsɔ eƒe numegbɔgbɔ aɖe ɖa,+ eye wòato eƒe anyinɔɣi si adze ƒãa+ la dzi abu mo nɛ. 9 Ke sedzimawɔla la ƒe anyinɔnɔ la nye Satana+ ƒe dɔwɔwɔ si me wowɔa ŋusẽdɔwo kple amebeble ƒe dzesiwo kple nukunuwo+ 10 kpakple nu madzɔmadzɔ ɖe sia ɖe le tsɔ blea+ ame siwo le tsɔtsrɔ̃m la abe woƒe fetu ene, elabena womexɔ nyateƒe la ƒe lɔlɔ̃ la, ne woakpɔ ɖeɖe o. 11 Esia tae Mawu ɖe mɔ amebeble kplɔ wo trae, ale be woaxɔ aʋatsokaka dzi ase,+ 12 ne woadrɔ̃ ʋɔnu wo katã le esi womexɔ nyateƒe la dzi se o, ke boŋ wokpɔ dzidzɔ ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ŋu ta.
13 Gake ele na mí be míada akpe na Mawu ɣesiaɣi ɖe mi, nɔvi siwo Yehowa* lɔ̃ la ta, elabena Mawu tia mi+ tso gɔmedzedzea me na ɖeɖekpɔkpɔ, to eƒe gbɔgbɔ si wòtsɔ kɔ mia ŋu+ kple miaƒe nyateƒe la dzi xɔxɔ se me. 14 Eyɔ mi va esia gbɔ to nya nyui si míegblɔna la dzi, ale be mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe la nasu mia si.+ 15 Eya ta nɔviwo, minɔ tsitre sesĩe,+ eye milé nu siwo míefia mi,+ eɖanye to numenya alo agbalẽ aɖe si míeŋlɔ ɖo ɖe mí dzi o, la me ɖe asi. 16 Eye mía Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ kple Mawu, mía Fofo, ame si lɔ̃ mí,+ eye wòto eƒe amenuveve me na akɔfafa mavɔ kple mɔkpɔkpɔ+ nyui mí la, 17 nafa akɔ na miaƒe dziwo, eye wòado ŋusẽ mi le dɔ nyui kple nya nyui ɖe sia ɖe me.
3 Mlɔeba la, nɔviwo, minɔ gbedodoɖa dzi ɖe mía ta,+ be Yehowa* ƒe nya la nayi edzi akaka kabakaba,+ eye woakɔ eŋu abe ale si wòle le mia gome ene, 2 eye be woaɖe mí tso nu vevi wɔamelawo kple ame vɔ̃ɖiwo si me,+ elabena menye amewo katã sie xɔse le o.+ 3 Ke nuteƒewɔlae Aƒetɔ la nye, ana mianɔ te sesĩe, eye wòakpɔ mia ta tso vɔ̃ɖitɔ la si me. 4 Gawu la, míeka ɖe mia dzi le Aƒetɔ la me be miele mɔfiame siwo míena mi la dzi wɔm, eye be miayi edzi awɔ wo. 5 Aƒetɔ la neyi edzi wòafia mɔ miaƒe dziwo dzidzedzetɔe ayi Mawu ƒe lɔlɔ̃+ kple dzidodo+ le Kristo la ta gbɔ.
6 Ke nɔviwo, míele mɔfiame sia nam mi le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be, miate mia ɖokui ɖa le nɔvi sia nɔvi si zɔna sakasaka la ŋu,+ ame si mezɔna ɖe nu siwo miexɔ* tso mía gbɔ nu la dzi o.+ 7 Elabena miawo ŋutɔwo mienya ale si wòle be miasrɔ̃ míi,+ elabena esi míenɔ mia dome la, míezɔ sakasaka o, 8 eye míeɖu nu le ame aɖeke gbɔ dzodzro o.+ Ke boŋ míeku kutri wɔ dɔ zã kple keli, be míaganye agba gã aɖeke na mia dometɔ aɖeke o.+ 9 Ŋusẽ le mía si be míada agba sia ɖe mia dzi hafi,+ gake be míatsɔ mía ɖokui aɖo kpɔɖeŋu na mi be miasrɔ̃ tae.+ 10 Eye le nyateƒe me la, esime míenɔ mia gbɔ la, míelɔ̃a se sia dede na mi be: “Ne ame aɖe medi be yeawɔ dɔ o la, megaɖu nu hã o.”+ 11 Elabena míese be ame aɖewo le zɔzɔm sakasaka le mia dome,+ eye womewɔa dɔ aɖeke kura o, ke boŋ wonɔa nu dem nya siwo meka wo o me.+ 12 Míele se dem na ame siawo, eye míele nu xlɔ̃m wo le Aƒetɔ Yesu Kristo me be, woawɔ dɔ kpoo, eye woaɖu nu siwo woawo ŋutɔwo wɔ dɔ kpɔ la.+
13 Ke nɔviwo, miawo la, migadzudzɔ nu si nyo la wɔwɔ o. 14 Ke ne ame aɖe meɖo to míaƒe agbalẽ sia me nyawo o la, mide dzesi ame sia eye midzudzɔ hadede kplii,+ ale be ŋu nakpee. 15 Ke hã migabui abe futɔ ene o, ke boŋ miyi edzi mianɔ nu xlɔ̃mee+ abe nɔvi ene.
16 Ke ŋutifafa ƒe Aƒetɔ la ŋutɔ nana ŋutifafa mi ɣeawokatãɣi le mɔ sia mɔ nu.+ Aƒetɔ la nenɔ anyi kpli mi katã.
17 Nye, Paulo ƒe gbedoname, si metsɔ nye ŋutɔ nye asi ŋlɔ,+ si nye dzesi le nye agbalẽ ɖe sia ɖe me, lae nye esi; aleae meŋlɔa nui.
18 Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ kpli mi katã.
Wogayɔnɛ be Sila.
Alo, “kple xaxa.”
Alo, “abe gbɔgbɔ aɖe gbɔe.” Kpɔ “Gbɔgbɔ,” le Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Kpɔ Megbenyawo A5.
Alo, “nable mi.”
Kpɔ Megbenyawo A5.
Kpɔ Megbenyawo A5.
Agate ŋu afia, “woxɔ.”